Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kadodo Siwo Yia Edzi le Míaƒe Xexeame

Kadodo Siwo Yia Edzi le Míaƒe Xexeame

Kadodo Siwo Yia Edzi le Míaƒe Xexeame

“Kadodo manɔmee la, ɖeko amesiame atsi akogo anɔ abe ƒukpo saɖeaga aɖe si metsɔ bubuawo gbɔ o ene.”—The Language of Animals.

LÃWO ƒe ƒuƒoƒo ɖesiaɖe ate ŋu anɔ nu ƒom na wo nɔewo vevie le avekɔe, dzogbenyigba, alo le wò ŋutɔ wo abɔ gɔ̃ hã me. Agbalẽ si nye The Language of Animals gblɔ be: “Lãwo zãa lãmenusenu ɖesiaɖe, ŋutinu aɖewo ʋaʋã kple wo ɖoɖo ɖe ɖoɖo aɖe nu; nyatakaka suesuewo ɖoɖo ɖa kple wo xɔxɔ—alo esiwo mele sue nenema gbegbe o abe le lã wɔadã aɖewo siwo ŋɔdzi lé gome ene—ʋeʋẽ tsɔtsɔ wɔ dzesii; gbeɖeɖe, wowó, xɔxlɔ̃; alesi woɖoa elektrikŋusẽ ɖa alo xɔnɛ; alesi woƒe afi aɖe kea dzoe me; ŋutigbalẽ ƒe amadede tɔtrɔ, ‘ɣeɖuɖu;’ kple afɔkli tutu anyi kpakple alesi wonana woƒe afɔzi ɖina le kadodo kple wo nɔewo me.” Gake nukae dzesi siawo katã wɔwɔ fia?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe gɔmesese si le dzesi siwo lãwo wɔna ŋu to ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie me. Le kpɔɖeŋu me, wova de dzesii be ne koklo kpɔ lãlénu si zɔna le anyigba, abe kɔkɔbu ene la, exlɔ̃na sesĩe wòɖina kuk, kuk, kuk tsɔ naa nyanya etɔ bubuawo. Gake ne ekpɔ aʋako la, exlɔ̃na sesĩe zi ɖeka pɛ ko wòtoa vovo na xɔxlɔ̃ gbãtɔ. Xɔxlɔ̃ ɖesiaɖe naa nyanya si bia nuwɔwɔ kpata si sɔ kple afɔkua eye esia ɖee fia be xeawo doa ka kple wo nɔewo le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Wode dzesii be xe bubu aɖewo hã ɖoa nyanyanana vovovo siawo tɔgbe ɖe wo nɔewo.

Agbalẽ si nye Songs, Roars, and Rituals gblɔ be: “Mɔ vevi ɖeka aɖe si dzi woato asrɔ̃ nu tso lãwo ƒe kadodo ŋu enye be woalé woƒe nyanyanana tɔxɛa ɖe mɔ̃ dzi eye woaƒoe na wo emegbe akpɔe ɖa nenye be woawɔ nu ɖe eŋu le mɔ ɖeka tɔgbe aɖe nu hã.” Dodokpɔ siwo wowɔ le koklo aɖewo gome wɔ ɖeka kple esiwo wowɔ le gbemelã aɖewo gome. Mɔnu sia wɔ dɔ le yiyiwo gɔ̃ hã gome. Be numekulawo nanya nusi tututu hea yiyinɔ ɖe yiyitsu si di be yeayɔ asi—si dzea agbagba be yeawɔ akɔ le yiyinɔa ŋkume to eƒe ŋgɔgbefɔ siwo ŋu fu le kedzekedze ʋuʋu me—ŋu la, wolé yiyitsu ƒe nuwɔna la ɖe video dzi heɖe eƒe afɔ ŋuti fuawo ɖa le mɔ̃a dzi. Esi woƒo videoa na yiyinɔa la, enumake yiyinɔa megadi be yeate ɖe atsua ŋu kura o. Nukae esia fia? Edze ƒã be nusi koŋ hea yiyinɔwo ɖe yiyitsuwo ŋu enye woƒe afɔ ŋu fu kedzekedze si woʋuʋuna la!

