Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukawoe Le Agbledede Me Kuxiwo Hem Vɛ?

Nukawoe Le Agbledede Me Kuxiwo Hem Vɛ?

Nukawoe Le Agbledede Me Kuxiwo Hem Vɛ?

“Wona hehe Agbledelawo ƒe Kuxiwo Ŋuti Ðaŋuɖolawo be woaxɔ wò Kaƒoƒowo ahakpe ɖe ŋuwo nànɔ te ɖe nuteɖeamedzi siwo agbledede me kuxiwo he va dziwòe la nu. Agbledelawo kple amesiwo de agble kpɔe míenye—abe wò ene—eye míese nɔnɔme sesẽ siwo me tom kɔƒemenɔlawo le la gɔme. Míate ŋu afia amesiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la wò. . . . Míakpɔ egbɔ be wò nya ɣaɣlawo anɔ ɣaɣla.”​—Tso Canada dziɖuɖua ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe.

LÃMESẼDƆWƆLA geɖe va de dzesii fifia be nuteɖeamedzi nye afɔku le agbledede me. Be woakpe ɖe agbledelawo ŋu woanɔ te ɖe enu la, susuŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso nuteɖeamedzi siwo agbledede hena vɛ ŋu li, eye woɖo ƒuƒoƒowo hena kpekpeɖeŋunana kple telefon xexlẽdzesi be agbledenutowo nazã aƒo ka abia kpekpeɖeŋu.

Agbledela aɖe srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Jane dea Yawoɖagbe fiẽ ɖaŋuɖoɖoxɔƒe. Jane ɖe nu me be: “Nusitae meva enye be srɔ̃nye wu eɖokui. Eƒe taɖodzinu koŋue nye be yeade ƒomegblea, eye ewɔ nam be esi mekpɔ dzidzedze o ta megadi be yeawɔ dɔ bubu aɖeke o.”

Ame geɖe de dzesii be nu le tetem ɖe agbledela gbogbo aɖewo dzi gbawotsyogbe eye wole gbɔdzɔe dim ale gbegbe. Nukawo koŋue le kuxi siwo me tom agbledelawo le la hem vɛ?

Dzɔdzɔmefɔkuwo Kple Dɔléle

Dziɖuɖua ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Alesi agbledede le ɖee fia be wò gbesiagbegbenɔnɔ me nudzɔdzɔwo ƒe akpa gãtɔ—yame ƒe nɔnɔme, nuwo ƒe asi, deme siwo wokana ɖe gadodowo ŋu, agbledemɔ̃wo ƒe gbegblẽ—gbɔ kpɔkpɔ mele wò ŋutete me o. Tiatiawɔwɔ le nu eve aɖewo, abe nuku si nàƒã alo nenye ɖe nàdzra anyigbaa loo alo atsɔe ana fetɔwo ɖe woƒe ga nu gɔ̃ hã ate ŋu ana nàxa nu, elabena emetsonu ate ŋu aɖe vi loo alo agblẽ nu.” Ne kuɖiɖi sesẽ alo dɔléle alo agble ƒe gege le ame si hã va ge ɖe nyaa me la, ke nuteɖeamedzia wua tsɔtsɔ.

Le kpɔɖeŋu me, kuɖiɖi ate ŋu agblẽ nu le go eve me. Agbledela Howard Paulsen ɖe nu me be ƒe 2001 me kuɖiɖia, si nye vɔ̃ɖitɔwo kekeake dometɔ ɖeka le Canada ƒe ŋutinya me la, gblẽ nu le yeƒe agble kple lãhawo ŋu. Ne gbe meli lãwo naɖu o alo nuku meli woaxa o la, ehiã be woaƒle nuɖuɖu na lãwo. Egblɔ be: “Mezã dɔlar 10,000 ɖe lãwo ƒe nuɖuɖu ŋu xoxo eye nuɖuɖu si medzra ɖo na vuvɔŋɔli namee mele wo fifia. Ne ète ema wɔwɔ ko la, viɖe aɖeke megava nɔa lãnyinyia me o.” Le teƒe bubuwo la, tsiɖɔɖɔ gblẽ agble geɖe dome—nukuwo dome gblẽ le agble blibowo dzi.

