Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le Tuawo Ƒe Wowó Megbe

Le Tuawo Ƒe Wowó Megbe

Le Tuawo Ƒe Wowó Megbe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE ECUADOR GBƆ

L E November 20, 2002 dzi la, yame fa miɔɔ le Ecuador-dugã si nye Riobamba me. Dziŋgɔli ƒe amadede nɔ blɔ, eye alilikpo ɣi falɛfalɛwo nɔ dzedzem le yame ʋĩ. Dzoto siwo ƒo xlã dugãa, siwo dzi sno dza ɖo fũ la nya kpɔ ale gbegbe be woate ŋu aɖe fotoe atsɔ wɔ fotogbalẽvi si dzi woŋlɔa lɛta ɖo. Ame 124,000 siwo nɔ afima, siwo dometɔ aɖewo nɔ Andes-to si kɔkɔ meta 2,700 dzi la nɔ woƒe gbesiagbedɔwo dzi le dziɖeɖi me, evɔ womenya be eteƒe madidi o dziɖeɖi ma me agblẽ ŋɔdzitɔe o. Kasia, le ɣetrɔ si me yame fa miɔɔ me la, nane wó sesĩe! Fesrewo kple anyigba te ʋuʋu kpekpekpe. Adzudzɔ babla kɔtɔ dziŋɔ aɖe si le abe hlo ene si nɔ ta kekem kabakaba la te dodo.

Le miniti ewo megbe la, egawó ake, eye ya sesẽ aɖe kplɔe ɖo henɔ fesrewo kple ʋɔtruwo fom ŋɔdzitɔe le ʋɔtrutiwo me. Emegbe adzudzɔ babla kɔtɔ aɖe si nɔ totrom henɔ bibim—si lolo sasasã wu gbãtɔa—la do. Nua yi edzi nɔ wowóm henɔ dzo sim.

José kple srɔ̃ Ana—siwo nye Yehowa Ðasefowo—nye srɔ̃tɔ siwo le woƒe ƒe 60-awo me, eye afisi wonɔ didi tso afisi nua nɔ wowóm tsoe gbɔ meta 400. Nua ƒe wowó ƒe ŋusẽ lɔ wo ƒu anyi. Ana tsi tre ɖe mɔnuʋɔtrua gbɔ esime ʋɔtrua do le ati me ɖalɔ megbegli aɖe. Esi srɔ̃tɔ siwo vɔvɔ̃ ɖo ƒu du ɖo ta woƒe xɔa megbe la, xɔmesasrãwo nɔ fofom nɔ wo dzi dzem. Ke hã wodze agbagba do yi gbadzaƒe sue aɖe le xɔa megbe hemimi ɖe wo nɔewo ŋu hete gbe dodo ɖa. Dzidzɔtɔe le miniti 15 megbe la, wo viŋutsu tsɔ ʋu va kɔ wo dzoe le afɔkuteƒea.

Menye amesiamee si dzo dedie o. Nua ƒe wowó na vɔvɔ̃ lé amewo. Ame gbogbowo nɔ du dzi nɔ sisim. Ɣli kple asiƒunu nɔ ɖiɖim eye ame aɖewo nɔ ɖiɖim nɔ anyi dzem ɖe ahuhɔ̃e gbagbã siwo kaka ɖe afɔtoƒewo dzi. Wonɔ kaawo, bɔsuwo, kple agbatsɔʋuwo kum sesĩe ŋɔdzitɔe nɔ sisim le dugãa me, ʋukula aɖewo ku ʋu to mɔdodowo ƒe akpa siwo mele be woato o gɔ̃ hã! Hena gaƒoƒo 24 kloe la, ame geɖe siwo si tso suku alo dɔme menya nɔnɔme si me woƒe ƒometɔwo nɔ alo afisi wonɔ o.

Nukae he tɔtɔ gã sia gbegbe vɛ? Asrafowo ƒe tome tudzraɖoƒe aɖe si te ɖe dugãa ŋue lé dzo eye tuwo kple bɔmb vovovowo nɔ wowóm ŋɔdzitɔe atraɖii. Esi tuawo yi edzi nɔ wowóm la, kpovitɔwo tsɔ ʋu nɔ gbeƒã ɖem le gbeɖiɖimɔ̃wo dzi be amesiame nado le dugãa me ayi adzɔge kilometa 15 ya teti.

