Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Si Ŋu Tameɖoɖo le Gɔmeɖoɖo Anyi Na Ðokuinye

Agbe Si Ŋu Tameɖoɖo le Gɔmeɖoɖo Anyi Na Ðokuinye

Agbe Si Ŋu Tameɖoɖo le Gɔmeɖoɖo Anyi Na Ðokuinye

ABE ALESI ERNEST PANDACHUK GBLƆE ENE

Wodzim le Saskatchewan ƒe dzogbe aɖe, le Canada. Esime mexɔ ƒe 23 la, meyi Afrika, afisi menɔ agbe si me dzidzɔ le hewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le ƒe 35 sɔŋ. Aleke wòdzɔe be nye agbe va nɔ alea? Menye nudogoɖenunue o. Na maɖe eme.

AƑE si me míenɔ gbã la nye xɔ aɖe si wotsɔ atiwo kple anyi tui hegbae kple be—si mede ame dzi kura be wòakpɔ míaƒe ƒomea ta tso vuvɔŋɔli sesẽ si nɔa dzogbea o. Le ƒe 1928 me, hafi woadzi mí vi asiekeawo dometɔ akpa gãtɔ la, Papa kple Dada xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo le ame aɖe si va míaƒe aƒeme la si. Le vuvɔŋɔli didi si kplɔe ɖo me la, woto agbalẽ siawo dzi srɔ̃ Biblia la. Le adame si kplɔe ɖo la, woxɔe se kple kakaɖedzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu. Woƒo nu tso eŋu na ƒomea, xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo gake vevietɔ la, na wo viwo.

Wodzim le ƒe 1931 me eye wodzi vi atɔ̃ bubu ɖo yonyeme kpuie. Enye numame na míaƒe ƒomea be wòaxlẽ Biblia ahasrɔ̃e. Megaɖoa ŋku nusi míewɔna ŋdi ɖesiaɖe dzi. Papa xɔa ŋgɔ dzroa Biblia me kpukpui aɖe me kple mí, ne exɔ amedzro gɔ̃ hã. Dada, Papa, kple ɖevi tsitsiawo xlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe wo nɔewo yome míesena.

Hekpe ɖe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ fiafia mí ŋu la, Papa gafia alesi míazã mawunyakpukpuiwo diƒe le Biblia me atsɔ awɔ numekukui hã mí. Eteƒe medidi o, míesrɔ̃ alesi míazã Biblia atsɔ aɖe míaƒe dzixɔsewo me na ame bubuwoe. Numedzodzro dodzidzɔname siawo kpe ɖe ŋunye mede ŋugble le Biblia me nyatiwo ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu zãa Biblia tsɔ kloa nu le alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo ŋu. Mete ŋu ɖoa kpe edzi be luʋɔ la kuna, be dzomavɔ aɖeke meli o, eye be Mawu kple Yesu mele tasɔsɔ me alo nye nusi woyɔna be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe o.—Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4; Yohanes 14:28.

Papa kple Dada ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí hede dzi ƒo na mí be míaku ɖe nusi nyo la ŋu sesĩe, ne ema ana womalɔ̃ míaƒe nya o hã. Le kpɔɖeŋu me, womezã atama gbeɖe o eye woxlɔ̃ nu mí tso alesi wòƒoa ɖi amee kple alesi woaƒoe ɖe mía nu be míazãe le suku ŋu. Meɖoa ŋku Papa ƒe nya siawo dzi be: “Woayɔ mi be movitɔ ne miegbe atama nono. Gake mibia amea ko be, ‘Amekae nye kalẽtɔ? Amesi dzi atamaa kpɔ ŋusẽ ɖo loo alo amesi kpɔ ŋusẽ ɖe atama dzi yea?’”

Esi mexɔ ƒe 11 la, nu bubu aɖe do nye kuku ɖe Biblia me hehe si mexɔ le ɖevime ŋu la kpɔ. Xexemeʋã II dze egɔme xoxo ɣemaɣi eye wobia tso sukuviwo si be woado gbe na aflaga. Mekpɔe le nye Biblia sɔsrɔ̃ me be gbedodo sia nye tadedeagu nuwɔna, eyata megbe gomekpɔkpɔ le eme. Esia na wonyãm le sukua ɣleti ade.

