Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔ 6 Siwo Dzi Nàto Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta

Mɔ 6 Siwo Dzi Nàto Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta

Mɔ 6 Siwo Dzi Nàto Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta

Kuxi si Le Dukɔ Madeŋgɔwo Me

EHIÃ be ame geɖe nadze agbagba vevie hafi ate ŋu anɔ dzadzɛ, vevietɔ le dukɔ siwo me tsi nyui kpɔkpɔ sesẽ eye dzadzɛnyenye gbɔ kpɔnuwo mebɔ ɖo o me. Ke hã viɖe geɖe le dzadzɛnyenye me léle ɖe asi me. Wobu akɔnta be nusiwo gbɔ ɖeviwo ƒe dɔléle kple ku tsona la ƒe afã kple edzivɔ nyea dɔlékui siwo gena ɖe woƒe lãme to asiƒoɖi dede nu me alo to nuɖuɖu alo tsi siwo me dɔlékuiwo le zazã me. Woate ŋu aƒo asa na dɔléle geɖe, vevietɔ mitsinyenye, to aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nya Gbɔ ƒe agbalẽ si nye Facts for Life me dzi wɔwɔ me.

1 Nugodo kɔkɔ ɖe afisi sɔ

Dɔlékui geɖewo nɔa nugodo me. Ne dɔlékuiwo ge ɖe tsi kple nuɖuɖu me alo lé ɖe míaƒe asiwo, nuɖanuwo, alo kplɔ̃ siwo dzi míedaa nuɖuɖu ɖo ne míele nu ɖam alo nuɖukplɔ̃wo ŋu la, woate ŋu age ɖe míaƒe nu me míami eye woana míadze dɔ. Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato axe mɔ na dɔlékui siawo enye be míakpɔ egbɔ be míekɔ nugodo ɖesiaɖe ɖe afisi sɔ. Ele be woade afɔdzi ɖe nugododeƒe alo ɖe agboti me. Kpɔ egbɔ be lãwo ƒe mi mele teƒe aɖeke si te ɖe wò aƒe ŋu, miaƒe toƒewo, alo afisiwo ɖeviwo fena le o.

Afisi nudogodeƒe alo agboti mele o la, ɖi afɔdzi ɖe tome enumake. Ðo ŋku edzi be dɔlékuiwo nɔa afɔdzi ƒomeviwo katã me, wonɔa ɖeviwo gɔ̃ hã ƒe afɔdzi me. Ele be woalɔ ɖeviwo hã ƒe afɔdzi akɔ ɖe agboti me alo aɖi wo ɖe tome.

Na agbotiwo me nanɔ dzadzɛ eye nàklɔ nugododeƒewo edziedzi. Tsyɔ nu agbotiwo nu ɣesiaɣi eye nàʋu pɔmpimetsi wòakplɔ afɔdzi dzoe le nudogodeƒedowo me.

2 Klɔ asi

Ele be nàklɔ asi edziedzi. Adzalẽ alo dzofi tsɔtsɔ klɔ asii ɖea dɔlékuiwo le ame ƒe asiwo ŋu. Asia kpalakpala kple tsi ɖeɖeko mesɔ gbɔ o—ele be nàzã adzalẽ alo dzofi atsɔ aklɔ asi evea siaa nyuie.

Ele vevie be nàklɔ asi ne ètso afɔdzi gbɔ kple ne vidzĩ alo ɖevi de afɔdzi nètutu meƒime nɛ. Azɔ hã ne èka asi lãwo ŋu la, kpɔ egbɔ be yeklɔ asi hafi aka asi nuɖuɖu ŋu alo ana nuɖuɖu ɖeviwo.

Asikɔklɔ kpɔa ame ta tso ŋɔvi siwo hea dɔléle vanɛ si me. Ŋɔvi siawo le sue ale gbegbe be nusuekpɔmɔ̃wo koe woate ŋu atsɔ akpɔ woe. Wonɔa afɔdzi kple aɖuɖɔ me, tsi ŋgɔ kple anyigba, kple nuɖuɖu mumu alo lã si womeɖa wòbi nyuie o me. Mɔ vevi si dzi nàto be ŋɔviwo nagage ɖe lã me na wò o enye be nàklɔ asi. Gakpe ɖe eŋu la, afɔkpa dodo ato teƒe siwo te ɖe agbotiwo ŋu ate ŋu akpɔ tawò be ŋɔ mato wò afɔ me age ɖe lã me na wò o.

Ðeviwo ƒoa asi ɖe nu me zi geɖe, eyata klɔ asi na wo edziedzi, vevietɔ le afɔdzidede megbe kple hafi woaɖu nu. Fia alesi woaklɔ asii la wo, eye nàfia wo be mele be woafe le agbotiwo gbɔ, nugododeƒewo, alo teƒe bubu siwo wodea afɔdzi ɖo o.

3 Klɔ mo gbesiagbe

Be nàƒo asa na ŋkudɔwo xɔxɔ la, le adzalẽ ɖe mo gbesiagbe. Ele be woale tsi ɖe mo na ɖeviwo hã. Mo ƒoɖi hea nudzodzoevi siwo ŋu dɔlékuiwo le. Dɔlékui siawo ate ŋu ana woaxɔ ŋkudɔwo alo agbã ŋku na ame gɔ̃ hã.