Ʋeʋẽ Tsɔtsɔ Wɔ Dzesii

Lã geɖewo wɔa dzesi na wo nɔewo to alesi wotua lãmetsi aɖe ƒomevi si si ʋeʋẽ sẽŋu aɖe le, si woyɔna be pheromone, eye zi geɖe la, esia tsoa lãmenu tɔxɛ aɖewo me, alo dona le woƒe aɖuɖɔ alo mi me. Abe alesi ame aɖewo tɔa kpɔ ɖe woƒe aƒe ŋu heŋlɔa woƒe ŋkɔ alo xexlẽdzesi ɖe kpɔtɔtɔa ŋu wònyea amesi tɔ aƒea nye ɖeɖe fia ene la, ʋeʋẽ sẽŋu ma dea dzesi lã aɖewo, siwo dome avu kple dadiwo le, heɖea nuto si nye wo tɔ fiana. Togbɔ be womekpɔnɛ o hã la, dzesidedenu ƒe mɔnu nyui sia kpena ɖe lã ƒomevi aɖewo ŋu be woanɔ adzɔge ɖaa tso wo nɔewo gbɔ.

Gake menye dzesi koe pheromone dena anyigbamama o. Wole abe gbeƒãɖeʋuƒo siwo lãwo tsɔa didi vevie “xlẽna” ene. Agbalẽ si nye How Animals Communicate gblɔ be ʋeʋẽ ƒe dzesi “anya lɔ nuto si me lã la le ŋuti nyatakaka geɖe, abe ƒe si wòxɔ, ne atsua alo nɔea ye, eƒe ŋusẽ kple ŋutete bubuwo, [kple] lã la ƒe vidzidziŋutete ene ɖe eme . . . Nyatakaka vevi siwo ku ɖe lã ma ɖeɖeko ŋu nɔa eƒe ʋeʋẽa me.” Eme kɔ be lã aɖewo bua woƒe ʋeʋẽ ƒe dzesia nu vevii—eye lãwokpɔƒedzikpɔlawo nya esia nyuie. Ne lãwokpɔƒedzikpɔlawo klɔ lãkpowo alo woƒe kpɔtɔtɔwo me vɔ la, wokpɔnɛ be lã geɖewo gawɔa nusi dea dzesi wo nɔƒea enumake. Nyateƒee, agbalẽ si míeyɔ va yi gblɔ be: “Lãa ŋutɔ ƒe ʋeʋẽ si maxɔ teƒea o ate ŋu ana wòaxa nu vevie ahatrɔ eƒe nɔnɔme eye wòagblẽ nu le eƒe vidzidziŋutete ŋu gɔ̃ hã.”

Pheromone wɔa akpa vevi aɖe le nudzodzoeviwo hã gome. Le kpɔɖeŋu me, pheromone si wotsɔ naa nuxlɔ̃ame le afɔku ŋu ʋãa wo be woaʋu alo woawɔ nu ɖe amedzidzedze aɖe nu. Pheromone si wotsɔ kpea wo nɔewo be woaƒo ƒu lae hea wo ɖekaɖeka ɖe nuɖuɖu alo atɔ nyui aɖe ŋu. Ʋeʋẽ ma kee wotsɔ yɔa asii hã, si lã aɖewo sena le wo ɖokui me vevie. Ŋutinu lɛlɛ eve siwo tona ɖe ŋgonu abe dzo sue beli ene le agbagblaʋui siwo nɔa ɖeti me la si. Ŋutinu siawo wɔa dɔ ale gbegbe be woate ŋu ade dzesi nɔea ƒe pheromone me nu suetɔ kekeake! Lãmetsi me nu suesue ƒe agbɔsɔsɔ 200 ye aʋã atsua wòate nɔea didi. Gake menye lãwo ɖeɖekoe wɔa lãmetsi ŋudɔ tsɔ doa ka kple wo nɔewo o.