Eteƒe medidi o amesiame si dzo le Riobamba. Dugãa me nɔla akpe geɖe yi ɖaƒo ƒu ɖe mɔdodo gã aɖe dzi tititi le dua godo, vuvɔ hã nɔ wɔwɔm fiẽ ma—gake vuvɔmewu alo awudziwui menɔ wo dometɔ geɖe si o. Mlɔeba le gaƒoƒo geɖe megbe la, tuawo ƒe wowó nu te tsitsi. Xexeame ƒe fafa miamiamia ƒoe ɖe dua me tɔwo nu wote ta ɖoɖo ɖe dua me vivivi. Esi agu dze le ŋufɔke la, ame geɖe kpɔe be nu gblẽ le yewoƒe fesrewo, ʋɔtruwo, ziŋgliwo, xɔmesasrãwo, kple gliwo ŋu. Ƒome aɖe kpɔ ahuhɔ̃e gbagbã tsutsɔ̃ewo le woƒe aba dzi. Ame bubuwo kpɔ bɔmbgoewo le woƒe aƒewo me kple aƒeawo godo.

Akɔntabubu gbãtɔwo ɖee fia be ame 7 ku, 538 xɔ abi, eye nu gblẽ le aƒe 18,000 ŋu. Yehowa Ðasefo 950 siwo le nutoa me dometɔ aɖeke meku o, togbɔ be wo dometɔ eve xɔ abi vevie eye wowɔ atike na wo hã.

Kpekpeɖeŋu Nana Amesiwo Dzi Afɔkua Dzɔ Ðo

Le ŋdi si kplɔ afɔkua ɖo me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le nutoa me ƒe hamemegãwo te wo nɔvi Kristotɔwo sasrãkpɔ be yewoakpɔe ɖa be aleke wolii hã. Emegbe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla mɔzɔla aɖe kpe kple hamemegã siwo tso dugãa kple eƒe golɔgoewo ƒe hame 13 me be woade ŋugble le amesiwo nuvevi wɔ kple woƒe nunɔamesi siwo gblẽ ŋu. Ede dzi ƒo na hamemegãawo be woakpɔ amesiwo tsi agbe le afɔkua me ƒe seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. Ele vevie be woayi edzi ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me! (Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata hameawo wɔ woƒe kpekpe siwo wowɔna ɖaa la le ŋkeke si kplɔ afɔkudzɔgbea ɖo ƒe fiẽ me.

Le Yawoɖa kple Fiɖa gbe la, wowɔ nusiwo gblẽ le Ðasefowo ƒe aƒewo ŋu la ŋuti nyatakaka tsitotsito heɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Guayaquil. Nyatakaka ɖee fia be ehiã kpata be woatre fesre alafa geɖe siwo gbã la nu be woakpɔ aƒea me nɔlawo ta tso vuvɔ si me. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, alɔdzedɔwɔƒea ƒle aŋe ɣi titri ƒe babla gãwo, nulénuwo, kple kɔnkreti gatagbadzɛwo be woatsɔ axe teƒe siwo gbã la nui gbɔ.

Le Memleɖa ŋdi ga 9:00 la, agbatsɔʋu si me wode dɔwɔnuawoe tso alɔdzedɔwɔƒea va ɖo. Ŋutsu kple nyɔnu Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒowo dze dɔ gɔme xoxo nɔ kpekpem ɖe wo havi Ðasefowo ŋu henɔ ahuhɔ̃e gbagbãwo kplɔm le woƒe aƒewo me bena woate ŋu adze fesreawo nu tetre kple aŋea gɔme. Dua me Fiaɖuƒe Akpata aɖe mee wonɔ wɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu. Wodzidze alesi woalã aŋeawoe ƒe dzidzeme ɖe anyigba bena woatsɔ aŋeawo aɖo wo dzi ko alã wòatsɔ. Wozã kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo ƒe nudzidzenu siwo woxɔ vɛ hedzidze aŋeawo ɖe dzidzeme si sɔ helã wo tsɔ na fesreawo nu trela siwo nɔ lalam.

José, si míeyɔ va yi gblɔ be: “Esi míeva ɖo aƒeme le ŋkeke si kplɔ afɔkudzɔgbea ɖo ƒe ŋdɔ me la, nɔviwo nɔ nu gbagbãwo kplɔm le aƒea me xoxo. Le Memleɖagbe la, nye aƒelika va gbɔnye va ƒo nu tso amesiwo va tre nye fesrewo nu ƒe dɔ nyui si wowɔ ŋu, hebia be, ‘Ho nenie woxɔ ɖe dɔ siawo katã ta?’” Ewɔ nuku na aƒelikaa ŋutɔ esime wòse be womexɔ ga aɖeke ɖe wo ta o!