Ke hã le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mewu suku nu eye le March 1947 me la, mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi. Le ɣleti ade megbe la, mezu mɔɖela, ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbeƒãɖela. Gbã la, mesubɔ le anyiehe Saskatchewan heɖe gbeƒã na agbledelawo kple lãnyilawo le anyigbamama gã ma me. Le dzomeŋɔli la, medoa sɔ tsɔ zɔa mɔe eye le vuvɔŋɔli la, mezãa snodzizɔkeke aɖe si woxe keŋkeŋ si míeyɔna be caboose. Mlekpui aɖe nɔa eme si naa dzoxɔxɔ, eyata ele be makpɔ nyuie be kekea nagamu o.

Kɔƒenutoa me nɔlawo lɔ̃a ame eye wonye amedzrowɔlawo. Ne meva ame aɖewo srã ge kpɔ le ɣetrɔ me la, zi geɖe wobiana be matsi yewo gbɔ adɔ. Biblia me numedzodzro lédziname siwo míezãa anyinufaɣi mawo tsɔ wɔna do dzidzɔ nam ale gbegbe! Ƒome aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia le zã blibo aɖe ƒe numedzodzro megbee nye Peterson-ƒomea. Earl kple dadaa va zu Yehowa Ðasefo dovevienuwo.

Subɔsubɔ le Quebec

Le ƒe 1949 me la, mewɔ ɖe amekpekpe be mɔɖelawo nakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Quebec nutoa me la dzi. Mɔɖela siwo ade 200 le ɣetoɖoƒe Canada lɔ̃ ɖe yɔyɔa dzi. Wova ɖo Montreal dugã la me le September me, henɔ klalo be yewoaxɔ dɔdasiwo le Quebec du bliboa me. Katoliko Dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ Maurice Duplessis si ɖoe kplikpaa be yeaxe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe dɔ nu lae nɔ dzi ɖum ɣemaɣi.

Ɣeyiɣi mawo nye dzidzɔɣeyiɣi siwo hã me kuxiwo nɔ. Esiawo dometɔ aɖewoe nye Fransegbe sɔsrɔ̃, nɔviwo léle, kple nuvlowɔhawo ƒe nuwɔnawo kpakple zazɛ̃nyahelawo ƒe zidede míaƒe Kristotɔwo ƒe takpekpewo me. Ke hã mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ma medo ŋɔdzi nam alo na meɖe asi le subɔlanyenye na Mawu ƒe dɔa ŋu o. Dzinyelawo ƒã nu nyui lɔlɔ̃ ɖe menye eye wona meka ɖe edzi be woawɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu gblɔ ɖi la dzidzedzetɔe, ne wotsi tre ɖe eŋu gɔ̃ hã.—Mateo 24:9, 14.

Esime menɔ Quebec la, medo go Emily Hawrysh, mɔɖela nuteƒewɔla aɖe si tso Saskatchewan. Emily nye hadɔwɔla wɔnuteƒe kple zɔhɛ dzideƒonamela aɖe nam, tso esime míeɖe mía nɔewo le January 27, 1951. Esi míaƒe taɖodzinu enye be míakpɔ gome bliboe wu le subɔsubɔdɔa me ta la, míebia be míade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku si nyea ɣleti geɖe ƒe nusɔsrɔ̃ si dzraa subɔlawo ɖo na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa eye wolɔ̃ ɖe edzi. Míede Gilead ƒe klass 20 lia eye míewu sukua nu le February 1953 me.