Numiemie Siwo “Ƒoa Nu”

Ènyae be numiemiewo ate ŋu aɖo nya ɖe wo nɔewo alo ɖe lã aɖewo gɔ̃ hãa? Magazine si nye Discover ka nya ta be numekula siwo le Netherlands de dzesii be ne yiyi dzẽwo ge ɖe ayi ƒomevi aɖe me la, ayiawo tua tsi si ƒe ʋeʋẽ nugbagbevi bubu siwo te ŋu ɖua yiyi dzẽ mawo sena ale be wova léa yiyiawo ɖuna. Nenema ke ne ŋɔviwo ge ɖe bli, atama, kple ɖetiti me la, wotua tsi si ƒe ʋeʋẽ yɔa ʋaʋãwo—si nye ŋɔviwo ƒe futɔ gãtɔ. Numekula aɖe gblɔ be: “Menye ɖe numiemiewo lɔ̃na ɖe edzi be, ‘Ẽ, wode abi mía ŋu’ ko o, ke wogblɔna nusi tututu le nu gblẽm le wo ŋu hã tẽ. Enye nusi gɔmesese sesẽ eye wòwɔ nuku ale gbegbe.”

Kadodo si nɔa numiemie aɖe kple numiemie bubu dome hã wɔ nuku nenema ke. Discover gblɔ be numekulawo “lé ŋku ɖe ati ƒomevi vovovo siwo nye willow, poplar, alder, kple birch ŋu hekpɔe be atiawo nɔa to ɖom wo nɔewo eye lu fẽwo hã nɔa to ɖom wo nɔewo nenema ke. Le numiemieawo dometɔ ɖesiaɖe gome la, eɖanye abie wode eŋu, alo ŋɔe ɖui, alo dɔléle bubu aɖee ge ɖe eme, [alo] yiyiwoe de dɔ wo me o, . . . wotua tsi si naa nyanya numiemie bubu siwo te ɖe wo ŋu ale be wowɔa wo ɖokui takpɔtikewo.” Numiemie bubu ƒomeviwo gɔ̃ hã wɔna ɖe nyanyanana mawo dzi.

Ne nane dze numiemie aɖe dzi alo wòxɔ nyanyanana tso bubu gbɔ la, etrɔna ɖe eɖokui takpɔnu wɔwɔ ŋu. Esiawo ƒe ɖewoe nye alesi wotua aɖi siwo wua nudzodzoeviwo alo atike siwo doa kplamatse alo xea mɔ ɖe wo nu be womete ŋu ɖua numiemiea o. Numekuku siwo woagava wɔ le nudodzidzɔname siawo ŋu ate ŋu ana woake ɖe nu wɔnuku geɖewo ŋu, si ƒe ɖewo ate ŋu aɖe vi le agbledenyawo gɔ̃ hã me.

Keklẽ Zazã Tsɔ ‘Ðo Nya Ðae’

Susan Tweit, amesi nye nu gbagbewo ŋuti nusrɔ̃la, ŋlɔ nu tso zãdzoe ŋu be: “Woƒe keklẽ suesue siwo nɔa yame le ɣletiviwo ŋgɔ nyea nusi ɖoa atsyɔ na míaƒe kɔƒenutowo eye wònaa wonya kpɔna ale gbegbe.” Tweit gblɔ be nudzodzoevi sia si nye adoŋgo ƒomevi aɖe la zãa keklẽ tsɔ ɖoa nya ɖa “to alesi wosia dzo le mɔ bɔbɔe aɖe nu wònyea kaklãnana va ɖo keklẽ si wotsɔ yɔa wo nɔewo le nukumɔ aɖe nu le asiyɔyɔ me dzi.” Dzo si wosina ƒe amadede nɔa vovovo tso esi le abe gbemu kple yelo kpakple aŋutiɖiɖi ene dzi. Esi nɔeawo melɔ̃na dzona o ta la, zi geɖe keklẽ siwo míekpɔna nyea atsuawo tɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “Zãdzoe ƒe Akaɖi Fafɛ La.”

