Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi?

Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi?

“Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.”​—ROMATƆWO 7:21.

LE APOSTOLOAWO katã dome la, ɖewohĩ Paulo ye dze agbagba vevie wu le dzidedeƒo na ame bubuwo be woawɔ ɖe Kristotɔnyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi me. (Korintotɔwo I, 15:9, 10) Ke hã, elɔ̃ ɖe nya si le etame la dzi nyateƒetototɔe. Ekpɔe be avuwɔwɔ aɖe yia edzi ɣesiaɣi le yeƒe susu kple yeƒe dzodzro vɔ̃wo dome. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔ abe apostolo Paulo enea? Le nyateƒe me esi míenye nuwɔwɔ madeblibowo ta la, mía dometɔ kae mesea ememe avuwɔwɔ sia le eɖokui me o?

Le ame geɖe gome la, nu sesẽ ŋutɔe avuwɔwɔ be woaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi nye. Ame aɖewo wɔa vu kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro sẽŋu si le wo me. Ame bubuwo zu kluvi na tsatsadada, atama, atikevɔ̃ɖiwo, alo aha muame ƒe numamewo. Ne dzodzro vɔ̃ makɔmakɔwo le fu ɖem na mí ɖe, nukae míate ŋu awɔ aɖu wo dzi? Kpekpeɖeŋu kae li? Ðe avu si wɔm míele kple dzodzro vɔ̃wo nu ayi gbaɖegbea?

Lɔlɔ̃​—Nu Vevi si Naa Woɖua Dzodzro Vɔ̃wo Dzi

Yesu na wonya se vevitɔ eve siwo le Mose ƒe Sea me. Gbãtɔe nye: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Ne míelɔ̃ Mawu abe alesi Yesu gblɔe be ele be míawɔe ene la, ɖe míadi vevie be míadze Eŋu oa? Ne ele alea la, ke didi nyui ma akpe ɖe mía ŋu le avuwɔwɔ kple dzodzro vɔ̃ɖitɔwo kekeake gɔ̃ hã me! Menye didi be woawɔ nu nyui ƒe nukpɔsusu dzro koe nufiafia sia nye o. Kristotɔ miliɔn geɖe kpɔa dzidzedze gbesiagbe le avuwɔwɔ kple dzodzro vɔ̃wo me. Aleke nàte ŋu atu lɔlɔ̃ sẽŋu ma ɖo na Mawu? To ŋugbledede ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ɖe eƒe nyuiwɔwɔ si dze le eƒe nuwɔwɔ, Biblia, kple alesi wòwɔa nu kple mí ɖekaɖekae ŋu me.—Psalmo 116:12, 14; 119:7, 9; Romatɔwo 1:20.

Se vevitɔ evelia si Yesu yɔ enye: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Apostolo Paulo gblɔ be lɔlɔ̃ “mewɔa nusi medze o” eye “media ye ŋutɔ tɔ o.” Eyata ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ sia kpena ɖe mía ŋu míetsria nuwɔna ɖesiaɖe si agblẽ nu le ame bubuwo ŋu. (Korintotɔwo I, 13:4-8) Aleke míate ŋu atui ɖoe? To mía ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖo ame bubuwo teƒe kple ɖetsɔtsɔ le woƒe seselelãme kple nyonyo mavɔ me anukwaretɔe mee.—Filipitɔwo 2:4.

Kpekpeɖeŋu Kae Li?

Esi wònye Mawu sea alesi gbegbe nu nyui wɔwɔ sesẽna na míi gɔme ta la, ewɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunamɔnu geɖe ŋu na mí. To eƒe Nya si woŋlɔ, Biblia dzi la, efiaa mí be míalé fu nu vɔ̃ɖi ahade bubu deto eyama ŋu. (Psalmo 86:11; 97:10) Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me siwo ɖe nu gbegblẽ siwo dona tsoa mɔɖeɖe ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu me fia. Hekpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be Mawu ana ŋusẽ gãtɔ kekeake si le xexeame, si nye Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si doa ŋusẽ ame la mí, ne míebiae. (Luka 11:13) Ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ nu nyui. Kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname si míate ŋu axɔ tso Kristotɔ bubu siwo hã le tsitre tsim ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu gbɔ nye kpekpeɖeŋu bubu. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui siawo tsɔtsɔ ɖɔli manyomanyoawoe kpena ɖe mía ŋu le nu nyui wɔwɔ ƒe ʋiʋli la me. (Filipitɔwo 4:8) Ðe afɔɖeɖe sia ɖea vi ŋutɔŋutɔa?

De ŋugble le Fidel, si wonya nyuie be enye ahanomunɔtɔ le eƒe nutoa me ŋu kpɔ. Enoa atama, daa tsatsa, hedaa kɔ kple amewo ne emu aha. Biblia si Yehowa Ðasefowo srɔ̃ kpli kpe ɖe eŋu wòɖu nuwɔna siawo dzi. Ele agbe si nyo wu nɔm fifia kple srɔ̃a kpakple via eveawo.

Ðewohĩ ame aɖe abia be, ‘Ke ne dzodzro vɔ̃ aɖe gaɖu dzinye ake le edziɖuɖu megbe ɖe?’ Apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso alesi ema ate ŋu adzɔe ŋu. Eŋlɔ be: “Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Ẽ, Yesu ƒe vɔsa tsyɔa amesi trɔa dzime hedzea agbagba vevie be yeawɔ tɔtrɔwo ale be yeadze Mawu ŋu la ƒe vodadawo dzi. Esi mɔnuɖoɖo sia li ta la, ɖe susu nyui aɖe li si tae ame aɖe ana ta le nu nyui wɔwɔ ƒe aʋa la mea?

Dzodzro Vɔ̃wo Nu Ava Yi

Ne míetu lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi ɖo hewɔ kpekpeɖeŋu si Mawu nana ŋudɔ nyuie la, míate ŋu akpɔ dzidzedze fifia gɔ̃ hã le avuwɔwɔ kple dzodzro vɔ̃wo me. Gawu la, Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be ʋiʋli sia manɔ anyi ɖaa tegbee o. Eteƒe madidi o, woayɔ dɔ amesiwo wɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ me mɔnuɖoɖowo ŋudɔ nyuie la keŋkeŋ, le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. (Nyaɖeɖefia 21: 3-5; 22:1, 2) Woana woavo tso nuvɔ̃ kple ku si wòhena vɛ la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. (Romatɔwo 6:23) Gake amesiwo ɖonɛ koŋ ɖea mɔ ɖe dzodzro vɔ̃ makɔmakɔwo ŋu maxɔ yayra mawo o.—Nyaɖeɖefia 22:15.

Aleke gbegbee wòfaa akɔe nye esi be míanya be míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo tegbee o. Woaɖe wo ɖa keŋkeŋ tegbee. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si ema anye!