Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi si me Dɔlékuiwo Magagblẽ Nu le Ame Aɖeke Ŋu O

Ɣeyiɣi si me Dɔlékuiwo Magagblẽ Nu le Ame Aɖeke Ŋu O

Ɣeyiɣi si me Dɔlékuiwo Magagblẽ Nu le Ame Aɖeke Ŋu O

DƆLÉKUIWO, alo nugbagbevi suesuewo ƒe anyinɔnɔ le vevie hena nugbagbe bubuwo. Wole anyigba kple míaƒe ŋutilã ƒe akpa gãtɔ me. Aɖaka si nye “Dɔlékui Ƒomevi Vovovowo,” si le axa 17 lia gblɔe be, “bacteria biliɔn akpe teƒe akpe nanewoe le míaƒe lãme.” Esiawo dometɔ akpa gãtɔ le vevie—le nyateƒe me la, wole vevie—hena lãmesẽ me nɔnɔ. Togbɔ be nugbagbevi siawo dometɔ ʋɛ aɖewo koe hea dɔléle vɛ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me nugbagbavi aɖeke magagblẽ nu le ame aɖeke ŋu o.

Hafi míadzro mɔ si dzi woato aɖe dɔlékuiwo ƒe nugblẽƒewo ɖa keŋkeŋ me la, mina míalé ŋku ɖe agbagba siwo dzem wole fifia be woatsɔ anɔ te ɖe nugbagbevi siwo hea dɔléle vɛ la nui ŋu gbã. Tsɔ kpe ɖe aɖaka si nye “Nusi Nàte Ŋu Awɔ,” me dzodzro ŋu la, bu agbagba siwo dzem lãmesẽdɔwɔlawo le be woatsɔ akpe akɔ kple dɔlékui siwo nɔa te ɖe atikewo nu ŋu.

Afɔ Siwo Ðem Wole le Xexeame Godoo

Ðk. Gro Harlem Brundtland, amesi nye Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã tsã ƒo nu tso agbagba siwo dzem wole ŋu. Le agbalẽ si nye Report on Infectious Diseases 2000 ƒe tanya si nye “Dɔlékuiwo ƒe Tenɔnɔ Ðe Atikewo Nu ƒe Kuxia Dziɖuɖu” te la, eƒo nu tso alesi wòhiã be “woaɖe afɔ aɖe le xexeame godoo atsɔ akpɔ dɔlékuiwo” ƒe tenɔnɔ ɖe atikewo nu ƒe kuxia gbɔe la ŋu. Egaƒo nu tso “kadodo si anɔ lãmesẽdɔwɔlawo katã dome” hã ŋu, eye wòte gbe ɖe edzi be: “Ŋutete le mía si be míatso ɖe dɔléle siwo nugbagbeviwo hena vɛ ŋu bliboe.”

Le ƒe 2001 me la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ wɔ ɖoɖo ɖe “Xexeame Katã ƒe Aʋahoho ɖe Dɔlékuiwutikewo ƒe Ŋusẽmakpɔmakpɔ Ðe Dɔlékuiwo Dzi” ŋu. Agbalẽ si wota ɖe eŋu ƒo nu tso ɖoɖo si wowɔ na lãmesẽdɔwɔlawo kpakple ame bubuwo le “nusi wòle be woawɔ kple alesi woawɔe” ŋu. Ðoɖoa ƒe akpa aɖewoe nye nufiafia amewo le alesi woaƒo asa na dɔ dzedze, kpakple mɔ fiafia wo le alesi woawɔ dɔlékuiwutike vovovowo ŋudɔe ne wodze dɔ.

Azɔ hã woxlɔ̃ nu lãmesẽdɔwɔla—siwo nye ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo kpakple ame bubu siwo le dɔ wɔm le kɔdziwo kple ame tsitsiwo dzikpɔƒewo—be woaɖɔ ŋu ɖo nyuie ne woatsɔ axe mɔ ɖe dɔlélewo kaka nu. Nublanuitɔe la, numekukuwo ɖee fia be lãmesẽdɔwɔla geɖewo ŋe aɖaba ƒu asikɔklɔ alo asiwui bubu dodo hafi akpɔ dɔnɔ bubu gbɔ la dzi.

