Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa?

Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa?

Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa?

“Ðeko nyemekpe fu wɔ dɔ kpɔ nane o, woxɔa akpa gãtɔ le asinye.”​—Babilontɔwo ƒe lododo, ƒe 2300 D.M.Ŋ. lɔƒo.

“Kakaɖedzi mele naneke ŋu le xexe sia me wu ku kple adzɔxexe o.”​—Benjamin Franklin, United States dziɖuɖumegã, ƒe 1789.

REUBEN nye fiasemenudzrala. Ƒe sia ƒe la, fetu si wòkpe fu wɔ dɔ xɔ la ƒe akpa etɔ̃lia kloe yina ɖe adzɔxexe me. Efa konyi be: “Nyemenya afisi tom ga siawo katã le o. Togbɔ be dziɖuɖua ɖea ga gbogbo aɖe le míaƒe fetu me hã la, míele ŋgɔyiyidɔ boo aɖeke kpɔm o.”

Gake èlɔ̃ alo mèlɔ̃ o, adzɔxexe nye agbe ƒe akpa aɖe. Agbalẽŋlɔla Charles Adams gblɔ be: “Tso keke esime ŋkuʋuʋu dze egɔmee dziɖuɖuwo toa mɔ geɖewo nu xɔa adzɔ le amewo si.” Amewo doa dziku le adzɔxexe ta zi geɖe eye enaa wodzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋu ɣeaɖewoɣi. Blema Britaintɔwo ʋli nya kple Romatɔwo gblɔ be: “Enyo na mí ne miewu mí gɔ̃ hã tsɔ wu be miatsɔ adzɔxexe ado agbae na mí!” Le France la, adzɔ si woka na amewo ɖe dzeƒeƒle ŋue he Franseawo ƒe Aglãdzedzea vɛ, eye ena wotso ta le adzɔxɔlawo nu. Aglãdzedze le adzɔxexe ta hã wɔ akpa aɖe le aʋa si United States kpe kple England be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ me.

Mewɔ nuku o be amewo kpɔtɔ doa dziku le adzɔxexe ta vaseɖe egbea. Numekulawo gblɔ be zi geɖe le dukɔ madeŋgɔwo me la, adzɔxɔmɔnuwo “mewɔa dɔ nyuie o” eye “womesɔ o.” Numekula aɖe gblɔ be Afrika dukɔ dahe aɖe li si me “adzɔ vovovo 300 le woxɔna, eye exɔxɔ dzikpɔɖoɖo mekpɔa dzidzedze o, aleke kee exɔlawo nya dɔe o. Adzɔxɔxɔ kple ŋkuléle ɖe eŋudɔwɔwɔ ŋu ƒe mɔnu aɖeke meli o alo ne woli hã womezɔna ɖe wo dzi o, . . . si na be amewo kpɔ mɔnu gblẽa gaa dome.” BBC Nyadzɔdzɔgblɔha ka nya ta be le Asia dukɔ aɖe me la, “nutome dziɖuɖumegãwo kaa adzɔ . . . manɔsenu gbogbo aɖewo na amewo—tso adzɔxexe ɖe akɔɖugbledede ta dzi yi hawuwu adzra dzi—be yewoatsɔ ado nutoa me ganyawo ɖe ŋgɔe [adzii ɖe edzi] alo be woatsɔ ade woa ŋutɔwo ƒe kotoku me.”

Alesi kesinɔtɔwo le ho kpɔm ɖe edzi eye hiãtɔwo le ahe dam ɖe edzi naa amewo doa dziku. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ si nye Africa Recovery gblɔ be: “Vovototo geɖe siwo le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo ƒe ganyawo me la dometɔ ɖekae nye be esi dukɔ deŋgɔwo naa gakpekpeɖeŋu agbledelawo la, dukɔ madeŋgɔwo ya xɔa adzɔ le agbledelawo si. . . . Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe numekukuwo ɖee fia be gakpekpeɖeŋu si United States dziɖuɖua ɖeɖe naa agbledelawo le ƒe ɖeka me sɔ gbɔ dɔlar [miliɔn] 250 wu ga si Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔwo kpɔna ƒe sia ƒe tso ɖetifu dzadzra na dutadukɔwo me.” Eyata agbledela siwo le dukɔ madeŋgɔwo me ado dziku ne woƒe dziɖuɖu xɔa adzɔ ɖe ga sue si kpɔm wole la ta. Agbledela aɖe si le Asia dukɔ aɖe me gblɔ be: “Ɣesiaɣi si [dziɖuɖumegãwo] ava afisia la, míenyana xoxo be ga tae wova ɖo.”

Nenema ke esi dziɖuɖua ka adzɔ na agbledelawo be woaxe ɖe anyigba ta le South Africa la, amewo do dziku vevie. Agbledelawo ɖoe be yewoatsɔ nyaa ayi ʋɔnui. Agbledelawo ƒe nyanuɖela gblɔ be adzɔ sia “ana agbledelawo naɖu agba eye wòana agbledɔwɔlawo makpɔ dɔ awɔ o.” Ɣeaɖewoɣi la, adzɔxexe ƒe dzi veve na amewo kpɔtɔ hea ʋunyaʋunyawɔwɔ dea amewo dome egbea gɔ̃ hã. BBC Nyatakakawo gblɔ be: “Wowu agbledela [Asiatɔ] eve le ƒe si va yi me esime kpovitɔwo va dze kɔƒe aɖe si me agbledelawo nɔ gbɔ lɔm tsi tre ɖe adzɔxɔxɔ le wo si vivivo ŋu la dzi.”

Gake menye hiãtɔwo koe doa dziku le adzɔxexe ta o. Numekuku aɖe si wowɔ le South Africa ɖee fia be gatɔ geɖewo “mele klalo be yewoaxe adzɔ bubu siwo wogakana na wo o—ne ɖe adzɔa maxemaxe ana be dziɖuɖua mate ŋu awɔ dɔ vevi siwo wòle be wòawɔ na wo o la gɔ̃ hã.” Nyadzɔdzɔgbalẽwo kaa nya ta tso xexeame hadzila, sinimawɔla, kamedefefewɔla, kple dunyahela xɔŋkɔwo ƒe sisi le adzɔxexe nu ŋu. Agbalẽ si nye The Decline (and Fall?) of the Income Tax gblɔ be: “Nublanuitɔe la, míaƒe dziɖuɖumegã xɔŋkɔwo, míaƒe dukplɔlawo, gɔ̃ hã meɖoa kpɔɖeŋu nyui si ade dzi ƒo na dukɔmeviwo be woawɔ ɖe adzɔxesewo dzi o.”

Ðewohĩ wò hã èsenɛ le ɖokuiwò me be adzɔ siwo woxɔna le amewo si la sɔ gbɔ akpa, womesɔ o, eye be wowu tsɔtsɔ na amewo. Ekema aleke wòle be nàbu adzɔxexee? Ðe adzɔxexe kpɔa taɖodzinu nyui aɖe gbɔa? Nukatae wòdzena zi geɖe be adzɔxexe ŋuti ɖoɖowo sesẽ akpa eye be womesɔ o? Nyati siwo kplɔe ɖo dzro biabia siawo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Le dukɔ madeŋgɔwo me la, ame dahewo dzie adzɔxexe masɔmasɔwo ƒe agba te ŋu nɔna wu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Godo-Foto