Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Siwo me Tom Agbledelawo Le

Kuxi Siwo me Tom Agbledelawo Le

Kuxi Siwo me Tom Agbledelawo Le

ANYIGBA si dzi Richard tɔgbuitɔgbui de agble ɖo le ƒe 100 siwo va yi me la ke demee eya hã le. Ke hã le ƒe 2001 me la, agbledela Canadatɔ siae nye ame gbãtɔ le eƒe ƒomea ƒe dzidzime ene siwo va yi me si ƒe agblemenukuwo gblẽ keŋkeŋ. Kuɖiɖi gblẽ nu le eƒe agblea ŋu ale gbegbe. Agblemenuwo ƒe asi maxɔmaxɔ le ƒe siwo va yi me kpakple agbledenuwo ƒe asixɔxɔ dzi eƒe fukpekpea ɖe edzi. Richard fa konyi be: “Gbegblẽm ɖe edzi koe nɔnɔmea le eye egbɔkpɔnu aɖeke meli o.”

Anyigba aɖe le Larry si le Bligbledeƒe aɖe le United States, si nye eƒe ƒomea ƒe anyigba ƒe 115 enye si va yi. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be enye nye agbanɔamedzi be malé agblea ɖe te, ahana viɖe nado tso eme. . . , gake gbeɖegbeɖea koe.” Agblea ge le Larry kple srɔ̃a si.

Menye Larry kple Richard koe le nɔnɔme sia me o. Dɔléle si naa lãwo ƒe afɔ kple nu wɔa abi si va dze lãwo dzi le Britain he ganyawo ƒe sesẽ kple seselelãmekuxiwo ƒu lãnyilawo dzi. Woka nya ta le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be: “Gbesiagbegbenɔnɔ le Britaintɔwo ƒe agble—siwo dzi dɔlélea medze haɖe o gɔ̃ hã—dzi yɔ fũ kple dzimaɖitsitsi, akogotsitsi, kple agbagbadzedze be woasi le fetɔwo nu mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe.” Le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me la, aʋawɔwɔ, kuɖiɖi, amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ, kple nu bubu geɖewo doa kplamatse agbledelawo ƒe agbagbadzedze. Eƒonɛ ɖe dziɖuɖuwo nu be woadɔ nuɖuɖu tso duta—nuɖuɖu siwo ƒome geɖewo mate ŋu akpɔ ga aƒle o.

Eyata agbledelawo ƒe kuxiwo gblẽa nu le ame gbogbowo ŋu. Ke hã dugãmenɔla ʋɛ aɖewo koe bua agbledede me kuxiwo ŋu yia ŋgɔe. Ƒe 50 kloe enye si va yi la, United States ƒe Dukplɔla Dwight D. Eisenhower gblɔe wòsɔ be: “Agbledede dzena dɔ bɔbɔe ŋutɔ aɖe ne ɔfisdɔwɔlae nènye hele teƒe didi aɖe tso bligbledeƒe gbɔ.” Nenema kee agbledelawo sena le wo ɖokui me egbea be ame geɖe menya nu tso agbledenyawo kple akpa vevi si agbledelawo wɔna ŋu o. Agbledela Canadatɔ aɖe fa konyi be: “Amewo metsɔ ɖeke le eme be yewoanya afisi míaƒe nuɖuɖuwo tsona o. Hafi wòazu nu woabla adzra le fiasewo me la, ame gbogbo aɖewo ƒe asi mee wòto.”

Esi agbledede dzie mí katã míenɔa agbe ɖo ta la, míate ŋu aŋe aɖaba aƒu agbledelawo ƒe kuxiwo dzi o. Hadomeŋutinunyala Don A. Dillman kple Daryl J. Hobbs xlɔ̃ nu be: “Le míaƒe xexe sia si me nusianu nɔ te ɖe nɔvia dzi me la, kɔƒemetɔwo ƒe kuxiwo va zua dugãmetɔwo tɔ eye dugãmetɔwo tɔ va zua kɔƒemetɔwo tɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Míaƒe dugãwo alo kɔƒenutowo mate ŋu ayi ŋgɔ ɣeyiɣi didi esime akpa ɖeka ya tsi megbe o.” Gawu la, esi kadodo va wɔe be xexeame katã va le abe kɔƒedu ɖeka ene egbea ta la, ganyawo ƒe toyiyi le dukɔ ɖeka me ate ŋu agblẽ nu le agblemenuwo kple agbledenuwo ƒe asi ŋu vevie le dukɔ bubuwo me.

Ekema mewɔ nuku o be New York ƒe Agbledetikewo Kple Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔƒe ka nya ta be: “Agbledede nye dɔwɔna 10 siwo me nuteɖeamedzi le wu dɔ ɖesiaɖe la dometɔ ɖeka le United States.” Nusiwo gbɔ agbledede me kuxiwo tsona dometɔ aɖewo ɖe? Aleke agbledelawo ate ŋu akpɔ wo gbɔe? Ðe susu aɖe li si ta woaxɔe ase be woate ŋu akpɔ kuxiawo gbɔa?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Agbledede dzena dɔ bɔbɔe ŋutɔ aɖe ne ɔfisdɔwɔlae nènye hele teƒe didi aɖe tso bligbledeƒe gbɔ”