Dzosisi ƒe mɔnu tɔxɛ aɖe le zãdzoe, siwo wogayɔna be kedzokedzo, ƒomevi vovovo 1,900 si. Woate ŋu anye dzosisi ƒe mɔnu etɔ̃, ɖeka nye esi klẽna gatsina le sɛkɛnd ɖeka dome, alo esi klẽna trina ɖe enu kple esi ƒe didime nɔa vovovo. Ne atsua le nɔea dim la, esia eƒe asiyɔdzoa. Magazine si nye Audubon gblɔ be: “Nɔea wɔa nu ɖe keklẽa nu, hetsɔa eya ŋutɔ ƒe dzo si nye ‘Mele afisia’ ɖoa eŋu, si wòsina le dometsotso si nɔ te ɖe esi ƒomevi wònye dzi.” Atsua dea dzesi nɔea ƒe yɔyɔ le adzame alea eye wòdzona yia egbɔ.

Xe Siwo Nye Hadzila Bibiwo

David Attenborough gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Life of Birds me be: “Lã bubu aɖeke ƒe hadzidzi mate ŋu ade xewo tɔ nu le eƒe didime, eƒe ɖiɖi vovovoe, kple alesi wòwɔ nukui la nu o.” Menye vehlo mee xewo ƒe hadzidzi ɖina le o ke boŋ tso ŋutinu aɖe si woyɔna be syrinx, si le xea ƒe akɔta si te ɖe afisi eƒe vehlo ma ɖe eve hafi ge ɖe dzitodzitowo me la mee.

Xewo nyia hadzidzi ƒe ŋutete dome eye wosrɔ̃a akpa aɖe tsoa wo dzilawo gbɔ. Eyata gbeɖiɖi ɖeka ŋugbe aɖe ate ŋu anɔ xe siwo le nuto aɖe me si gɔ̃ hã. The Life of Birds gblɔ be: “Ʋãyiʋãyi siwo wotsɔ yi Australia le ƒe alafa wuiasiekelia me be woƒe xɔxlɔ̃ nado dzidzɔ na Europatɔ siwo ʋu yi afima bene woanɔ xɔxlɔ̃ siwo wosena le aƒe sem la ƒe dzidzimeviwo ƒe xɔxlɔ̃ va trɔ wòzu Australia tɔawo ƒe gbe.” Xe si woyɔna be Lyrebird ƒe atsua, si wogblɔna be eƒe hadzidzie wɔ nuku eye wònya sena wu le xewo dome la, srɔ̃a eƒe hadzidziwo katã kloe tsoa xe bubuwo gbɔ. Le nyateƒe me la, xe bubuwo sɔsrɔ̃ ƒe ŋutete le lyrebird si ale gbegbe be ate ŋu asrɔ̃ gbeɖiɖi ɖesiaɖe kloe si wòase—le kpɔɖeŋu me, haƒonuwo, avuwo ƒe wowó, mɔ̃ siwo ƒe ɖiɖi nyaa fiafiwo ɖa, nake fefe ƒe ɖiɖi, kple fotoɖemɔ̃ ƒe ɖiɖi gɔ̃ hã! Nusi koŋ tae wolɔ̃a gbeɖiɖiwo sɔsrɔ̃ aleae nye be woatsɔ awɔ nu be wòalé dzi na woƒe kpeɖeŋutɔ si wogbɔna asi yɔ gee la.

Ƒoatiƒoati, siwo zãa woƒe dɔwo tsɔ ŋɔa do ne wole nuɖuɖu dim lae nye xe siwo ƒe dɔtɔtɔ nu nya sena wu le xewo dome, eye wotɔa dɔ atikpo si me do le alo atilɔ tsɔ ɖoa nya ɖe xe bubuwo. Attenborough gblɔ be wo dometɔ aɖewo “trɔ ɖe dɔwɔnu yeye si wɔ nuku gɔ̃ hã ŋu . . . , wotɔa dɔ zingli si wotsɔ gba xɔe alo dzudzɔtoƒe si wotsɔ ga wɔe kura gɔ̃ hã.” Xewo ƒoa nu na wo nɔewo to nuwɔna si wokpɔna kple ŋku hã me, eye hadzidzi kpena ɖe eŋu alo hadzidzi manɔmee. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ dzesi na wo nɔewo to woƒe aʋalãfu dzeaniawo me keke me.