Dɔléle si naa lãwo ƒe nu kple afɔ wɔa abi si dze lãwo dzi le ƒe 2001 me le Britain la nye kuxi vovovo siwo me agbledelawo to le Britain la ƒe yeyetɔ, hekpe ɖe nyidzeaɖaʋadɔ kple hawo ƒe dɔléle ŋu. Dɔléle siawo—kple vɔvɔ̃ si wòdea amewo me—gblẽa nu geɖe wu ganyawo ƒe toyiyi ko. Agence France-Presse ka nya ta be: “Wokpɔ dukɔmevi sesẽ siwo ƒe mo aɖatsi megena le bɔbɔe o nɔ avi fam hehehe esime dziɖuɖudɔwɔla siwo kpɔa lãwo ƒe dɔléle gbɔ nɔ lãha siwo wotsɔ woƒe agbenɔƒe katã nyi la wum nɔ dzo tɔmee.” Esi dɔléle si naa lãwo ƒe nu kple afɔ wɔa abi dze lãwo dzi la, kpovitɔwo nɔ tu kpuiwo xɔm le lãnyila siwo ŋu wòdze le be woate ŋu awu wo ɖokui la si gɔ̃ hã. Kaƒoƒo siwo nɔ agbledela siwo dzi nu te ɖo gbɔ tsom nɔ aɖaŋuɖohawo gbɔ yim la wu taɖa.

Ganyawo ƒe Kemalimali

Tɔtrɔ gãwo va ganyawo hã me. Agbalẽ si nye Broken Heartland ƒe megbekpa dzi nyawo xlẽ ale: “Le ƒe 1940-awo kple ƒe 1980-awo ƒe domedome la, ga si agbledelawo zãna ɖe agbledede ŋu le Amerika-nuto Deŋgɔwo me dzi ɖe edzi teƒe etɔ̃, agbledenuwo ƒe asi dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene, deme siwo woka ɖe gadodowo ŋu dzi ɖe edzi alafa memama ewo, agblemenuwo dzi viɖe ɖiɖi alafa memama 10, agbledelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ame eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me, eye amewo ƒe agbɔsɔsɔ, asitsatsa kple ganyawo yi to le agbledenutowo katã kloe me.”

Nukatae viɖe megadona tsoa agbledede me abe alesi agbledenuwo ya ƒe asi le dzi yimee ene o? Le egbexexea me la, alesi nuwo ƒe asi le le dukɔwo dome kpɔa ŋusẽ ɖe agbledelawo dzi. Eyata eva hiã be agbledelawo naʋli ho kple wo hati bubuwo le dukɔ bubuwo me. Enye nyateƒe be dukɔwo dome sitsatsa va ʋu agblemenukudzramɔnu yeyewo ɖi ya, gake nuwo ƒe asi le xexeame godoo te ŋu trɔna kpata voɖidonametɔe. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1998 me la, nukugbledela kple hanyila siwo le Canada dometɔ geɖe ɖu agba esime woƒe asisi siwo le Asia ƒe ganyawo yi to.

Amewo ƒe Vɔvɔ le Agbledenutowo Me

Iowa Yunivɛsiti Nufialagã Mike Jacobsen, si srɔ̃ nu tso kɔƒenutowo ŋu gblɔ be agbledede me kuxiwo nye kɔƒenutowo ƒe kuxiwo hã. Egblɔ be: “Teƒe siawo nyo ɖeviwo nanɔ, wole dzadzɛ, afisi nàdi be yeaɖe srɔ̃ anyi viwo le. Suku nyuiwo li. Dedienɔnɔ le wo me. Menye alea amewo buna le kɔƒenutowo ŋu oa? Nya lae nye be ƒomegble suesue geɖe siwo le du siawo ƒe golɔgoewo dzie woƒe ganyawo nɔ te ɖo.” Le esia ta àkpɔe be agbledede me kuxiwo na dɔdaƒewo, sukuwo, nuɖuɖudzraƒewo, fiasewo, kple sɔlemexɔ siwo le kɔƒeduwo me la tsi tutu. Agbledzigbenɔnɔ siwo léa dzi na amewo vevie dometɔ ɖeka, si nye ƒomedodo kplikplikpli si nɔa nutowo dome, la le bubum.

