Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe?

Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe?

Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE PHILIPPINES GBƆ

Eƒe lãme gblẽ vevie. Dɔléle ƒe dzesi vovovowoe dze le eŋu. Ele ya ɖem. Eƒe asrãdɔa nu sẽ wu tsã. Agbagba siwo katã dzem wole be woana wòaka ɖe eme nɛ zu dzodzro. Wokpɔ aɖi le eƒe lãmetsiwo me. Ne woda dɔa le akpa aɖe la, dɔ bubuwo gadona le akpa bubuwo. Ne ame ŋutɔŋutɔe le dɔ sia lém la, ɖeko ɖɔktawo agblɔ be dɔléle vovovo siawo nye dɔmavɔleameŋu kple dɔvɔ̃. Esi naneke megali woawɔ o ta la, ɖeko woaɖe afɔ siwo ana dɔnɔa ƒe dzi nadze eme alesi wòanya wɔe vaseɖe eƒe kugbe.

GAKE menye ame ŋutɔŋutɔe dɔnɔ sia nye o. Míaƒe aƒe—si nye anyigba lae. Nudzɔdzɔ sia ɖɔ nusi tututu le dzɔdzɔm ɖe míaƒe ɣletinyigba sia dzi nyuie. Ya ƒe ɖiƒoƒo, xexeame ƒe dzoxɔxɔ, tsi ƒe ɖiƒoƒo, kple aɖinuwoe nye míaƒe anyigba sia ƒe dɔléleawo dometɔ ʋɛ aɖewo. Abe ɖɔkta siwo míeyɔ va yi ene la, eŋutinunyala bibiwo tɔtɔ le nusi woawɔ ŋu.

Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒoa nu tso míaƒe ɣletinyigba sia ƒe lãmegbegblẽ ŋu enuenu le nyati siwo gbɔna te: “Tɔgɔmetu dada be woatsɔ aɖe lãe na tɔgɔme va zu lãwo tsrɔ̃ƒe.” “Tsikɔ Ate Ŋu Awu Asiatɔ Biliɔn Ðeka le ƒe 24 Megbe.” “Wotsɔa aɖinu tɔn miliɔn blane yia xexeame ƒe teƒeteƒewoe ƒe sia ƒe.” “Aɖi ge ɖe tsivudo 1,800 siwo le Japan dometɔ eve kloe le etɔ̃ ɖesiaɖe me la me.” “Do si Wokpɔ le Ya si Xea Ɣe ƒe Keklẽ Nu me le Antarctic Galolo ɖe Edzi.”

Afɔku si dze ŋgɔ nutoa ŋuti nyadzɔdzɔ siwo wogblɔna edziedzi va ma to na ame aɖewo eye wogblɔna kura gɔ̃ hã be ‘Gbɔnye nya kae wòtsɔ, nya mawo meku ɖe ŋunye o.’ Gake míede dzesii alo míeɖade dzesii o, anyigba dome gbegblẽ atraɖii kpɔa ŋusẽ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe agbe dzi. Esi míaƒe ɣletinyigba dome gbegblẽ va le agbogbo dom ɖe edzi fifia ta la, anɔ eme be ele nu gblẽm le míaƒe agbe ƒe akpa aɖewo ŋu xoxo. Esia tae wòle be amesiame natsɔ ɖe le míaƒe aƒea ƒe dedienɔnɔ kple etakpɔkpɔ me. Ne èbu eŋu kpɔ la, afika gɔ̃e míayi aɖanɔ?

Aleke gbegbee kuxia keke tae? Aleke gbegbee anyigba la ƒe lãmegbegblẽa le? Aleke esia le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo ƒe agbe dzii? Mina míadzro nu ʋɛ aɖewo siwo ana míase nusitae míagblɔ be menye lãmegbegblẽ vi aɖe koe le fu ɖem na míaƒe anyigba la o, ke boŋ dɔléle sesẽ aɖee le fu ɖem nɛ la me.

ATSIAƑU: Woɖe lã geɖe le atsiaƒua ƒe akpa gãtɔwo me akpa. Nyatakaka si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Yamenutome Ðoɖowɔha na gblɔ be, “lãɖehawo ɖe lãwo ƒiaƒiaƒia le atsiaƒu ƒe alafa memama 70 me ale gbegbe be tɔmelãwo magate ŋu adzi wòasɔ gbɔ o alo adzi ɖe edzi aɖo esi woɖe teƒe o.” Le nyateƒe me la, tɔmelã siwo nye cod, hake, dzoɖu kple flounder ƒe agbɔsɔsɔ le Dziehe Atlantik dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 95 sɔŋ le ƒe 1989 kple 1994 dome. Ne nusia yi edzi la, ekema nukae wòafia na ame miliɔn nane siwo nɔa agbe ɖe tɔmelãwo dzi hena woƒe nuɖuɖu vevi la dzii?

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wobu akɔnta be wogblẽa tɔmelã miliɔn 20 va ɖo miliɔn 40 dome ƒe sia ƒe ne wolé wo eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe atsiaƒugã la me—eye zi geɖe la, wodea abi wo ŋu alo wokuna. Nukatae wowɔa esia ɖo? Woɖea wo kpakple tɔmelã siwo dim wole gake womedi woawo ya o.

AVEWO: Avewo tsɔtsrɔ̃ gblẽa nu geɖe ŋutɔ. Atiwo tsɔtsrɔ̃ ɖea ŋutete si le anyigba ŋu be wòaxɔ ya si nye carbon dioxide la dzi kpɔtɔna eye esia hea xexeame ƒe dzoxɔxɔ vɛ. Numiemie ƒomevi aɖewo siwo me wokpɔa atikewo tsonae maganɔ anyi o. Ke hã ɖeko avewo tsɔtsrɔ̃ le edzi yim madzudzɔmadzudzɔe. Le nyateƒe me la, avewo tsɔtsrɔ̃ dzi ɖe edzi le ƒe siawo me. Eŋutinunyala aɖewo se le wo ɖokui me be ne esia yi edzi la, anyigba xɔdzo dzi vewo atsrɔ̃ le ƒe 20 lɔƒo me.

AÐIÐUÐƆWO: Kɔlili gbeɖuɖɔ siwo me aɖi le ɖe anyigba dzi kpakple wokɔkɔ ɖe atsiaƒu me nye kuxi gã aɖe si ate ŋu agblẽ nu le ame miliɔn nanewo ŋu. Nuklianugbegblẽwo, gakpo siwo me aɖi le, kpakple aŋenugbegblẽwo nye nusiwo gblẽa nu le ame ŋu, hea dɔléle, alo ku vɛ na amegbetɔwo kple lãwo siaa.

ATIKEWO: Le ƒe 100 si va yi me la, woto atike yeye siwo ade 100,000 kloe vɛ. Atike siawo va gena ɖe míaƒe ya, anyigba, tsi, kple nuɖuɖu me. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe wodo kpɔ be wònyo na míaƒe lãmesẽ hã. Gake wode dzesi wo dometɔ geɖe be woate ŋu ahe kansa alo dɔléle bubuwo vɛ.

Nu bubu geɖe li siwo nye ŋɔdzi na míaƒe nutoa me: ya ƒe ɖiƒoƒo, tsiƒoɖi siwo ŋu wometrɔ asi le o, aɖitsi ƒe dzadza, tsi nyui ƒe anyimanɔmanɔ, kple bubuawo. Ʋɛ siwo míeyɔ va yi ɖeɖe ɖo kpe edzi be míaƒe anyigba la dze dɔ. Ðe woate ŋu ayɔ dɔea, alo wɔna aɖeke megali oa?