Numekukuwo ɖee fia hã be ɖɔktawo ŋlɔa dɔlékuiwutikewo na dɔnɔwo le esime mehiã hafi o. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye alesi amewo ƒonɛ ɖe ɖɔktawo nu be woana dɔlékuiwutike yewo kple susu be dɔa navɔ kaba ta. Eye ɖɔktawo lɔ̃na ɖe edzi esi wodi be yewoadze dɔnɔawo ŋu ta. Zi geɖe la, ɖɔktawo megbɔa dzi ɖi fiaa nu dɔnɔwo o alo dɔwɔnu siwo dzi woato ade dzesi dɔlékuiawo menɔa wo si o. Azɔ hã wote ŋu ŋlɔa atike yeye xɔasi siwo te ŋu wua dɔlékui ƒomevi vovovowo. Eye esia hã hea atikewo ƒe ŋusẽmakpɔmakpɔ ɖe dɔlékuiwo dzi ƒe kuxia vɛ.

Akpa bubu si Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe Aʋahohoa trɔ susu ɖo enye dɔdaƒewo, dukɔwo ƒe lãmesẽ gbɔkpɔɖoɖowo, nuɖuɖudɔwɔlawo, adzɔha siwo wɔa atikewo, kpakple sewɔlawo. Nyatakaka la de dzi ƒo na wo be ɖekawɔwɔ nanɔ wo katã dome be woate ŋu aho aʋa ɖe dɔlékuiwo ƒe tenɔnɔ ɖe atikewo nu ƒe ŋɔdzi la nu. Gake ɖe ɖoɖo ma tɔgbe akpɔ dzidzedzea?

Mɔxenu Siwo Ado Kplamatse Eƒe Dzidzedzekpɔkpɔ

Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe Aʋahohoa fia asi nusi nye mɔxenu gã aɖe na lãmesẽkuxiwo gbɔ kpɔkpɔ. Eyae nye viɖekpɔkpɔ ƒe didi—si nye ga didi. Biblia la gblɔ be galɔlɔ̃ enye “nuvɔ̃wo katã ƒe ke.” (Timoteo I, 6:9, 10) Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ xlɔ̃ nu be: “Ele be woalé ŋku ɖe nuwɔwɔ aduadu si anɔ atikedɔwɔƒewo dome hã ŋu, eye ele be asi nasẽ ɖe amesiwo dzranɛ na dɔnɔdzikpɔlawo kpakple ɖe ɖoɖo si atikedɔwɔƒewo ŋutɔwo wɔna tsɔ léa ŋku ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋui hã dzi.”

Atikedɔwɔƒewo ƒoa woƒe atikewo ɖe ɖɔktawo nu ŋukeklẽtɔe. Fifia la wowɔnɛ to television ƒe boblododowo dzi amehawo kpɔna. Edze ƒã be esia hã wɔe be wole atikewo zãm madzemadzee si va hea dɔlékui siwo dzi atikewo mekpɔa ŋusẽ ɖo o ƒe dzidziɖedzi ƒe kuxi gã la vɛ.

Wogblɔ le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe agbalẽ si woŋlɔ na Aʋahoho ɖe dɔlékuiwo ŋu ŋuti ɖoɖoa ƒe ta si ƒo nu tso dɔlékuiwutikewo zazã na lã siwo woɖuna ŋu be: “Lãwo ƒe dɔléleŋutinunyala aɖewo siwo le dukɔ aɖewo me kpɔa viɖe alafa memama 40 kple edzivɔ le woƒe atikewo dzadzra me, eyata kakaɖedzi aɖeke meli be woaɖe dɔlékuiwutikewo zazã dzi akpɔtɔ o.” Nuŋlɔɖi siwo ŋu kpeɖodziwo le ɖee fia be dɔlékui siwo dzi atikewo mewɔa dɔ ɖo o va bɔ eye wole dzidzim ɖe edzi le dɔlékuiwutikewo zazã fũ ta.