Ekema mewɔ nuku o be Newsweek magazine gblɔ be Amerika kɔƒenuto me nɔla 16 kloe le alafa me da ahe kolikoli. Geoffrey Lawrence ŋlɔ le eƒe nyatakaka si nye “Australia Kɔƒenutowo ƒe Kuxiwo” me be, “le Australia la, dɔmakpɔwɔe, fetu nyui maxemaxe na dɔwɔlawo, kpakple koɖoɖo bɔ ɖe kɔƒenutowo me sasasã wu dugãwo me.” Ganyawo ƒe kemalimali ƒoe ɖe ƒome geɖewo nu—vevietɔ sɔhɛwo—woʋu yi dugãwo me. Sheila, amesi le agble aɖe dem kple eƒe ƒomea, bia be: “Vaseɖe ɣekaɣie nɔnɔme sia nu ayi be mava dzɔ be ame aɖeke magalɔ̃ be yeade agble o?”

Le sɔhɛwo ƒe ʋuʋu yi dugãwo me ta la, ame tsitsiwo sɔŋ koe va susɔ ɖe kɔƒedu geɖewo me. Menye sɔhɛwo ƒe ŋusẽ koe bu le nuto siawo me o ke boŋ kpekpeɖeŋu si wonaa ame tsitsiwo hã bu—zi geɖe le ɣeyiɣi siwo me kpekpeɖeŋu mawo hiã vevie me. Edze ƒã be tɔtrɔ siawo na be ame tsitsi geɖe tɔtɔ eye vɔvɔ̃ ɖo wo le du siawo me.

Eyata agbledede me kuxiwo le nu geɖe gblẽm le teƒe geɖe. Ele nu gblẽm le mí katã ŋu. Ke hã abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fia ene la, susuwo li si ta míaxɔe ase be agbledede me kuxiwo nu ayi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Le egbexexea me la, alesi nuwo ƒe asi le le dukɔwo dome kpɔa ŋusẽ ɖe agbledelawo dzi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Vaseɖe ɣekaɣie nɔnɔme sia nu ayi be mava dzɔ be ame aɖeke magalɔ̃ be yeade agble o?”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

AGBLEDETIKEWO MAZÃMAZÃ

Ame geɖewo va le vivi dom ɖe nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezã agbledetikewo le o ŋu ale gbegbe. Nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezã agbledetikewo le o ƒlelawo, le Canada, le dzidzim ɖe edzi ade alafa memama 15 ƒe sia ƒe.

Nukae nye nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezã agbledetike le o? Alberta-nutoa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbledede, Nuɖuɖu, Kple Kɔƒeduwo ƒe Ŋgɔyidɔwo Gbɔ ɖe eme be enye “agbledemɔnu si ƒoa asa na agbledetikewo zazã, si kpɔa anyigbaa kple nu gbagbe ƒomevi vovovowo ta, si de lãwo ƒe lãmesẽ dzi, hekpɔa nutoa ƒe dedienɔnɔ ta.”

Agbledela siwo mezãa agbledetikewo o gblɔ be yewoƒe mɔnua to vovo na agble gã delawo. Katharine Vansittart ŋlɔ le Canadian Geographic me be: “Agble gã delawo dina be yewoade nuku ɖeka ƒomevi aɖe ƒe agble wòalolo gã, si hiã mɔ̃ gã mɔ̃ gãwo kpakple nudzodzoeviwutikewo kple aɖuwo zazã le agbɔsɔsɔ gã me hafi axa nuku geɖe. Tsɔ kpe ɖe atike siawo ƒe gege ɖe nuɖuɖuwo me ŋu la, wo me nunyiamewo dzi ɖena kpɔtɔna ne woxa nukuawo gbogboe, si womate ŋu aƒo asa na ne teƒe didie woyina edzra ge le o. Be woakpɔ egbɔ be nuɖuɖua ɖo edzraƒe dedie la, wote ŋu zãa atike vovovowo alo wɔa elektrik keklẽŋusẽ mɔnu aɖe ŋudɔ tsɔ kpɔa eta be magagblẽ alo aɖi kaba o.”

