Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Dzinyelawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Dzinyelawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Dzinyelawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

“Fofonye nye hamemegã si wonya nyuie le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Medea bubu eŋu, gake medoa dziku ɣeaɖewoɣi esi wonyam le afisiafi be menye Bill viŋutsuvi ta.”—Larry. *

“Esi fofonye nye hamemegã si wonya nyuie ta la, mesenɛ le ɖokuinye me be amesiame dina be maɖo dzidzenu kɔkɔwo gbɔ, eye esesẽna nam ŋutɔ be mawɔ nu le dzɔdzɔme nu.”—Alexander.

ESI nèle tsitsim la, enye nusi sɔ le dzɔdzɔmenu be ɖokuisinɔnɔ ƒe didi naɖo mewò—be nàte ŋu awɔ ŋkɔ na ɖokuiwò. Dziwòlawoe tia ŋkɔ si nyo wo ŋu na wò esi wodzi wò. Fifia esi nèle tsitsim eye nèɖo ƒewuiwo me la, èle mɔnukpɔkpɔ dim be yeatsɔ awɔ “ŋkɔ” na ye ɖokui—be amesi ye dzilawo nye magakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi azɔ o.

Fia Salomo ŋlɔ be: “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.” (Lododowo 22:1) Ðewohĩ esi nènɔ ɖevime gɔ̃ hã la, èdi be yeawɔ ŋkɔ na ye ɖokui.

Dzilawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te Nɔnɔ

Abe Larry kple Alexander ene la, sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be yewo le ŋkɔ si le yewo dzilawo ŋu alo ɖoƒe si wole la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Ðewohĩ amewo nya wo dzilawo nyuie le nutoa me le woƒe dɔwɔɖui alo agbalẽnyanya ta. Alo ate ŋu anye be wonya wo nyuie le Kristo-hamea me. Ne nya siawo dometɔ aɖe nye nyateƒe le dziwòlawo gome la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ŋku nɔa ye ŋu akpa eye be woléa ŋku ɖe nusianu si yewɔna ŋu ɣesiaɣi. Ðewohĩ le amesi dziwòlawo nye ta la, alesi nèsena le ɖokuiwò me be agba aɖe le ye dzi be yeawɔ nu le mɔ aɖewo nu manɔ nuwò vivim o.

Le kpɔɖeŋu me, Ivan fofo nye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Ivan gblɔ be: “Esi amewo nya fofonye eye wodea bubu eŋu ta la, mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be ele be maɖo kpɔɖeŋu nyui le aƒeme kple le suku siaa. Mesena le ɖokuinye me be dzila bubuwo tsɔam wɔa kpɔɖeŋui na wo viwo. Togbɔ be esia nye kafukafu hã la, eƒonɛ ɖe nunye vevie be maɖo kpɔɖeŋu nyui le amewo ŋkume. Esia wɔnɛ be nyemete ŋu dana sɔna o eye nyemete ŋu dea dzesi nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.” Alexander gblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be woléa ŋku ɖe ŋunye ɣesiaɣi eye be ne mewɔ vodada la, ame aɖe le klalo ɣesiaɣi be yeaɖe ɖeklemim.”

Larry, si míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze dze agbagba be yeaɣla yeƒe ƒomeŋkɔ be woaganya ye fũ o. Egblɔ be: “Ne medo go amesiwo nyemenya o le hadomekpekpe aɖe me la, meɖea ɖokuinye fiana ale, ‘Ŋkɔnyee nye Larry,’ eye mewua enu ɖe afima—hegbea ƒomeŋkɔa yɔyɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nye ŋkɔ si menye ƒomeŋkɔ o koe mezãna le asidede agbalẽ te me. Mevɔ̃na be amewo ava wɔ nu ɖe ŋunye bubui ne wova dze si fofonye. Medi be woawɔ nu ɖe ŋunye abe hanyeti bubuwo ene.”