Le nyateƒe me la, alesi wole dɔlékuiwutikewo wɔm la wɔ nuku ale gbegbe. Le United States ɖeɖe la, wowɔa dɔlékuiwutike kilogram miliɔn 20 ƒe sia ƒe! Esi wowɔna le xexeame godoo ƒe afã koe wozãna na amegbetɔwo. Wowua mamlɛawo ɖe nukuwo dzi alo wozãnɛ na lãwo. Zi geɖe la woblua dɔlékuiwutikewo kple lãwo ƒe nuɖuɖu be wòana lãwo natsi kabakaba.

Akpa si Wɔm Dziɖuɖuwo Le

Eme kɔ ƒã be Nyatakaka Vevi si Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ wɔ ku ɖe Aʋahoho ɖe dɔlékuiwo ŋu gblɔ be: “Ðoɖoa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzi gã aɖe le dukɔ ɖekaɖekawo dzi. Akpa vevi aɖe li wòle be dziɖuɖuwo nawɔ.”

Le nyateƒe me la, dziɖuɖu geɖewo wɔ ɖoɖowo be woatsɔ akpe akɔ kple dɔlékuiwutikewo ƒe dɔmawɔmawɔ ɖe dɔlékuiwo dzi ŋu xoxo, eye wole gbe tem ɖe ɖekawɔwɔ si anɔ amesiwo le woƒe dukɔwo me kple dukɔ siwo te ɖe wo ŋu siaa dome dzi. Ðoɖo siawo dometɔ aɖewoe nye nuŋlɔɖi nyuiwo wɔwɔ le dɔlékuiwutikewo zazã kple dɔlékui siwo nɔa te ɖe wo nu ŋu, mɔxexe ɖe dɔlélewo nu si anyo ɖe edzi, dɔlékuiwutikewo zazã nyuie le atikewɔnyawo kple agbledede me, numekuku be woase atikewo ƒe ŋusẽmakpɔmakpɔ ɖe dɔlékuiwo dzi gɔme nyuie, kple atike yeyewo toto vɛ. Etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke medze le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe agbalẽ si nye Report on Infectious Diseases 2000 me o. Nukatae?

Nyatakaa gblɔ be “dziɖuɖuwo kple woƒe dunyaheɖoɖo mana woalɔ̃ aɖoe kplikpaa be yewoatsɔ dukɔmeviwo ƒe lãmesẽmenɔnɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ o.” Egagblɔ be: “Dɔléle—kpakple atike ƒe ŋusẽmakpɔmakpɔ ɖe edzi—hã te ŋu dzɔna ŋutɔ le teƒe siwo dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, ahedada, amehawo ƒe ʋuʋu kple nutowo dome gbegblẽ na be ame gbogbo te ŋu xɔa dɔléle le la me.” Nublanuitɔe la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mete ŋu kpɔ kuxi siawo katã gbɔ kpɔ o.

Gake Biblia ƒo nu tso dziɖuɖu aɖe si menye kuxi siwo hea dɔléle vɛ ɖeɖekoe wòaɖe ɖa o ke dɔléle ŋutɔ hã ŋu. Àbu eŋu be dɔlékui aɖewo ya ayi edzi anɔ dɔléle hem vɛ ɣesiaɣi, gake nya lae nye be susu nyui li si tae wòle be míaxɔe ase be etsɔme anyo sasasã wu alesi míesusui.

Ɣeyiɣi si me Dɔlékui Aɖeke Magagblẽ Nu O

Biblia me nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dziɖuɖu aɖe si de ŋgɔ boo wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu nya ɖi gbaɖegbe ke hetɔ asi eƒe dziɖula dzi. De dzesi alesi nyagblɔɖia dze le Biblia mee: ‘Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, Adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, Fofo mavɔ, Ŋutifafafia.’—Yesaya 9:5.

Amekae vi, kple ŋutifafafia, sia si ava xɔ dziɖuɖua nye? Se alesi wogblɔ eŋu nya ɖi hafi wodzii ɖa. Mawudɔla Gabriel gblɔ na ɖetugbi nɔaƒe Maria be: ‘Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.’—Luka 1:31-33.