Lé ŋku ɖe viwò ƒe ŋku ŋu edziedzi. Tsi nɔa ŋku siwo dzi dɔléle mele o dzi eye wo dzi kɔna. Ne ɖevia ƒe ŋkuwo dzi ƒu kplakplakpla, biã, wɔ abi, alo tsi aɖe ƒomevi le dodom le edzi la, ele be lãmesẽdɔwɔla alo ɖɔkta nalé ŋku ɖe eŋu.

4 Zã tsi nyui ɖeɖeko

Dɔléle meɖea fu na ƒomewo fũ o ne wozãa tsi nyui hekpɔa egbɔ be dɔlékuiwo megena ɖe eme o. Wò tsi ate ŋu anye tsi nyui ne etso pɔmpi si woléa be na nyuie alo vudo kple tsidzidzi siwo meƒo ɖi o me. Ta, tɔsisi, kple tsizɔ alo vudo siwo nu wometsyɔ nui o me tsi manɔ dzadzɛ tututu o, gake anyo woazã ne woɖae.

Ele be woatsyɔ nu vudowo nu. Ele be woaklɔ tɔkpo, ka, kple kplu siwo wotsɔna kua tsii la edziedzi ahada wo ɖe teƒe si le dzadzɛ, womada wo ɖe anyigba o. Mele be lãwo nɔƒe nagogo tsinono kple ƒomea nɔƒewo o. Mègazã nudzodzoewutikewo alo atike bubuwo le tsizazã gbɔ o.

Tsizɔ si le dzadzɛ mee wòle be tsi nanɔ le aƒea me eye woatsyɔ nu enu. Anyo ne wode pɔmpitsikunu tsizɔa ŋu. Ne womedee eŋu o la, ke ele be woazã tsikunu alo kplu si le dzadzɛ atsɔ aku tsii. Mele be woatsɔ asi ƒoɖi aku tsi nonoe gbeɖe o.

5 Kpɔ nuɖuɖu ta tso dɔlékuiwo gbɔ

Dɔlékuiwo ate ŋu aku le nuɖuɖu me ne èɖae wòbi nyuie. Ele be woaɖa nuɖuɖu, vevietɔ ʋulã wòabi nyuie. Dɔlékuiwo dzina kabakaba le nuɖuɖu siwo le yɔyrɔe me. Eyata le nua ɖaɖa megbe teti ko la, ele be woaɖui, alesi wòanya wɔ. Ne ahiã be nàda nuɖuɖu ɖi wòanɔ anyi awu gaƒoƒo eve hafi aɖu la, kpɔ egbɔ be yedae ɖe nusi ana dzoxɔxɔ nanɔ eme alo nufamɔ̃ me. Azɔ hã ne ahiã be nàsusɔ nuɖuɖu ɖi agava ɖu ɣebubuɣi la, tsyɔ nu edzi. Esia kpɔa eta tso tagbatsuwo kple nudzodzoeviwo gbɔ. Hafi nàɖui la, gaɖoe dzo dzi ake.

Notsi nye vidzĩ kple ɖeviwo ƒe nuɖuɖu nyuitɔ kekeake si le dedie wu. Lãwo ƒe notsi mumu si woɖa le dedie wu esi womeɖa o. Tsri nuɖuɖu kɔkɔ ɖe aŋetukpawo me na ɖeviwo be woaɖu, negbe ɖe nèklɔnɛ le tsi fiefie me ɣesiaɣi si nàzãe hafi. Zi geɖe la, dɔlékui siwo naa mitsinyedɔ nɔa aŋetukpa siwo me wodea nuɖuɖui na ɖeviwo me. No nana ɖeviwo alo nuɖuɖu nana wo le kɔpu siwo me le dzadzɛ me nyo wu.

Klɔ atikutsetse kple amagbewo le tsi kɔkɔe me. Ewɔwɔ alea hiã ŋutɔ, vevietɔ ne woatsɔ mumua na ɖeviwo be woaɖu.

6 Gbeɖuɖɔ meganɔ aƒea me o

Dɔlékuiwo nɔa tagbatsuwo, gbagbladzawo, alegeliwo, kple afiwo ŋu. Afisi gbeɖuɖɔwo lee lã siawo sɔa gbɔ ɖo. Ne gbeɖuɖɔwo kɔkɔ ƒe ɖoɖo aɖeke mele afisi nèle o la, ɖi gbeɖuɖɔ siwo miewɔna le aƒea me ɖe do me axe ke ɖe edzi alo akɔe ɖe do me ahatɔ dzoe gbesiagbe. Na wò aƒeme nanɔ dzadzɛ, gbeɖuɖɔ kple tsi gbegblẽwo naganɔ eme o.

Ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo wɔ dɔe edziedzi la, eteƒe madidi o àkpɔe be wozu yeƒe gbesiagbenuwɔna. Wo ŋudɔwɔwɔ mesesẽ o eye mehiã ga geɖe o, gake woakpɔ mia kple wò ƒomea ƒe lãmesẽ ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Afisi agboti alo nugododeƒe mele o la, ɖi afɔdzi ɖe tome enumake

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Klɔ asi edziedzi

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Dɔléle meɖea fu na ƒomewo fũ o ne wozãa tsi nyui hekpɔa egbɔ be dɔlékuiwo megena ɖe eme o

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Le adzalẽ ɖe mo gbesiagbe

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ne ahiã be nàsusɔ nuɖuɖu ɖi agava ɖu ɣebubuɣi la, tsyɔ nu edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ele be woaɖi gbeɖuɖɔ si wowɔna le aƒea me ɖe tome alo atɔ dzoe gbesiagbe