Nyateƒee, ne Kristotɔ hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔlae fofowò nye la, asɔ be nàkpɔ mɔ be ame bubuwo nadi tso asiwò be nàɖo dzidzenu kɔkɔwo gbɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, ele na ŋutsu siwo le nɔƒe mawo be “woakpɔ wo viwo kple woa ŋutɔwo ƒe aƒewo dzi nyuie.” (Timoteo I, 3:5, 12) Ekema eme kɔ be amewo nakpɔ mɔ be nàɖo kpɔɖeŋu nyui! Gake ɖe wònye nusi mesɔ kura oa? Ao, elabena ne èbu eŋu kpɔ la, togbɔ be sɔhɛ koe Kristotɔ Timoteo nye hã la, Paulo tiae be wòazɔ mɔ kpli ye ne wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔ vevi aɖe wɔwɔ me. (Tesalonikatɔwo I, 3:1-3) Eyata ele be nàdze agbagba aɖo kpɔɖeŋu nyui, fofowò ɖanye hamemegã alo menyee o.

Aglãdzedze Nye Tiatia Gbegblẽ

Gake sɔhɛ aɖewo dzea aglã be yewoatsɔ ado le amesi yewo dzilawo nye, alo ŋkɔ si le wo ŋu, ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Ivan gblɔ be: “Kpɔɖeŋunyuiɖoɖo medzɔa dzi nam ɣeaɖewoɣi o. Medzea aglã hegblẽa nye ɖa ɖi be wòato be makpɔe ɖa be ame aɖe agblɔ nya aɖe hã.”

Absalom, amesi nye Fia Dawid viŋutsuwo dometɔ ɖeka dze aglã. Wonya fofoa nyuie le eƒe Yehowa subɔsubɔ ta eye Israel-vi geɖewo lɔ̃e. Wokpɔ mɔ be Absalom si nye Dawid vi naɖo nudidi kɔkɔwo gbɔ. Le esi Absalom nanɔ agbe ɖe nudidi siwo sɔ nu teƒe la, etiae be yeawɔ ŋkɔ na ye ɖokui to aglãdzedze ɖe fofoa ŋu dzi. Esi Dawid nye Yehowa teƒenɔla si wosi ami na ta la, Yehowa ŋue Absalom nɔ aglã dzem ɖo ŋutɔŋutɔ. Eƒe nuwɔnaa he ŋukpe va ƒomea dzi eye eya ŋutɔ va ge ɖe afɔku me.—Samuel II, 15:1-15; 16:20-22; 18:9-15.

Aglãdzedze ate ŋu ahe emetsonu gbegblẽwo ava wò hã dziwò. Bu nya si Biblia gblɔ na mí tso Nexemya ŋu kpɔ. Eƒe futɔwo dometɔ aɖewo di be yewoablee ade mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo me. Nukatae? Nexemya gblɔ be: ‘Be woagblẽ nye ŋkɔ ŋu eye woado ŋukpem.’ (Nexemya 6:13) Aglãdzedze ate ŋu ana nàxɔ ŋkɔ gbegblẽ—si asesẽ na amewo be woaŋlɔ be.

Nu vevi bubu enye ŋusẽ gbegblẽ si aglãdzenuwɔna ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi. Le go aɖe ya teti me la, àna dziwòlawo nase veve yakatsyɔ. (Lododowo 10:1) Wò nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe sɔhɛ bubuwo hã dzi. Ivan lɔ̃ ɖe edzi be: “Nye agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe tsɛnye dzi. Hena ɣeyiɣi aɖe la, eɖe eɖokui ɖa keŋkeŋ tso Kristo-hamea me, henɔ nusiwo wònya be mesɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu o la wɔm. Dzidzɔtɔe la, eva nyɔ le eɖokui me eye wòle Yehowa subɔm ake fifia kple dzidzɔ.”

Mɔ Nyuitɔ

Absalom fofovi Salomo ya ƒe agbenɔnɔ to vovo. Elɔ̃ faa be yeasrɔ̃ nu ɖokuibɔbɔtɔe tso fofoa, Dawid gbɔ. (Fiawo I, 2:1-4) Le esi Salomo nadi kafukafu na eɖokui teƒe la, ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui le Mawu gbɔ. Le ɣeyiɣi siwo katã me wòwɔ esia la, ehe bubu vɛ na eƒe ƒomea eye wova nyae nyuie be enye Israel-fia gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka.—Fiawo I, 3:4-14.

