Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tomemi—Ava Vɔ Gbaɖegbea?

Tomemi—Ava Vɔ Gbaɖegbea?

Tomemi​—Ava Vɔ Gbaɖegbea?

“[Dzɔdzɔmeŋusẽ] manɔmee la, adzɔnuwo manya wɔ o . . . Womate ŋu awɔ kaa, agbatsɔʋu, keteke, meli alo yameʋu aɖeke o . . . Dzɔdzɔmeŋusẽ manɔmee la, aƒewo me afa miamiamia eye akaɖi manɔ anyi o, nu manya ɖa o. . . . Dzɔdzɔmeŋusẽ vovovowo manɔmee la, anye ne míegale Kpenuwo Zazã ƒe Ɣeyiɣia me.”—“Anyigbaŋutinumekuku si United States Wɔ le 2000 me tso Xexeame ƒe Aminyawo Ŋu.”

DZƆDZƆMEŊUSẼŊUNYALAWO le gbɔgblɔm be tomemi ava vɔ keŋkeŋ mlɔeba. Wo dometɔ aɖewo bu akɔnta be ƒe 63 va ɖo 95 koe woagate ŋu aku ami si kpɔtɔ le tome le xexeame godoo ko wòavɔ keŋkeŋ. Ke hã wole dzɔdzɔmeŋusẽ bubuwo zazã ƒe mɔnuwo dim fifia, eye ƒe geɖee nye sia wole wo dometɔ aɖewo ŋudɔ wɔm. Dzɔdzɔmeŋusẽtsoƒe siwo teƒe bubu xɔna ɖo kaba ne esi zãm wole vɔ—dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: ɣeŋusẽ, ya, yameŋusẽ, tsisisimeŋusẽ, kple atsiaƒumeŋusẽ. Gake fifia la, kuxi gãwo le ŋusẽ ɖeɖe tso wo me ahaɖo ɖe teƒe vovovowo me.

Mɔkpɔkpɔ boo aɖeke meli be ne wowɔ dzɔdzɔmeŋusẽ siwo vɔna keŋkeŋ ŋudɔ wovɔ la woate ŋu atrɔ ɖe esiwo mevɔna o ŋu o. Amikuhawo le klalo aku esi susɔ le ɣeyiɣi kpui si wobu akɔnta be anɔ anyi la me. Nublanuitɔe la, susu geɖewo li si ta míakpɔ mɔ be hadome kple nutome kuxi siwo amikuku hena vɛ la anɔ anyi zi alesi woyi edzi le ekum. Edze ƒã be menye amia gbɔe kuxia tso o. Ke boŋ amegbetɔ ƒe ŋukeklẽ kple ŋusẽ didi vivivoe na ami va zu kuxitsoƒe.

Dzidzɔtɔe la, alesi aminyawo ava nɔ le etsɔme—le nyateƒe me, le dzɔdzɔmeŋusẽwo katã tsoƒe gome—mele dukɔwo ƒe asime o. Mlɔeba la, anyigbaa Wɔla kple Etakpɔla, Yehowa Mawu ƒe asimee wòanɔ, amesi do ŋugbe be eteƒe madidi o nutome kple hadome kuxi siwo anyigba dzi nuwo zazã kple wo zazã le mɔ gbegblẽ nu hena vɛ la katã nu ayi gbidii. (Nyaɖeɖefia 4:11) Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ɣeyiɣia gogo be Mawu “natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.” Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dziɖuɖu ahe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” vɛ, xexe si me ɖokuitɔdidi nuwɔna kple madzɔmadzɔnyenye aɖeke manɔ o, afisi woazã anyigba dzi nuwo ɖokuitɔmadimaditɔe le be wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã.—Nyaɖeɖefia 11:18; 21:1-4.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Dzɔdzɔmeŋusẽ ƒomevi bubuwo dometɔ aɖewoe nye ɣe kple yaŋusẽnamɔ̃wo