Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tomemi—Yayra Kple Fiƒode Wònyea?

Tomemi—Yayra Kple Fiƒode Wònyea?

Tomemi​—Yayra Kple Fiƒode Wònyea?

ALEKE gbegbee dukɔ deŋgɔwo nɔ te ɖe tomemi kple nusiwo wotsɔnɛ wɔnɛ dzii? Ami—kpakple gas—le vevie na wo ale gbegbe, eye abe alesi Daniel Yergin gblɔe le eƒe agbalẽ si nye The Prize mee ene la, esia na wova zu “Haidrodzin Kple Karbɔn Dukɔwo.” Wò ya bu dzoxɔxɔnamɔ̃memi, grease bosomikaɖiwɔnu, aŋɔ, kple nusiwo wotsɔna tomemi me nuwo wɔna—yameʋuwo, lɔriwo, tɔdziʋuwo, nutreŋɔwo, aŋɔsisi, polyester-vɔwo, kamedefɔkpawo, fefenuwo, ama si wodea nui, aspirin, ami ʋeʋẽwo, atsyɔ̃ɖomiwo, agba siwo dzi woléa nya ɖo, kɔmpiutawo, televisionwo, kple telefonwo ŋu—kpɔ ko. Ame geɖe wɔa nuzazã 4,000 kple edzivɔ siwo woɖe tso tomemi me, siwo kpɔ ŋusẽ gã ɖe egbexexea dzi la dometɔ geɖe ŋudɔ gbesiagbe. Ke nusiwo tomemi gblẽna le nu gbagbe ƒomevi vovovowo kple wo nɔƒewo ŋu tso esime wodze ekuku gɔme ya ɖe?

Fia si “Meɖua Fia Nublanuikpɔkpɔtɔe Ɣesiaɣi O”

Le ƒe 1940 ƒe nuwuwu esime aʋa di be yeadzɔ ɖe Romania kple Hungary dome la, Nazi dzizizidziɖula Adolf Hitler wɔ kaba abe wo domee wòdi be yeadzra ɖo ene. Ðetsɔtsɔ le eme na wo taea? Le nyateƒe me la, ɖe Hitler di be yeakpɔ egbɔ be Romaniatɔwo ƒe amikuƒewo nagava zu Soviet Union dukɔa tɔ o. Ami ganye susu sẽŋu aɖe le nusiwo ta Iraq-dukɔa va dze Kuwait dzi le ƒe 1990 me dome, eye eya ke tae dukɔ bubuwo va kpe ɖe Kuwait-dukɔa ŋu ɖo. Nudzɔdzɔ siawo menye nya yeye kura o. Zi geɖe la, agbagbadzedze be woakpɔ ŋusẽ ɖe amikuƒewo dzie hea aʋawɔwɔ kple fukpekpe vɛ.

Menye ɖeko ami le vevie le egbegbe gbenɔnɔ me o ke boŋ enye nu vevi aɖe na dunyahelawo eye ame ʋɛ siwo nye ŋusẽtɔwo tsɔ ɖe le eme etɔxɛe. Abe alesi Mɔ̃memi Ðoɖedutadukɔwo ƒe Habɔbɔ (OPEC, le Eŋlisigbe me) gblɔ nyitsɔ laa enee la, ami menye nu tsɛ aɖe ko o, “ke boŋ enye dzɔdzɔmenu vevi aɖe le dunyahehe kple asrafo nyawo me.” Woxɔa tomemi dzadzra le dukɔwo dome ƒe mɔnukpɔkpɔ le dukɔ aɖewo si ɣeaɖewoɣi, tsɔ ɖoa asi wo dzi alo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi le dunyahenyawo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋɔdzinuwɔlawo dzea amikuƒewo, amiɖaƒewo, kple amitsɔʋuwo dzi—si me tsonuwo gblẽa nu le anyigbaa ŋu vevie zi geɖe.

Woyɔ amikudɔ de dɔwɔna siwo me ya si woyɔna be carbon dioxide dona le hegblẽa nu le anyigbaa ŋu la dome, si ate ŋu ana yame ƒe nɔnɔmewo le xexeame godoo natrɔ. Le PEMEX (Mexico-Dukɔa ƒe Amiɖaƒe), si nye amiɖaƒe gãtɔwo kekeake siwo le xexeame dometɔ ɖeka, ƒe nyatakaka aɖe nu la, amiɖaɖa hea ɖiƒoƒo geɖe vɛ. Togbɔ be wotrɔ asi le petrol ŋu be ɖiƒonu siwo nɔa eme dzi ɖe kpɔtɔ fifia wu tsã—ƒe ade kloe le Kyoto Takpekpea, si me dukɔ 161 kpe ta le be woawɔ afɔɖeɖe atsɔ akpɔ xexeame ƒe dzoxɔxɔ ƒe ŋɔdzia gbɔe megbe—hã la, ame geɖe sena le wo ɖokui me be tɔtrɔ boo aɖeke meva o. Ke hã OPEC gblɔ be “amie he kesinɔnu kple nudzedziname siwo me” dukɔ geɖewo “le vivi sem le egbea la vɛ.” Gake alea wònɔna ɣesiaɣia?

Ame aɖewo atɔ asi nusiwo amidowo ɖeɖe kple pɔmpi siwo me wotsɔa wo tonae la ɖiɖi gblẽ la dzi. Ame aɖewo hã atɔ asi alesi dɔmakpɔwɔe le dzidzim ɖe edzi le Saudi Arabia, si nye dukɔ si me ami le wu dukɔ ɖesiaɖe la dzi. OPEC ƒe zimenɔla, Alí Rodríguez Araque gblɔ be: “Dukɔ deŋgɔwo ƒe dziɖuɖuwo le nusiwo wobia tso amikulawo, amiɖalawo, kple ezãlawo si la ŋudɔ wɔm bliboe.”

CorpWatch, si nye habɔbɔ si tsɔa nya ɖe adzɔhawo ŋu, le nyawo abe nutoa me ta kpɔkpɔ ene gome, la gblɔ be: “Ami kpɔtɔ nye Fia. Gake meɖua fia nublanuikpɔkpɔtɔe ɣesiaɣi o.”

Aleke nuwo ava yii le ami gome le etsɔme?