Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbledede Me Kuxiwo Nu Ayi

Agbledede Me Kuxiwo Nu Ayi

Agbledede Me Kuxiwo Nu Ayi

RODNEY si nye agbledela aɖe si ƒe ƒometɔwo ƒe dzidzime etɔ̃ sɔŋ nye agbledelawo gblɔ be: “Amesiwo menye agbledelawo o eye wòkpɔ kuxi siwo me tom agbledelawo le abia be nukatae amewo gadina kokoko be yewoade agble hã.” Ke hã ame miliɔn geɖe kpɔtɔ le agble dem le xexeame godoo. Le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me la, dɔwɔɖui geɖe manɔ anyi amewo natia o; agbledede ate ŋu ana ƒome aɖe nakpɔ eƒe gbesiagbenuɖuɖu ya teti.

Gake ƒome geɖewo sena le wo ɖokui me be agbledede menye dɔ si woawɔ akpɔ ga ko o, ke boŋ enye dɔ si wolɔ̃ kple woƒe dzi blibo. Ame gbogbo siwo kpɔtɔ le agble dem togbɔ be kuɖiɖi, dɔléle, ganyawo ƒe sesẽ, kple kuxi bubuwo doa kplamatse wo nye alesi wolɔ̃ agbledede hedina vevie be yewoatrɔ ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋu ƒe kpeɖodzi. Hafi míadzro agbledede me kuxiawo gbɔ kpɔnuwo me la, mina míade ŋugble le alesi wokpe ɖe agbledela aɖewo ŋu wonɔ te ɖe nɔnɔmea nui ŋu.

Alesi Agbledela Aɖewo Nɔ Te Ðe Kuxia Nui

Kuxi gbogbo aɖewo siwo nu womate ŋu asi le o ye le agbledede me. Ele be míade dzesii be míate ŋu aɖe kuxi siwo yame ƒe nɔnɔmewo, ganyawo, kple nɔnɔme bubuwo hena vɛ ɖa o. Nyatakaka aɖe si North Carolina Yunivɛsiti Nusɔsrɔ̃ le Adzɔge ƒe Ðoɖo Dzikpɔlawo ta gblɔ be: “Nɔnɔme aɖe si gɔme menya sena na agbledela geɖewo o enye alesi woƒe kutrikuku mehea dzidzedzekpɔkpɔ vɛ ɣesiaɣi o. Menye ɣesiaɣie nukpɔsusu si nye be dɔsesẽwɔla meɖoa ko o si woƒã ɖe agbledela ɖesiaɖe me hea viɖe siwo ƒe ŋugbe wòdo la vanɛ o. Le agbledela ɖesiaɖe gome la, nɔnɔme kple nudzɔdzɔ aɖewo li siwo ŋu mate ŋu awɔ naneke le o.” Agbledela tsitsi aɖe ƒo nu tso nusi na wogakpɔtɔ kpɔa dzidzɔ ŋu be: “Mesrɔ̃e be ele be matrɔ ɖe nusianu si nyemate ŋu aɖe ɖa o ŋu.”

Blemalododo aɖe gblɔ be: “Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.” (Nyagblɔla 11:4) Kakaɖedzimanɔamesi kple vedomesi tsitsi ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Asiɖeɖe le nukpɔsusu siwo ɖea dzi le ame ƒo ŋu ahawɔ afɔɖeɖe nyuiwo dzinɔameƒotɔe ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ.

Nu nyui ɖuɖu, gbɔɖeme si da sɔ, kple kamedede hã ate ŋu aɖe vi geɖe. The Western Producer ka nya be agbledela siwo wɔa nusiwo naa wonɔa lãmesẽ me lae “te ŋu wɔa nyametsotso nyuiwo.” Agbledela aɖe si ŋkɔe nye Eugene, kple srɔ̃a Candace gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Gbɔɖeme si da sɔ kpe ɖe mía ŋu míenɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu. Ne míeɖi ɖe eme nyuie la, kuxiwo megadzena nu gãwoe le mía ŋkume o eye wo gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe wu. Nu nyui ɖuɖu hã kpena ɖe ame ŋu, vevietɔ ne ƒomea katã ƒo ƒu ɖui ɖekae.” Aɖaŋuɖoɖo sia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be: ‘Ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo katã me. Mawu ƒe nunanae.’—Nyagblɔla 3:13.

Asikpekpe Ðe Ƒomea Ŋu

Agbledela aɖe gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Ehiã be agbledela geɖewo nawɔ dɔ bubuwo akpe ɖe agblededea ŋu hafi ate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Togbɔ be ɖe wole esia wɔm be woatsɔ aɖe ganyawo ƒe amemiamia dzi akpɔtɔe hã la, ete ŋu hea nuteɖeamedzi bubu siwo kuna ɖe ame nɔewo dome ƒomedodowo ŋu vɛ. Ƒome aɖewo siwo dome nɔ kplikplikpli tsã le agblea dzi dome ma fifia.” Alekee ƒomewo ate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔe?

