Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tomemi Alesi Wòle Vevie na Wòe

Tomemi Alesi Wòle Vevie na Wòe

Tomemi​—Alesi Wòle Vevie na Wòe

ÈBU alesi ame geɖe ƒe agbe anɔ ne tomemi kple nu vovovo siwo wotsɔnɛ wɔnɛ meli o ŋu kpɔa? * Wozãa ami si woɖe tso tomemi me tsɔ dea lɔriwo, gasɔwo, vidzĩtsɔkekewo, kple mɔ̃ bubu siwo ƒe akpa vovovowo trona me be wo me nabɔbɔ. Ami naa mɔ̃ ƒe akpa siwo trona le wo nɔewo ŋu melilia wo nɔewo ŋu xolixoli o eye enaa mɔ̃a ƒe akpa vovovowo megblẽna kaba o. Gake menye dɔ siwo ami wɔna katã koe nye esia o.

Woɖea mɔ̃memi si yameʋuwo, lɔriwo, kple dzoxɔxɔnamɔ̃wo zãna tsoa tomemi me. Tomemi le nusiwo wotsɔ wɔ atsyɔ̃ɖomi hamehamewo, aŋɔ siwo wosina na xɔ, nuŋlɔtsiwo, atikewo, aɖu siwo wodea nukuwo, kple aŋenu gbogbowo kpakple nu bubu geɖewo la me. Ame geɖe ƒe gbesiagbegbenɔnɔ ato vovo kura tomemi manɔmee. Mewɔ nuku o be numekuku aɖe ɖee fia be tomemi kple nusiwo woɖena tsoa eme “ƒe ŋudɔwɔnuwo asɔ gbɔ sasasã wu nu bubu ɖesiaɖe ƒe ŋudɔwɔnu le xexeame.” Mɔ ka nue míetona kpɔa tomemi? Afikae wòtso? Ɣeyiɣi didi kae ameƒomea le ezãm?

Biblia gblɔ na mí be ƒe akpe eve kple edzivɔ do ŋgɔ na Kristo la, Noa zɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi kpa aɖakaʋu gã aɖe hezã aŋɔ—si anye nusi woɖe tso tomemi me—tsɔ tree be tsi nagage ɖe eme o. (Mose I, 6:14) Babilontɔwo zãa nu bubu siwo woɖe tso tomemi me le woƒe anyikpe siwo wozãna tsɔ mea dzokpowoe la meme me, Egiptetɔwo zãnɛ le ami sisi na ame kukuwo me, eye blematɔ bubuwo zãnɛ le atikewɔwɔ me.

Amekae abui be tomenu sia ava zu nu xɔasi ŋutɔ le egbexexea me? Ame aɖeke mate ŋu agbe be egbegbe mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ƒe ŋgɔyiyi menɔ te ɖe tomemi dzi o.

Tomemi zazã le akaɖiwo me dzie wòto ami va zu ŋkɔ gã xɔla egbea. Tso keke ƒe alafa 15 lia me la, wozãa ami siwo wokuna le amido maglomaglowo me tsɔ siaa akaɖii le Baku, si nye egbegbe Azerbaijan ƒe fiadu me. Le ƒe 1650 me la, wokua ami le do siwo womeɖe wògoglo fũ o me le Romania, afisi wozãa ami si le abe kerosene ene tsɔ siaa akaɖii le. Kaka ƒe alafa 19 lia nama eme la, dukɔ ma kpakple dukɔ bubu siwo le Ɣedzeƒe Europa nɔ ami kum dzidzedzetɔe.

Le United States la, akaɖisinu si anyo wu didi tae ŋutsu aɖewo trɔ susu ɖe tomemi ŋu le ƒe 1800-awo me ɖo. Esɔ be ŋutsu siawo ƒo nya ta be be yewoakpɔ kerosene le agbɔsɔsɔ me adzra la, ele be yewoaku ami. Ale wɔ le ƒe 1859 me la, woku do aɖe heke ɖe ami ŋu dzidzedzetɔe le Pennsylvania. Amikudɔ dze egɔme megbemakpɔmakpɔe. Nukae va dzɔ emegbe?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Latingbe mee nya “tomemi” tso eye efia “kpetomemi.” Wozãnɛ na tomenu eve aɖewo siwo ƒe ŋusẽ de wo nɔewo ɖi ge—siwo nye gas si wokuna le tome, si woyɔna hã be methane, kpakple tomemia ŋutɔŋutɔ. Tomenu eve siawo katã toa anyigba ƒe teƒe siwo fe dona ɣeaɖewoɣi wokpɔna. Le ami gome la, ete ŋu nyea tsi lãhɛlãhɛ ƒomevi aɖe alo eƒe nɔnɔme dzena abe tsi toto léɣebia ene, alo nɔna abe aŋɔ yibɔ ene.

[Aɖaka si le axa 3]

TOMEMI—NUKAE WÒNYE?

Woɖe tomemi gɔme be “ami toto, si te ŋu léa dzo, si ƒe amadede me aŋutiɖiɖi kple nu yibɔ dze le, si nye gas, tsi, kpakple haidrodzin kple karbɔn babla ƒe tsakatsaka si nye dzɔdzɔmenu si le anyigbaa tome.” “Woate ŋu aɖe nu geɖe tso tomemi me, siwo ƒe ɖee nye gas, petrol, nulolotikewo, kerosene, mɔ̃memi, kple ami siwo wodena mɔ̃ me be eƒe akpa vovovo nabɔbɔ, nusi wotsɔna wɔa bosomikaɖiwɔnu, aŋɔ kple nuzazã bubu geɖe wɔnu siwo woɖena tsoa eme.”—The American Heritage Dictionary of the English Language.