Kaka Memleɖagbe fiẽ naɖo la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo gogo 200 la tre Ðasefo 91 ƒe fesrewo nu. Wona kpekpeɖeŋu amesiwo menye Ðasefowo o dometɔ geɖe hã. Dua me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ŋlɔlawo ɖe foto aƒe aɖe si ŋu Ðasefowo nɔ dɔ wɔm le heƒo nu tso eŋu be ame ɖeka koe nye Yehowa Ðasefo le ame enyi siwo le aƒea me la dome.

Wofa Akɔ na Amewo

Abe alesi míakpɔ mɔe ene la, afɔku sia ana nu nate ɖe amewo dzi vevie. Be woafa akɔ na Ðasefo siwo le dua me la, wowɔ ɖoɖo be woawɔ kpekpe tɔxɛ aɖe le Dzoɖa, November 25 ƒe ɣetrɔ ga 5:00 me. Alɔdzedɔwɔƒe si le afima la ɖo amewo ɖa be woakpɔ kpekpea dzi. Esi elektrikkaɖi menɔ anyi o taa, womate ŋu awɔ kpekpea wòado megbe na game ma o. Esi wòdze abe gamea made ame geɖe dzi o ene ta la, amewo ƒe xexlẽme ʋɛ aɖe si anɔ 600 koe wonɔ mɔ kpɔm na. Ke hã ame 1,421 sɔŋ, siwo dome amesiwo menye Ðasefowo o hã nɔ, la yɔ Riobamba Takpexɔa! Mawunyakpukpui vevi aɖe si ŋu wode ŋugble le le kpekpea me enye Psalmo 4:9, si gblɔ be: “Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake; elabena wò Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie.” Vavalawo katã ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia ɖe gbɔgbɔmeɖoɖo fakɔnamea ŋu.

Woma Eŋlisigbe me Nyɔ! (June 22, 1996) si ƒe tanya enye “Natural Disasters—Helping Your Child to Cope” (Dzɔdzɔmefɔkuwo—Kpekpeɖeŋunana Viwò Be Woanɔ Te Ðe Enu) na dzilawo le kpekpea megbe. Nyatia ƒe memama aɖe gblɔ be:

“United States Dziɖuɖua ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Afɔkunya Kpatawo Gbɔ gblɔ be le afɔku ƒe dzɔdzɔ megbe teti la, ɖeviwo koŋ vɔ̃na be (1) woagblẽ yewo ɖeɖe ɖi, (2) woaɖe yewo ɖa le ƒomea ŋu, (3) afɔkua agadzɔ ake, eye (4) nuvevi awɔ ame aɖe alo ame aɖe aku.” Wonɔ te ɖe nyati sia dzi xlɔ̃ nu dzilawo be:

1. Woadze agbagba ate ƒomea aƒo ƒui.

2. Woagbɔ dzi ɖi aɖe nɔnɔmea me tufafatɔe.

3. Woade dzi ƒo na ɖeviwo be woaɖe woƒe dzimenyawo agblɔ faa.

4. Woana ɖeviwo nakpɔ gome le nuwo dzadzraɖodɔwo me.

Emegbe woma Nyɔ! la ƒe tata siwo susɔ na aƒelikawo kple Biblia-nusrɔ̃viwo.

Kwasiɖa etɔ̃ le afɔkua megbe la, woƒle dɔwɔnuwo hena nusiwo gblẽ la dzadzra ɖo ŋutɔŋutɔ, hekpe ɖe fesre yeyewo dede, xɔmesasrãwo, kple xɔ siwo klo la gbagba ŋu. Le kwasiɖa etɔ̃ bubu me la, wowu dɔ siawo nu, hedzra Fiaɖuƒe Akpata eve hã ɖo. Woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe fia ɖe lɔlɔ̃ kpekpeɖeŋu siawo ta.

Afɔku ƒomevi vovovowo le dzɔdzɔm edziedzi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1-5) Ke hã kpekpeɖeŋu si Yehowa Ðasefowo naa wo nɔewo kple wo havi bubuwo la nye Kristotɔnyenye vavãtɔ ŋuti kpeɖodzi. José gblɔe wòsɔ nyuie esime wògblɔ be: “Yehowa ƒe habɔbɔa mehena ɖe megbe le kpekpeɖeŋu nana mí ne míeɖo hiahiã me o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðasefo siwo ade 200 tsɔ wo ɖokui na dzra nuwo ɖo. Wodzidze fesre yeyewo, lã wo, hede wo. Wogbugbɔ xɔ siwo klo la gba