Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kadodo—Ele Vevie na Nu Gbagbe Vovovo Siwo Le Anyigba Dzi

Kadodo—Ele Vevie na Nu Gbagbe Vovovo Siwo Le Anyigba Dzi

Kadodo​—Ele Vevie na Nu Gbagbe Vovovo Siwo Le Anyigba Dzi

ESI Julie nye vidzĩ la, edzilawo nɔ mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si woase wòake nu agblɔ eƒe nya gbãtɔwo. Julie dada gblɔ be: “Dzidzɔ si wònyena na dzilawo be woase vidzĩ nagblɔ ‘Dada’ kple ‘Papa’ nye esi tɔgbe dzila aɖeke mate ŋu aɖɔ wòade edeƒe o. Zi gbãtɔ si Julie yɔm be ‘Dada’ la, ewɔ nam abe ɖe wòkpla aƒe abɔ suea ɖe kɔ nam ene hele gbɔgblɔm nam be: ‘Wòe nye nɔnye. Melɔ̃ wò, eye medi be maƒo nu kpli wò.’ Manɔ ŋku ɖom ɣeyiɣi tɔxɛ ma dzi ɣesiaɣi.” Nyateƒee, nunana xɔasi ŋutɔe ŋutete si le mía si be míaƒo nu kple mía nɔewo la nye vavã!

Gake menye amegbetɔwo koe nye nuwɔwɔ siwo si ŋutete le be woado ka kple wo nɔewo o. Kadodomɔnu wɔnuku aɖe le lãwo hã si togbɔ be lãmenusese koŋue kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi hã. Le kpɔɖeŋu me, ne xe siwo woyɔna be emperor penguin le Antarctica, anyigba si dzi sno le, la le asi yɔm wo nɔewo la, nusi wowɔna ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na vuvɔŋɔli ƒe sia ƒe enye be woanɔ xɔxlɔ̃m ɖe wo nɔewo—gake menye dzodzroe o. Vi si xetsu kple nɔea aƒo la ƒe agbe nɔ te ɖe esia dzi. Le mɔ ka nu?

Ne nɔea ɖɔ azi la, etsɔnɛ naa atsua wòdenɛ aziƒogolo tɔxɛ aɖe si le eƒe akɔnu me be wòaƒo, esime nɔea ya yia atsiaƒu dzi va nɔa nuɖuɖu dim be yeaɖu. Le ŋkeke 65 lɔƒo megbe la, atrɔ agbɔ esi wòva tsa le sno dzi hete eƒe akɔnu le snoa dzi le eƒe mɔzɔzɔ si ade kilometa 150 megbe. Alesi wòawɔ akpɔ ƒuƒoƒo si me wònɔ hafi dzo la nye nukunu, gake aleke wòawɔ ake ɖe atsua kple via si woƒo yeyee ŋu le xe akpeakpe geɖe siwo katã le xɔxlɔ̃m la dome? Le xeawo ƒe asiyɔɣi la, wo dometɔ ɖesiaɖe léa srɔ̃a ƒe gbe alo xɔxlɔ̃ ɖe tame nyuie ale gbegbe be le kaklã tso wo nɔewo gbɔ ɣleti geɖe megbe gɔ̃ hã la, wote ŋu dea dzesi woƒe kpeɖeŋutɔ ƒe xɔxlɔ̃ hekena ɖe wo nɔewo ŋu!

Hekpe ɖe mɔnu wɔnuku geɖe siwo lãwo tsɔ doa ka kple wo nɔewoe ŋu la, wogazãa alesi woʋãa wo ɖokui, woƒe amadede ɖedzesiwo, keklẽ, kple ʋeʋe tɔxɛwo. Eye togbɔ be esia awɔ nuku na wò hã la, kadodo te ŋu nɔa numiemiewo gɔ̃ hã dome wodoa ka kple lã aɖewo gɔ̃ hã, abe alesi míava kpɔe ene. Ẽ, kadodo le vevie ŋutɔ na agbe wɔnuku ƒomevi vovovo siwo hiã wo nɔewo le anyigba dzi bene woate ŋu anɔ anyi.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe akpee ku ɖe kadodomɔnu wɔnuku vovovo siwo li le míaƒe xexeame godoo ŋua? Eye ɖe nèdi be yeaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe afia ɖe dzeɖoɖoŋutete si le asiwò ŋu ahana wòaganyo ɖe edzi gɔ̃ hã? Nyati siwo kplɔe ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Aleke xe si nye “emperor penguin” nɔea wɔna hafi kena ɖe atsua ŋu?