Ne Australia ƒe ako ƒomevi aɖe ƒe atsua le nyanya nam ku ɖe nuto si me wòle ŋu la, ewɔa nu vovovowo—etɔa dɔ nu, etea gbe, ezɔna ɖe ɖoɖo aɖe nu, eye wòkea eƒe fuwo me atsyãtɔe. Eŋea atilɔ si dze eŋu, helénɛ kple eƒe afɔwo, eye wòtsɔnɛ xlãna ɖe atikpo ƒuƒu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ekea eƒe aʋalawo me, eʋuʋua eƒe akɔta, eʋaa ta, eye wòxlɔ̃na sesĩe—wònyea nukpɔkpɔ dzeani vavã!

Lã bubu aɖewo sea xewo ƒe xɔxlɔ̃ gɔme. Bu xevi si woyɔna be honey guide, si nye xe sue aɖe si le Afrika ŋu kpɔ. Abe alesi eƒe ŋkɔ fia, si nye anyitsimɔfiala ene la, xe sia tsɔa eƒe xɔxlɔ̃ tɔxɛa kplɔa ratel, si nye xɔfie ƒomevi aɖe, yia afisi anyitsi le. Ne xevia va ɖo atia gbɔ alo te ɖe eŋu mlɔeba la, exlɔ̃na bubui, abe ɖe wòle gbɔgblɔm be, “Anyitsia le afisia!” ene. Ratel la tena ɖe atia ŋu, etsɔa fe ŋɔa do ɖe atikpoa ŋu eye wònyia anyitsi vivi la.

Nuƒoƒo le Ƒugɔme

Tso esime woto nyasemɔ̃ siwo wotsɔ sea nu le atsiaƒu gɔme vɛ la, gbeɖiɖi vovovo siwo ɖina le atsiaƒu gɔme la wɔ nuku na numekulawo ale gbegbe. Tso gbetete suewo dzi va ɖo xɔxlɔ̃ siwo ɖina abe dadi kple xewo tɔ ene dzi, nye gbeɖiɖi siwo bɔ ɖe atsiaƒu gɔme ale gbegbe be ƒugɔmedelawo le agbagba dzem be yewoawɔ wo ŋudɔ atsɔ aflu mo na gbeɖiɖi siwo woa ŋutɔwo wowɔna le ƒugɔme. Gake tɔmelãwo ƒe gbeɖiɖi hã le ɖoɖo aɖewo nu. Robert Burgess, amesi nye ƒugɔmenugbagbewo ŋutinunyala, ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Secret Languages of the Sea me be: “Tɔmelã aɖe ‘ate ŋu ate gbe, axlɔ̃ abe koklonɔ si le viawo kplɔm ene eye wòawó abe avu ene,’ eye wòagawɔ gbeɖiɖi ma pɛpɛpɛ, eye bubuwo ate ŋu ‘aɖe gbe si ɖi alesi wofea ati, alesi wofoa nui, kple alesi ga lilia wo nɔewo ŋui’ eye wowɔnɛ zi geɖe.”

Esi gbeɖiɖikawo mele tɔmelãwo si o ɖe, aleke wote ŋu xlɔ̃nae? Burgess gblɔ be, wo dometɔ aɖewo wɔa lãkusi “siwo katã ƒo xlã woƒe yagoe si nana wote ŋu ƒua tsi ŋudɔ be wòaxlɔ̃” abe alesi ʋuƒoƒo le ene. Tɔmelã bubuwo ɖua aɖukli alo ʋua woƒe alɔxatsa eye wogamiãnɛ wòɖina sesĩe. Ðe esiawo katã nye “gbeɖiɖi” dzro aɖe koa? Kura o. Burgess gblɔ be abe alesi wòle le lãwo gome ene la, tɔmelãwo hã wɔa gbeɖiɖiwo ŋudɔ “tsɔ hea atsua alo nɔea ɖe wo ɖokui ŋu, alo tsɔ kpɔa wo ɖokui ta tso futɔwo si me, kpakple le kadodo kple wo nɔewo kple ŋɔdzidodo na bubuwo me.”