Esime míenɔ lalam na mɔzɔgbalẽ siwo aʋu mɔ na mí be míayi Afrika la, womia asi mí be míakpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Alberta kple Ontario ŋu le Canada. Le ɣeyiɣi mawo me la, míeɖoa ʋu tso hame ɖeka me yia bubu me. Eyata míesrɔ̃ alesi míanɔ agbe si le bɔbɔe ahatsɔ míaƒe nunɔamesiwo katã ade mɔzɔkplo aɖe me. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe esi míaƒe mɔzɔgbalẽwo kple dukɔmenɔgbalẽ su mía si la, míedzo le Canada heyi Southern Rhodesia, afisi woyɔna fifia be Zimbabwe.

Tɔtrɔ Ðe Agbenɔnɔ Ŋu le Afrika

Le míaƒe vava ɣleti atɔ̃ megbe la, wode dɔ asi na mí be míasrã Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒowo kpɔ le Zimbabwe kpakple le Botwana kple Northern Rhodesia (si nye Zambia fifia) ƒe anyiehekpa dzi. Wode dzi ƒo na mí le Gilead Suku be míagatsɔ afisi wode dɔ asi na mí le la asɔ kple mía de o eye míaɖo ŋku edzi be nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, míate ŋu asrɔ̃ nane tso míaƒe nuteƒekpɔkpɔa me. Nya siawo siwo me nunya le la kpe ɖe mía ŋu míetrɔ míaƒe nukpɔsusu. Vaseɖe egbea la, mía kple Emily míelɔ̃ ɖe nya sia dzi be, “Wɔ nɔnɔme ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie alesi nàte ŋui; anɔ eme be mɔnukpɔkpɔa magava gbeɖegbeɖe o.”

Míezãa keteke, bɔs, agbatsɔkeke alo gasɔ—nusianu si míate ŋu azã ko—tsɔ zɔa mɔ yia teƒeteƒewo. Togbɔ be esia menɔa bɔbɔe o hã la, nɔnɔme bubuwo li siwo do míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be “míawɔ nɔnɔme ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie alesi míate ŋui kpɔ.” Le ƒe eve gbãtɔwo me la, se meɖe mɔ na Emily be wòayi anyigbamama siwo me to ɖeka me tɔwo le me kplim o. Eyata, ele nam be magblẽ srɔ̃ si meɖe ƒe ʋɛ aɖewo koe nye ema la ɖi ɖe du siwo tsɔ ɖe ketekemɔ to la me, eye zi geɖe la, Ðasefo bubu aɖeke menɔa afima o. Menye ɖeko Emily ƒe xɔse, dzideƒo kple tameɖoɖo kplikpaa na mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu helɔ̃e o ke ehe Fiaɖuƒea ƒe kutsetsewo hã va nuto mawo me.

Ne Emily nya kpɔ dzeƒe le nutoa me tɔ aɖe gbɔ teti ko la, enɔa gbeƒã ɖem le afima vaseɖe esime megbɔ tso to ɖeka me tɔwo ƒe nuto aɖe me. Ɣeaɖewoɣi la, eya ɖeka wɔa subɔsubɔdɔa hena ɣleti ɖeka. Ekpɔa ŋusẽ kple ametakpɔkpɔ to kuku ɖe Yehowa ƒe alɔ sesẽ la ŋu me eye eƒe subɔsubɔdɔa tse ku. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Rita Hancock, amesi xɔ Biblia me nyateƒea eye emegbe srɔ̃aŋutsu hã va kpe ɖe eŋu. Eva zu nɔviŋutsu nuteƒewɔla kple Kristotɔ hamemegã vaseɖe eƒe kuɣi. Egbea la, hamewo le dzidzim ɖe edzi kabakaba le du siwo me Emily ƒã Biblia ƒe nyateƒea ƒe kuwo ɖo la dometɔ aɖewo me.

Afrikatɔwo ƒe Amedzrowɔwɔ Kple Aɖaŋuwɔwɔ

Afrikatɔ Ðasefo siwo le to ɖeka me nyigbamamawo me ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa kple eteƒenɔla dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu vevie la nye nuteƒekpɔkpɔ ʋãme aɖe nam. Kristotɔ nɔvi lɔ̃ame siawo kpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ nyuie. Dzoɖa ɖesiaɖe la, mezɔa mɔ tso kpekpewɔƒe aɖe yia bubu. Agblexɔ aɖe si wotu yeyee nyea nye dzeƒe eye esia na meɖoa ŋku afisi nye ƒomea nɔ le Saskatchewan dzi. Aba si ƒe titrime enye sentimeta 30 si woɖo ɖe anyigba heɖo abadzivɔ ɖe edzi la dzie memlɔna.