Ƒe 2,700 aɖewoe nye si va yi la, woxlɔ̃ nu ƒome ƒe tawo be: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble, emegbe [nàtu wò ƒomea ɖo].” (Lododowo 24:27) Randy, si nye vifofo kple agbledela si ƒe ƒometɔwo ƒe dzidzime ene sɔŋ nye agbledelawo gblɔ be: “Agbagbadzedze aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ƒomea me tɔ bubuwo le vevie ŋutɔ. Ƒomea me tɔ ɖesiaɖe hiã dzideƒoname kple lɔlɔ̃. Nya kple nuwɔna fadzinamewo naa amesiame sena le eɖokui me be yele vevie eye be wokpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu.”

Ðeviwo koŋ hiã dzideƒoname ne wowɔ tɔtrɔ gãwo le ƒomea me. Wotsɔ nubuɖeame ƒe seselelãme si ɖea fu na ɖeviwo ne ƒomea ƒe agble ge le wo si sɔ kple ɖevi siwo dzilawo gbe wo nɔewo alo ku la ƒe seselelãme. Ehiã be woana woanya be menye wo gbɔe kuxia tso o eye be nɔnɔmea magblẽ ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ me o.

Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Agbledela siwo dzi nu te ɖo te ŋu saa wo ɖokui ɖe aga, woɖea wo ɖokui ɖa le wo xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã ŋu. (Lododowo 18:1) Gake nuteɖeamedzi ƒe ɣeyiɣiwo boŋ mee wohiãa ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe!

Ðe xɔlɔ̃ alo wò aƒelika aɖe le fu kpem le agbledede me kuxiwo taa? Eɖeɖefia amesiawo be yesea veve ɖe wo ti ɖeɖe dzaa gɔ̃ hã ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Agbledela aɖe si ŋkɔe nye Ron gblɔ be: “Nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele si mía xɔlɔ̃wo nya la ɖeɖe gɔ̃ hã faa akɔ na mí.” Ẽ, wɔ afɔɖeɖea nàɖasrã xɔ̃wòwo kpɔ eye nàɖo to esime wole nu ƒom tso nusiwo me tom wole ŋu.

Sasrãkpɔ mawo tɔgbe ɖe vi na Jack. Egblɔ be: “Dzi dzɔam ne meɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me xɔ̃nyewo de dzesii be nu te ɖe dzinye eye wova srãm kpɔ lɔlɔ̃tɔe hede dzi ƒo nam la dzi.” Mehiã be ame nanya nu tso agbledede ŋu nyuie hafi ate ŋu ado ŋusẽ ame o. Rodney, si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Nyateƒe si wònye be xɔ̃nyewo nya be dɔ si le dzinye la sɔ gbɔ la ɖeɖe doa ŋusẽm henaa medina vevie be mawɔ nusi mate ŋui.” Ena míeɖo ŋku Biblia me lododo sia dzi be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Kuxia Gbɔ Kpɔnu Mavɔ

Kpeɖodzi geɖe siwo ɖee fia be ŋutete mele amegbetɔ ŋu be wòakpɔ anyigbaa kple edzinuwo ta o la dometɔ ɖeka koe agbledede ƒe kuxia nye. Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Edze ƒã be amegbetɔ hiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Eye kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be kpekpeɖeŋu sia le mɔ dzi gbɔna.

Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.” (Mose I, 2:15) Ẽ, mía Wɔla la ŋutɔ ƒe sedede mee agbledede dzɔ tso! Ƒe alafa geɖewo megbe la, Mawu kplɔ eƒe dukɔ Israel va Kanaan-nyigba dzi. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ tso anyigba ma ŋu be: “[Enoa] tsi, si dza tso dziƒo; anyigba, si Yehowa, wò Mawu, léa be na, eye Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋku le eŋu tso ƒe la ƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu.” (Mose V, 11:11, 12) Azɔ hã Yehowa na se siwo kpɔ Ŋugbedodonyigbaa ta tso edomegbegblẽ me. Le kpɔɖeŋu me, wode se na Israel-viwo be woagblẽ woƒe anyigbawo, weingblewo, kple amitigblewo ɖi woato azu afuti le ƒe adre ɖesiaɖe megbe. (Mose II, 23:10, 11) Esia wɔnɛ be anyigbaa kpɔtɔ wɔa nu.

Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si gbɔna—si nye dziƒodziɖuɖu si ƒe dziɖula nye Yesu Kristo—te la, anyigbaa awɔ nu ale gbegbe. (Yesaya 35:1-7) Esime Yesu Kristo, si nye Fiaɖuƒe sia ƒe Dziɖula si wotia, nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be ŋutete le ye si be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽ siwo gblẽa nu le agbledede ŋu la dzi. (Marko 4:37-41) Psalmo 72 lia ƒo nu tso nɔnɔme si anɔ anyi ne wòzã ŋusẽ sia tsɔ yɔ dɔ anyigbaa kple edzinɔlawo. Ena kakaɖedzi mí be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.” (Psalmo 72:16) Agblemenu gbogbo siwo teƒe míekpɔ kpɔ o, siwo woatsɔ dzidzɔ gã axa la, le Mawu ƒe amewo lalam le xexe yeye ma si ƒe ŋugbe wodo la me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Nɔnɔme aɖe si gɔme menya sena na agbledela geɖewo o enye alesi woƒe kutrikuku mehea dzidzedzekpɔkpɔ vɛ ɣesiaɣi o”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ƒomea me tɔwo ƒe seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe nɔnɔmea nu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le Mawu ƒe dziɖuɖu te la, anyigbaa awɔ nu eteƒe makɔ o

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Garo Nalbandian