Amekawoe ƒlea nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezãa agbledetikewo le o? Alberta- nyatakakaa gblɔ be wo ƒlelawo “tsoa ƒewuivi siwo tsia dzi ɖe woƒe lãmesẽ ŋu dzi, yi vidada ɖetsɔlemenamelawo dzi, va ɖo kpedevi siwo wodzi le ƒe siwo kplɔ xexemeʋa evelia ɖo me la dzi. . . . Meganye sɔhɛ siwo nɔ anyi le ƒe akpe ɖeka alafa asieke blaadeawo me la koe o.”

Ke hã menye amewo katãe xɔnɛ sena be nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezã agbledetikewo le o nyo wu o. Canadian Geographic gblɔ be: “Nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezã agbledetikewo le o ƒe asixɔxɔ na ɖikelawo tɔa gbe eƒe viɖe be ɖaseɖiɖi aɖeke metso dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gbɔ si ɖo kpe eƒe viɖewo dzi o. Nusi ŋu ame bubuwo tsi dzi ɖo enye be hiãtɔwo mate ŋu aƒle nuɖuɖu siawo o.” Nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezãa agbledetikewo le o taʋlilawo ʋli nya be tɔtrɔwɔwɔ le nuɖunyawo me, asi si dzi woadzra wo ɖo, kple wo tsɔtsɔ yi teƒe vovovowoe ate ŋu ana nuɖuɖu siawo naɖo amesiame gbɔ wòaƒle aleke ke woƒe ganyawo ɖale o. Le nuɖuɖu siwo ƒe agbledede me womezãa agbledetikewo le o ŋuti nukpɔsusuwo ƒe takeke kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nyatakakawo ta la, eŋuti nyaʋiʋliwo dzi maɖe akpɔtɔ kaba o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

NUDZODZOEVIWUTIKEWO​—AGBLEDELAWO TSI VEDOMESI

Nudzodzoeviwo kple dɔléle siwo gblẽa numiemiewo gblẽ agble 75 le alafa me dome le xexeame ƒe teƒe aɖewo. Edze abe egbɔkpɔnu enye be woaƒã nukuwo le agbɔsɔsɔ gã me ene. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Globe and Mail ka nya be: “Agbledelawo le Canada dze agbagba be yewoaxɔ ŋgɔ le hoʋiʋlia me to agbledemɔnu siwo ŋu wotrɔ asi le be wòana woaxa nuku geɖe, ahana woakpɔ ga la ŋudɔwɔwɔ me.” Ke hã Terence McRae, si le Canada ƒe nutomenyawo gbɔkpɔƒe xlɔ̃ nu be: “Tɔtrɔ siawo dometɔ geɖe dzi nusiwo agbledede ate ŋu agblẽ le nutoa me ŋu ƒe afɔku ɖe edzi.”

Ke nudzodzoeviwutikewo zazã ya ɖe? Esia hã na agbledelawo tsi vedomesi, esi nyaʋiʋliwo kpɔtɔ le edzi yim tso nudzodzoeviwutikewo zazã ƒe viɖe kple afɔku si wònyena na lãmesẽ ŋu ta. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe lɔ̃ ɖe edzi be aɖi si nudzodzoeviwutike akpa gãtɔ nye kple afɔku siwo le wo me mele nyanya bliboe vaseɖe fifia o. Afɔku siwo ate ŋu anɔ nudzodzoeviwutikewo me agate ŋu adzi ɖe edzi to woƒe gege ɖe nuɖuɖu me nu gbagbe bubuwo naɖu me. Lãwo ɖua gbe siwo dzi wowu nudzodzoeviwutikewo ɖo. Emegbe amegbetɔwo ɖua lã siawo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

USDA Photo by Doug Wilson