Ave mee míewɔa kpekpeawo lena le to ɖeka me tɔwo ƒe duwo me. Kpekpea valawo ƒoa gbe le teƒea, hegblẽa ati siwo dzi aŋgbawo sɔ gbɔ le la ɖi be míanɔ woƒe vɔvɔli te. Gbe siwo woƒo hebla wo nyuie ɖe ɖoɖo nu la dzie míenɔa anyi ɖo. Emegbe wogatsɔa atiwo kple gbewo tɔa kpɔ ƒo xlã afisi wodzra ɖo lae. Ne menɔ anyi ɖe dzɔdzɔme zikpui siawo dzi la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Afrikatɔwo ƒe gbe vivi siwo wotsɔ dzia kafukafuhawo na Yehowa la ʋãa nye dzi ɣesiaɣi le mɔ si nyemaŋlɔ be akpɔ o nu.

Nuteƒekpɔkpɔ aɖe si Nyemaŋlɔ Be O

Le nye subɔsubɔdɔa me la, medo go Gideon Zenda si nye Anglican Sɔlemeha ƒe suku siwo mawunyadɔgbedeawo ɖo ƒe tatɔ aɖe. Subɔsubɔha la mee Gideon xɔ eƒe hehe, siwo dome Yunivɛsiti tɔ hã le la le. Gake mekpɔ ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ aɖeke na Biblia me nyabiase geɖe siwo nɔ esi la o. Eyata ebia be mado go ye kpakple yeƒe hadɔwɔla bubu geɖewo ahaɖo nyabiabia siawo ŋu. Amesiwo ade 50 siwo dome sukumegãwo, sukudzikpɔlawo kple nufialawo le la va kpekpe sia. Gideon ye nɔ zime na kpekpea. Míedzro nu me tso nyati ɖeka dzi yi bubu dzi le ɖoɖo nu. Meƒoa nu tsoa nyati ɖesiaɖe ŋu abe aɖabaƒoƒo 15 ene eye emegbe míedzroa biabiawo me. Numedzodzroa xɔ gaƒoƒo geɖe.

Nusi do tso numedzodzro tɔxɛ sia me enye be Gideon, eƒe ƒomea, kple eƒe hadɔwɔla geɖe va zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe siwo katã xɔ nyɔnyrɔ. Bisiɔp si le nutoa me na woxɔ dɔ le wo si le Anglican sukuwo me. Ke hã la, wo dometɔ aɖeke mevɔ̃ o eye wonɔ te sesĩe maʋãmaʋãe le Yehowa subɔsubɔ me, wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me.

Nuwɔwɔ Ðe Sinima Wɔdɔɖeamedzi aɖe Nu

Le ƒe 1954 me la, Yehowa Ðasefowo ɖe sinima si nye The New World Society in Action (Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi) ɖe go. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, woɖe se si xe mɔ na srɔ̃nyɔnu be wòagakplɔ srɔ̃aŋutsu ɖo ayi to ɖeka me tɔwo ƒe anyigbamama me o la ɖa. Esia na Emily te ŋu kplɔam ɖo yia anyigbamama siawo me. Ɣemaɣi la, wona ʋu, elektrikŋusẽnamɔ̃, kple fotoɖemɔ̃ mí be míaɖe nɔnɔmetatawo afia le to ɖeka me tɔwo ƒe nutoawo me. Wo dometɔ geɖe mekpɔ sinima kpɔ o eyata míaƒe nɔnɔmetata la ɖeɖe na ame gbogbo aɖe va. Sinima la ɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wotana le míaƒe agbalẽtaƒe le Brooklyn, New York, la ƒe akpa ɖesiaɖe fia tsitotsito.

Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe nɔviwɔwɔ si dze le tadedeagu me le Yankee Stadium, New York, le ƒe 1953 me hã dze le sinima la me. Afrikatɔ siawo mekpɔ ameƒomevi vovovo ƒe ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ sia tɔgbe kpɔ o. Sinima sia ʋã Zimbabwe ƒome geɖe be woasrɔ̃ Biblia ahade ha kple Ðasefowo. Sukudzikpɔla geɖe le dukɔa me godoo bia be woaɖe sinima sia afia elabena wokpɔe be nukpɔkpɔ sia aɖe vi le hehenana sukuviawo me.

Le zã aɖe me la, Ðasefo aɖewo va nyɔm tso alɔ̃ me hebia be yewoakpɔ sinima la. Ewɔ nuku nam be amesiwo anɔ 500 ye zɔ gaƒoƒo geɖe va be yewoava kpɔe. Wosee be mele nutoa me henɔ eɖem fia. Esime ƒuƒoƒo ma dzo la, amesiwo ade 300 bubu gava. Eyata megaɖe sinima la ake. Fɔŋli ga etɔ̃ koe ƒo hafi nukpɔla mamlɛawo dzo! Le ƒe siwo wu 17 me le Zambia ɖeɖe la, amesiwo wu miliɔn ɖeka kpɔ sinima wɔdɔɖeamedzi sia.

Dɔdasi Yeyewo Xɔxɔ le Afrika

Esi míesubɔ le Zimbabwe ƒe atɔ̃ kple afã megbe la, woɖo mí ɖe South Africa. Esia bia be míasrɔ̃ gbe si nye Afrikaans. Emegbe míesrɔ̃ Sesotho kple Zulu gbewo dodo. Mawu ƒe Nya la fiafia le gbe bubuwo me na míaƒe subɔsubɔdɔa ganyo ɖe edzi eye wòna míese le mía ɖokui me be míeɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ.

Le ƒe 1960 ƒe gɔmedzedze la, wode dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ asi nam le Afrika ƒe anyiehekpa dzi. Le ƒe 27 siwo kplɔe ɖo me la, míezɔ mɔ zi geɖe le Lesotho, Namibia, South Africa kple Swaziland kpakple Ascension kple St. Helena ƒukpowo dzi le Atlantik-ƒua ƒe Anyiehe. Le ye katã me la, míezɔ mɔ kilometa akpe alafa geɖe tsɔ subɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo. Woƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ le nɔnɔme madeamedziwo me de dzi ƒo na mí be míagana ta gbeɖe o.

Le kpɔɖeŋu me, menya Ðasefo aɖewo le Swaziland siwo meɖe asi le woƒe xɔse ŋu o esime Fia Sobhuza ku la nyuie. Esi wogbe gomekpɔkpɔ le kɔnu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖo siwo wowɔna ne bubume sia tɔgbe ku me ta la, wonya wo le woƒe dɔwɔƒewo eye wote woƒe dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesiwo wo. Togbɔ be woto ƒe geɖe ƒe numanɔamesi kple fukpekpe me hã la, womena ta gbeɖe o. Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu vevi siawo nyanya kpakple nuƒoƒo kple wo tẽ nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe si ta mada akpe na Yehowa ɖo ɣesiaɣi.

Ame bubu hã enye Philemon Mafareka, amesi nye mɔɖela tso Mokhotlong, kɔƒe aɖe si le to si kɔkɔ ade meta 3,000 la dzi, le Lesotho. Esi ʋuwo menɔ anyi o ta la, eya kple srɔ̃a si gbɔ melɔ̃a nu lena o, kple wo vi eveawo, kpakple ame ene bubu siwo dzra ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ la zɔ afɔ kilometa 100 kple edzivɔ yi takpekpe aɖe si wowɔ le teƒe aɖe si kɔkɔ ade meta 1,200. Ele be woakpe akɔ kple toƒe madeamedziwo le mɔzɔzɔa ƒe akpa gãtɔ me. Wotana liaa towo heɖia aga eye wotsoa tɔsisi sue kple tɔsisi gã geɖewo.