Esi Yesu tsi la, eɖo kpe edzi be eyae nye Mawu Fiaɖuƒedziɖuɖua ƒe Fia si ŋugbe wodo. Menye ɖeko Yesu tsa heɖe gbeƒã “fiaɖuƒe la ŋutinya nyui” la fia ko o, ke eɖe ŋusẽ si le esi be wòaɖe dɔlélewo katã ɖa hã fia. Biblia ka nya ta be ‘ameha geɖe va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa.’—Mateo 9:35; 15:30, 31.

Ẽ, dɔléle alo lãmegbegblẽ kae nɔ fu ɖem na amewo o, Yesu da ye katã. Efɔ ame geɖe siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre! (Luka 7:11-17; 8:49-56; Yohanes 11:38-44) Nyateƒee wònye be amesiwo woda dɔ na kpakple amesiwo wofɔ ɖe tsi tre gɔ̃ hã gaku mlɔeba. Ke hã nukunu siwo Yesu wɔ la ɖe nusi wòava wɔ na amesiwo anɔ agbe le anyigba dzi le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te la fia. Biblia la do ŋugbe be ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Egbea mí katã míenyae be dɔléle kple ku kpɔ ŋusẽ ɖe amesiame dzi. Ðɔlékuiwo gblẽa nu le ame miliɔn nanewo ŋu, eye wokuna gɔ̃ hã. Ke hã wowɔ amegbetɔwo ƒe ŋutilã le nukumɔ aɖe nu ale gbegbe be ame aɖewo mesea nusita míedzea dɔ la gɔme o. Ðɔkta Lewis Thomas ŋlɔ ku ɖe akpa vevi si bacteria wɔna ŋu eye wogblɔ be dɔléle dzɔna “abe afɔku ene.” Egblɔ be: “Anɔ eme be nu vevi aɖee anya gblẽ le dɔléla la ƒe dɔlélenutsitsiŋutete ŋu.”

Nyateƒee, bacateria dɔlékuiwo mete ŋu dzea amesiwo ƒe dɔlélenutsitsiŋutete nu sẽ dzi edziedzi o. Gake amewo va kua amegã hekuna mlɔeba. Biblia la gblɔe be nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso amegbetɔ deblibo gbãtɔ Adam gbɔe gbɔdzɔgbɔdzɔ si hea dɔléle kple ku vɛ la tso. Biblia la ɖe eme be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Gake Mawu dɔ Via ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe deblibo ana tafee be wòaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me. (Mateo 20:28) Biblia ɖe eme be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23; Yohanes I, 5:11) Le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, Kristo ƒe tafevɔsa ƒe dɔyɔyɔ ŋuti dzesiwo adze na amesiame. Le ɣemaɣi me la, nugbagbeviwo katã, esiwo hea dɔléle vɛ fifia gɔ̃ hã, magagblẽ nu le ame aɖeke ŋu o.

Ðe menye nusi me nunya le be nàsrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒedziɖuɖu si ƒe ŋugbe Biblia do, si akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ la ŋu oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe.

[Aɖaka si le axa 19]

Nusi Nàte Ŋu Awɔ

Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe dɔlékui siwo nɔa te ɖe atikewo nu ƒe ŋɔdzia dzi akpɔtɔ? Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ na mɔfiame aɖewo. Gbã la, wogblɔ nusiwo míawɔ atsɔ aɖe dɔléle kple wo kaka dzi akpɔtɔe. Evelia, wogaƒo nu tso alesi amewo atrɔ asi le dɔlékuiwutikewo ŋudɔwɔwɔ ŋu wòaganyo ɖe edzi wu.

Enye nusi me nunya le be mɔ nyuitɔ si dzi woato aɖe dɔléle kple wokaka dzi akpɔtɔ koe nye nusi wòle be woawɔ ahanɔ lãmesẽ me. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ aƒo asa na dɔ dzedze?

