Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kadodo Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mee

Kadodo Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mee

Kadodo Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mee

LE NUWƆWƆ siwo katã le anyigba dzi dome la, amegbetɔwo mee hiahiã le be woaƒo nu kple ame bubu aɖe tsɔ wu woa kple wo nɔewo ɖeɖeko. Dukɔ ka mee ame aɖe tso o, ɖoƒe kae ɖale esi o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, alo aleke kee wòɖanya agbalẽe o, amegbetɔwo ɖee fia be didi sẽŋu aɖe le yewo me be yewoaƒo nu kple ŋusẽtɔ aɖe, si nye Mawu.

Aʋatsodzixɔse manyatalenu aɖe koe nya ma nyea? Gbeɖe! Abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Ede gbɔgbɔmeŋutete aɖe mía me. Esia ƒe ɖee nye didi be míaƒo nu kple mía Fofo si le dziƒo. (Mose I, 1:27; Mateo 5:3) Le nyateƒe me, Mawu bua nuƒoƒo kple eyama nu vevii ale gbegbe be woyɔnɛ be ‘Gbedodoɖasela.’—Psalmo 65:3.

Bubu ka gbegbee nye esi wònye na mí be míado gbe ɖa na Ŋusẽkatãtɔ la! Ame geɖe abui mɔnukpɔkpɔ gã aɖe be woaƒo nu kple bubume tɔxɛ aɖe, le kpɔɖeŋu me, dukplɔla alo dukɔa ƒe tatɔ. Ke hã Yehowa Mawue nye ame kɔkɔtɔ kekeake le xexeame katã! Eye mehiã be míaɖo gbe ɖi hafi aƒo nu kplii o. Míate ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi, eye le afisiafi. Míate ŋu aƒo nu na Mawu le míaƒe dzime kura gɔ̃ hã. (Samuel I, 1:12-15) Gake Yehowa di tso mía si be míaɖi anukware ahaɖo to ye. (Mixa 6:8; Mateo 6:5-13) Ne èbu eŋu kpɔ la, dzeɖoɖo nyea ame eve ƒe nuwɔna, alo menye alea wòle oa?

Ðe Nèɖoa To Mawua?

Aleke woɖoa to Mawui? Mɔ vevitɔ enye nufiafia siwo le eƒe Nya si woŋlɔ, Biblia Kɔkɔe la xexlẽ kple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me. (Timoteo II, 3:16; Petro II, 1:20, 21) Yesu gblɔ be: “[Ame anɔ agbe] . . . ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Ðe nèɖoa to Mawu to eƒe Nya si woŋlɔ la xexlẽ kple edziwɔwɔ mea?

Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo ƒoa nu kplii edziedzi la ŋu eye wokpɔa “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta.” (Filipitɔwo 4:6, 7; Lododowo 1:33) Agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba, si me dzimaɖitsitsi kple fukpekpe siwo teƒe míekpɔna egbea manɔ o ƒe mɔkpɔkpɔ hã sua wo si. (Psalmo 37:29; Yohanes 17:3) Teƒeɖoɖo nyui ka gbegbee nye esi wònye be woawɔ kadodo nyuitɔ kekeake si wɔ nuku ŋudɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nuƒoƒo kple Mawu lɔ Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa ɖe eme