Nusese ŋutete nyui aɖe hã le tɔmelãwo si. Le nyateƒe me la, to kpakple ŋutinu siwo sea nu abe to ene le tɔmelã ƒomevi vovovowo si siwo le woƒe axawo ƒe domedome fli me tututu. Lãmenugbagbevi siwo le woƒe ŋutilã ƒe akpa sia te ŋu sea gbeɖiɖi siwo le ƒugɔme.

Kadodomɔnu si Ðe Dzesi Wu le Anyigba Dzi

Noam Chomsky, amesi nye gbeŋutinunyalagã ŋlɔ be: “Ne míele nu srɔ̃m tso amegbetɔwo ƒe gbewo ŋuti la, míeva kena ɖe nusi ame aɖewo yɔna be ‘amegbetɔwo ƒe akpa vevitɔ,’ si nye susu ƒe nɔnɔme vevitɔwo, si ŋu míeke ɖo va ɖo fifia, si ɖe dzesi wu le amegbetɔwo gome ŋu.” Barbara Lust, amesi nye gbegbɔgblɔ kple amegbetɔwo ƒe tsitsi ŋutinunyalagã gblɔ be: “Gbewo kple gbeŋutise ŋuti sidzedze wɔnuku aɖe sua ɖevi siwo xɔ ƒe 3 si kaba wòwɔ nuku eye wòsɔna ale gbegbe be asesẽ ŋutɔ be woato eŋutinunya ɖesiaɖe si li fifia dzi aɖe alesi wowɔ wòsu wo si mee.”

Gake Biblia na mí amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ ŋuti numeɖeɖe si me kɔ. Eƒo nu tso nunana sia ŋu be Wɔla, Yehowa Mawu, amesi wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe “nɔnɔme” nu, gbɔe wòtso. (Mose I, 1:27) Gake aleke mawumenɔnɔmewo dzena le míaƒe gbegbɔgblɔ ŋutetewo mee?

Le kpɔɖeŋu me, bu ŋkɔnana nu ŋu kpɔ. Nuƒoƒo ƒe kadodo ŋuti nunyalagã Frank Dance ŋlɔ be amegbetɔwo “koe nye nuwɔwɔ siwo te ŋu naa ŋkɔ nuwo.” Ema nye Mawu ƒe nɔnɔme si dze le Ŋɔŋlɔawo me. Le nuwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi ƒe gɔmedzedzea me la, Biblia gblɔ na mí be Mawu yɔ “kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã.” (Mose I, 1:5) Le Yesaya 40:26 la, Mawu ŋutɔ na ŋkɔ ɣletivi ɖesiaɖe—ŋutete wɔnuku aɖee nye ma!

Esi Mawu wɔ Adam vɔ la, dɔ gbãtɔ siwo wònae dometɔ ɖekae nye be wòana ŋkɔ lãwo. Aleke dɔdasi sia ana Adam nawɔ eƒe ŋkuléleɖenuŋu kple nutotovɛ ƒe ŋutete ŋudɔ enye esi! Emegbe Adam na ŋkɔ srɔ̃a be Xawa. Nyɔnua hã va yɔ wo vi gbãtɔ be Kain. (Mose I, 2:19, 20; 3:20; 4:1) Tso ema dzi la, amegbetɔwo mehena ɖe megbe le ŋkɔnana nusiwo wokpɔna me o—eye wowɔa esiawo katã be woate ŋu ado ka kple wo nɔewo bɔbɔe. Ẽ, bu alesi wòasesẽe be míaƒo nu na mía nɔewo ahase egɔme ne ɖe ŋkɔwo mele nuwo si o ŋu kpɔ.