Esime wotrɔ gbɔna aƒeme tso takpekpea la, wotsɔ Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ƒe agbalẽ alafa ɖeka ɖe asi. Amesiwo nɔ aƒeme le Mokhotlong lae wotsɔ wo ɖe asi na. Gake alesi amesiwo wodo go le mɔ dzi ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽawo ŋu ta la, woƒe agbalẽawo katã vɔ hafi woɖo aƒeme. Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le abe Philemon kple srɔ̃a ene ƒe dzonɔameme kple ɖokuitsɔtsɔna teƒe kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ nye mɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋu mía kple Emily míedea asixɔxɔe vaseɖe egbea.

Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go da vɔ̃ɖiwo abe ƒli ene kple tɔɖɔɖɔ gã kpatawo kpakple nudogoɖenunu bubuwo ƒe afɔkuwo. Togbɔ be nudzɔdzɔ siawo na míevɔ̃na ɣeaɖewoɣi hã la, ne míetsɔ wo sɔ kple teƒeɖoɖo kple dzidzɔ siwo le Yehowa subɔsubɔ me la, wonye nu maɖinuwo. Míede dzesii be megblẽa amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi gbeɖe o.

Esime lãmesẽkuxiwo va nɔ fu ɖem na Emily vevie la, Yehowa na nunya mí be míatsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe le mɔ si da sɔ nu. Míaƒe nuɖuɖu tɔtrɔ kple dzadzɛnɔnɔ ƒe ɖoɖo bubu siwo ade lãmesẽ dzi wu kpe ɖe mía ŋu wòhaya bɔbɔe. Míewɔ agbatsɔkekexɔ sue aɖe be wòana Emily nanɔ lãmesẽ me ne míele mɔ zɔm eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egava nɔ lãmesẽ nyuie me.

Tɔtrɔ Yi Canada

Le ƒe 35 ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ le Afrika-nyigba gã la dzi megbe la, wogbugbɔ ɖo mí ɖe Canada le ƒe 1988 me. Azɔ le ƒe 1991 me la, megadze dzikpɔla mɔzɔla ƒe subɔsubɔdɔa gɔme ake. Le ƒe enyi megbe la, tutudɔ aɖe dze dzinye. Togbɔ be nye dɔwɔna dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ tso ɣemaɣi hã la, megakpɔa dzidzɔ be megakpɔtɔ nye hamemegã le London ƒe hamewo dometɔ ɖeka me le Ontario.

Egbea la, metsɔa dzidzeme trɔ kpɔa ɣeyiɣi si medoa sɔ tsɔ dze mɔɖeɖedɔa gɔme le Saskatchewan ƒe anyiehe anye ƒe 56 aɖewoe nye esia. Aleke gbegbee medaa akpee enye esi be Papa lé fɔ ɖe alesi míabu tamee abe gbɔgbɔmemewo ene fiafia mí ŋu, be míagavɔ̃ gbeɖe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me lelé ɖe asi sesĩe me o! Efia Mawu ƒe Nya si na agbe si ŋu tameɖoɖo le lam. Domenyinu sia ɖe vi nam le nye agbemeŋkekewo katã me. Nyematsɔ agbe si mele le Yehowa subɔsubɔ me aɖɔ li naneke si le xexe xoxo sia me gbeɖe o.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Míaƒe ƒome si me vi asieke le, le ƒe 1949 me, Dada enye ma kɔ ɖevitɔ. Nyee tsi tre ɖe emegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Metu “caboose” sia hena zazã le nye subɔsubɔdɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nyɔnu siwo wolé le Quebec le gbeƒãɖeɖe ta

[Nɔnɔmetata si le axa 30, 31]

Mekpɔ gome le nufiafia dzikpɔla mɔzɔla siawo me le Zimbabwe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Míetu agbatsɔkekexɔ sia hena Emily ƒe hayahaya

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Foto si mía kple Emily míeɖe nyitsɔ laa