Mɔ Siwo Dzi Nàto Aƒo Asa na Dɔ Dzedze

1. Dze agbagba nàwɔ nu etɔ̃ siwo gbɔna: nu nyui ɖuɖu, kamedede alesi sɔ, kpakple ɖiɖiɖeme si da sɔ.

2 . Na ameɖokui dzadzraɖo nanye numame nawò. Lãmesẽŋutinunyala bibiwo tea gbe ɖe asikɔklɔ dzi ɣesiaɣi be eya koe nye mɔ vevi ɖeka si dzi woato aƒo asa na dɔ dzedze kple dɔléle kaka na ame bubuwo.

3 . Kpɔ egbɔ be nuɖuɖu si mia kple wò ƒomea mieɖuna la le dedie. Nɔ ŋudzɔ be wò asiwo kple teƒe si nèwɔa nuɖuɖu ŋudɔ le la le dzadzɛ. Azɔ hã kpɔ egbɔ be tsi si nètsɔ klɔa asi kple esi nètsɔ wɔa nuɖuɖui la le dzadzɛ. Esi dɔlékuiwo te ŋu nɔa nuɖuɖu me ta la, ɖa ʋulã wòabi nyuie. Dzra nuɖuɖu ɖo ɖe afisi sɔ eye nàna wòanɔ dedie le nufamɔ̃ me.

4. Ne dukɔ siwo me nudzodzoevi siwo kakaa dɔléle sẽŋuwo mee nèle la, ekema ɖe zã dzi nɔnɔ alo aƒemedɔ siwo abia be nànɔ gota ŋdi kanya dzi kpɔtɔ esi wònye ɣeyiɣi si me nudzodzoevi siawo dona koŋ ta. Eye zã mudɔ alo ʋɔtru alo fesrenuxeɖɔwo ɣesiaɣi.

5. Abɔtasitike ate ŋu ado alɔ wò dɔlélenutsiŋutete be wòanɔ te ɖe dɔlékui siwo bɔ ɖe miaƒe nutoa me la nu.

Dɔlékuiwutikewo Zazã

1. Bia mɔfiafia tso lãmesẽdɔwɔla bibi aɖe gbɔ hafi nàƒle dɔlékuiwutike alo azãe. Zi geɖe la, atikedzralawoe wòɖea vi na, ke menye eƒlelaa o, le eƒeƒle tẽ ƒe boblododo siwo wokafuna me.

2. Mègaƒo nya ɖe ɖɔkta si le gbɔwò kpɔm la nu be wòaŋlɔ dɔlékuiwutikewo na ye o. Ne èƒoe ɖe enu la, ate ŋu aŋlɔe na wò esi wòle vɔvɔ̃m be màgava ye gbɔ azɔ o ta. Le kpɔɖeŋu me, dɔlékui siwo nye virus ye hea wɔɖiƒoame vɛ eye dɔlékuiwutikewo medanɛ o. Dɔlékuiwutikewo zazã ne virus dɔlékui le lãme na wò ate ŋu agbɔdzɔ bacteria nugbagbevi siwo doa alɔ wò ŋutilã ƒe dɔwɔna eye ɖewohĩ wòana esiwo dzi atikewo mekpɔa ŋusẽ ɖo o la nadzi ɖe edzi.

3. Mèganɔ atike yeyewo yome fũ o—ɖewohĩ womenyo na wò o eye ɖeko woana nàgblẽ ga gbogbo yakatsyɔ.

4. Bia nu tso atike ɖesiaɖe ŋu le wo ŋu nyala bibiwo gbɔ: Dɔ kae wòdana? Nukawoe wòate ŋu agblẽ le ŋuwò? Aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe ŋutilãa dzie, eye nu bubu kawo hãe ana afɔku nanɔ ezazã me?

5. Ne dɔlékuiwutikea ƒe dɔdada nyo ŋutɔŋutɔ la, ekema asɔ ɣesiaɣi be nàzã esi woŋlɔ na wò la katã nenye be èsee le ɖokuiwò me be nèhaya esime atikea mevɔ haɖe o hã. Atike mamlɛae aɖe dɔlékui siwo susɔ ɖa keŋkeŋ.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Le Mawu ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe te la, amewo anɔ agbe eye dɔlékuiwo magblẽ nu le wo ŋu o