Tsɔ kpe ɖe ŋkɔnana nuwo ƒe ŋutete kple esia wɔwɔ ƒe didi si le amegbetɔwo me ŋu la, kadodo ƒe mɔnu bubu vovovowo le wo si, ke menye nuƒoƒo ɖeɖe ko o. Nyateƒee, seɖoƒe meli na nusiwo míate ŋu agblɔ na mía nɔewo, tso nukpɔsusu siwo gɔmesese sesẽ dzi va ɖo seselelãme suesuewo dzi o. Ke hã kadodomɔnu aɖe li si ƒo esiawo katã ta, abe alesi míegbɔna ekpɔ ge ene.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

ZÃDZOE ƑE AKAÐI FAFƐ LA

Eletrik-kaɖi goe gblẽa elektrik-ŋusẽ alafa memama 90 kple edzivɔ dome wòzua dzoxɔxɔ hafi klẽna. Zãdzoe ƒe akaɖi, si tsoa eƒe lãmetsi ƒe dɔwɔwɔ wɔnuku aɖe gbɔ, ya wɔa ŋusẽ alafa memama 90 va ɖo 98 ŋudɔ, eye megblẽa eƒe ŋusẽ aɖeke dome le dzoxɔxɔ me o. Le esia ta woyɔe wòsɔ be enye akaɖi fafɛ. Lãmetsi ƒe dɔwɔwɔ si naa eƒe akaɖia klẽna la yia edzi le eƒe lãmenugbagbevi tɔxɛ aɖe si woyɔna be photocytes me. Eƒe lãmekawoe nɔa photocytes siawo sim nɔa etsim.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

John M. Burnley/Bruce Coleman Inc.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

MƆFIAME NYUI SIWO ANA WÒ DZEÐOÐO ŊUTETE NANYO ÐE EDZI

1. Ðo to nàtsɔ ɖe le eme na ame bubuwo ne wole nu ƒom, eye mègaɖo tɔ ɖe dzeɖoɖowo nu o. Amewo aŋe aɖaba ƒu nya siwo womeyɔ nyuie o alo vodada suesue aɖe si wowɔ le gbeŋutise me la dzi, gake womalɔ̃ be yewoade ha kple amesi lɔ̃a nuƒoƒo gake gbea toɖoɖo o. Biblia gblɔ be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.”​—Yakobo 1:19.

2. Tsɔ ɖe le agbe kple nusiwo ƒo xlã wò me. Xlẽ nu geɖe gake nàɖɔ ŋu ɖo. Ne èle nusiwo nèsrɔ̃ me dzrom kple ame bubuwo la, na ŋuɖɔɖɔɖo kple ɖokuibɔbɔ nanɔ wò dzeɖoɖo me.​Psalmo 5:6; Lododowo 11:2.

3. Na nya geɖe nanɔ asiwògake woanye esiwo sɔ, ke menye nya gã siwo hea amewo ƒe susu ɖe nuƒola ŋu o. Amewo gblɔ le Yesu ŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.” (Yohanes 7:46) Ke hã mesesẽ na “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” be woase Yesu ƒe nyawo gɔme o.​Dɔwɔwɔwo 4:13.

4. Ƒo nu eme nakɔ, eye nàyɔ nyawo pɛpɛpɛ. Gake tsri nyawo yɔyɔ wòagbɔ eme alo be nàtsɔ adze amewo ŋui. Ne míeƒo nu nyawo me kɔ nyuie eye míetsri nyawo yɔyɔ ɖewoɖewoe alo eƒe akpa aɖe mimi la, míade bubu míaƒe nuƒoƒo ŋu eye wòanye míaƒe nyaselawo ŋu bubu.​Korintotɔwo I, 14:7-9.

5. Nyae be wò dzeɖoɖo ŋutetewo nye nunana si tso Mawu gbɔ. Esia aʋã wò be nàzã ŋutete mawo le mɔ si ŋu bubu le nu.​Yakobo 1:17.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ŋutinu siwo sea nu nyuie le agbagblaʋui siwo nɔa ɖeti me si

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Phil Pellitteri

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒoatiƒoati

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Bird of paradise

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]

© Michael S. Yamashita/CORBIS

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ako ƒomevi aɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Roland Seitre