Salomo ƒe kpɔɖeŋu nyui la ɖo kpe nu eve dzi: Gbãtɔ, menye ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga tso wò ƒomea me tɔwo gbɔe ana nàxɔ ŋkɔ o, ke boŋ nusɔsrɔ̃ tso wò ƒomea me tɔwo ƒe ŋutetewo ŋui. Magazine si nye Adolescence gblɔ be: “Mele be ƒewuimenɔɣi nanye adzɔgenɔɣi tso dzilawo gbɔ kple susu be sɔhɛ nawɔ ŋkɔ na eɖokui o.” Magazinea yi edzi be, “dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu medoa kplamatse ŋkɔ wɔwɔ na ɖokuiwò ƒe ŋutete o ke boŋ ɖe wòdoa ŋusẽe.”

Dzidzɔtɔe la, Salomo ŋutɔ xlɔ̃ nu be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” (Lododowo 23:22) Edze ƒã be menye ɖevi suewoe Salomo nɔ nya sia ŋlɔm na o elabena kaka dzilawo ‘naku amegã kple nyagã’ la, anɔ eme be ɖevia zu ame tsitsi. Nufiame kae le eme? Ne ètsi hele ɖokuiwò si gɔ̃ hã la, dziwòlawo ƒe nunya agate ŋu aɖe vi na wò. Ivan ŋutɔ va de dzesi esia. Egblɔ be: “Esi mele tsitsim la, medzena agbagba be masrɔ̃ nu tso nu nyui siwo dzinyelawo wɔ me eye medzea agbagba be maƒo asa na woƒe vodadawo.”

Nu bubu si ŋu wòle be míade ŋugble le enye be menye Salomo ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yeawɔ “ŋkɔ” na ye ɖokui o, ke boŋ be yeadze Yehowa ŋu. Nyateƒee, wodi nu geɖe tso esi le esi wònye Dawid viŋutsu ta. Gake Salomo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋue kpe ɖe eŋu wòtsɔ eƒe agbanɔamedziwo. Nukpɔsusu ma ke va su Alexander si. Egblɔ be: “Meva lɔ̃ ɖe edzi azɔ be wodia nu geɖe tso hamemegãwo ƒe viwo si zi geɖe. Meɖoe be mawɔ esia ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nu, eye wòzu takpɔnu nam. Meva kpɔe be alesi Yehowa buam ye nye nu vevitɔ. Eyae nya amesi menye ke menye amesiwo medo ƒome kplii ɖeɖeko o.”

Daryn, amesi fofo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku *—suku si naa hehe dutanyanyuigblɔlawo—hã srɔ̃ alesi wòanɔ te ɖe ame dzilawo nyanya nyuie ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia nu. Egblɔ be: “Esi mexɔ nyɔnyrɔ la, Yehowae meɖe adzɔgbe na ke menye na ame bubu aɖeke o. Agbenɔnɔ ɖe nye adzɔgbeɖeɖea nu alesi mate ŋui na mekpɔa ememe ŋutifafa, esi menyae be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ŋunye ta, nenye be nyemete ŋu wɔ nusiwo katã dzinyelawo wɔ o hã.”

Fia Salomo gblɔ nya sia be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔwo adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” (Lododowo 20:11) Mlɔeba la, menye amesiwo dziwòlawo nye tae amewo aɖo ŋku dziwò o ke boŋ ɖe nusi nègblɔna hewɔna ta. Nye kpɔɖeŋu ‘le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.’ Ne èɖoa kpɔɖeŋu nyui la, amewo alɔ̃ wò eye woade bubu ŋuwò le amesi nènye ta!—Timoteo I, 4:12.

Gake le sɔhɛ bubuwo gome la, alesi woawɔ ado le wo nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu kpɔdzidzewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te enye woƒe kuxi. Nyati aɖe si míava ta adzro alesi woawɔ anɔ te ɖe kuxi sia nu me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 22 Yehowa Ðasefowoe ɖo Gilead Sukua hewɔa ɖoɖo ɖe eŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]

Nuxaxa koe wò aglãdzedze ado na dziwòlawo eye wòagblẽ wò ŋkɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wò kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ate ŋu aɖe vi na ame bubuwo