Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woakpɔ Anyigba La tae

Alesi Woakpɔ Anyigba La tae

Alesi Woakpɔ Anyigba La tae

TOGBƆ BE edze abe etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke meli na anyigba o ene hã la, míebua mɔkpɔkpɔ o. Ne èbu eŋu kpɔ la, míaƒe aƒe koe wògakpɔtɔ nye—eye míele mɔ kpɔm be anye afisi mía viwo kple wo viwo anɔ. Ðe nane li míate ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ mɔkpɔkpɔ ma?

Nya lae nye be esime ame akpa gãtɔ tsi dzi vevie ɖe nutoa ŋu la, mekpea lãme na ame aɖewo ya be woakɔ gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi, ɖe tɔsisiwo me, alo agblẽ akaɖiwo ɖi ne womele wo zãm gɔ̃ hã o. Nu mawo adze nu vi aɖe ko, gake ne ɖe ame biliɔn nane siwo le anyigba dzi la dometɔ ɖesiaɖe alé ŋku ɖe alesi wòwɔa nui ɖe anyigba ŋu la, anye ne tɔtrɔ geɖe ava hafi. Nusiwo nye dzɔdzɔmeŋusẽ ŋudɔwɔwɔ nyuie, asikpekpe ɖe nuwo ŋudɔwɔwɔ ake ƒe ɖoɖowo ŋu, gbeɖuɖɔ kɔkɔ ɖe afisi sɔ ate ŋu awɔ akpa gã aɖe le nutoa ta kpɔkpɔ me. Míate ŋu ato míaƒe nɔnɔmewo dzi aɖee afia be míetsɔ ɖe le anyigba me fifia.

Gake míate ŋu awɔ nu boo aɖeke tso ame akpa gãtɔ siwo ƒo xlã mí ƒe nuwɔnawo ŋu o. Ðe esia fia be wɔna aɖeke megali kura oa?

Egbɔkpɔnu Gãtɔ Tu Aƒe

Nya si Thilo Bode, amesi nye Greenpeace habɔbɔ teƒenɔla gblɔ woŋlɔ ɖe Time magazine me ku ɖe nutoa me ƒe kuxia ŋu tẽ: “Míaƒe taɖodzinu vevitɔ enye be adzɔhawo nabu alesi woawɔ akɔ woƒe gbeɖuɖɔwo ɖe afisi sɔ la ŋu nyuie. Ele be woabu nu etɔ̃ ŋu: nuwo wɔwɔ, wo ŋudɔwɔwɔ kple afisi woakɔ wo ɖo ne wowɔ wo ŋudɔ vɔ.” Nublanuitɔe la, míenya alesi míawɔ adzɔnuwo, míenya wo ŋudɔwɔwɔ, gake míekɔa woƒe gbeɖuɖɔawo ɖe afisi sɔ o. Le go aɖewo me la, ɖeko amewo menya alesi woawɔ esia nyuie o.

Gbɔdzɔgbɔdzɔwo le amegbetɔwo ŋu, gake mele nenema le anyigba Wɔla ya gome o. Eɖe Eƒe nunya deŋgɔa fia le nuwɔwɔ siwo míekpɔna le anyigba dzi egbea la me. Enya alesi wotoa nu vɛ, alesi wowɔa eŋudɔ, kple afisi woakɔ gbeɖuɖɔwo ɖo wòasɔ nyuie. Mɔnu siwo wòwɔ ŋutɔ wɔa dɔ le wo ɖokui si. Nuku miena, eye numiemie tsina va tsea ku. Ekuna emegbe—emenuwo katã nyunyɔna eye meƒoa ɖi xexeame o eye woagate ŋu awɔ eŋudɔ ake. Esiae nye nuwo ŋudɔwɔwɔ ake ƒe mɔnu nyuitɔ kekeake! Aɖi aɖeke manɔmee!

Wɔla la meɖoe be anyigba la nagblẽ wòazu gbeɖuɖɔkɔɖoƒe afisi manya nɔ o. Míexlẽ le Biblia me, le Yesaya 45:18 be: “Ale Yehowa [gblɔ esi], . . . eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.”

Ne ɖe Mawu wɔ anyigba be woanɔ edzi la, ekema nukatae wògblẽe ɖi wòɖo nɔnɔme wɔnublanui sia me? Biblia gblɔ be woda ame ɖe paradiso me le gɔmedzedzea me. Le nyateƒe me la, Mawu ɖo tame be Paradiso sia nakeke aɖo anyigba ƒe afisiafi ne amewo nanɔ edzi. (Mose I, 1:28) Gake aglãdzedze va do mo ɖa. Ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔwo medi be yewoayi edzi anɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te o.

Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woate woawo ŋutɔ ƒe dziɖuɖu akpɔ. Emetsonuawo enye esiawo kpɔm míele egbea, kpododonu si me afɔku lee. Amegbetɔwo ɖee fia wòdze kɔte be womate ŋu akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ o. Womate ŋu ada emetsonuawo ƒe agba ɖe Mawu dzi o. Nusi Biblia gblɔ nye nyateƒe le amegbetɔwo katã ŋu be: “Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o; dzidzime baɖa kple ame gbegblẽwo wonye!”—Mose V, 32:5.

Ke hã Mawu meŋe aɖaba ƒu alesi wole anyigba gblẽm la dzi o. Aɖe afɔ hafi wòatsi megbe akpa, eye awɔ esia hafi anyigba nava zu afisi manya nɔ o. Aleke míewɔ nya? Nyaɖeɖefia 11:18 gblɔ be: “Dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye . . . ɣeyiɣi la ɖo, . . . be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.” Woatɔ te anyigba dome gbegblẽ.

Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo be anyigba nazu paradiso agava eme godoo. Mawu ɖe esia fia to nya siwo wògblɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: ‘Nye nya, si do tso nye nu me . . . magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.’ (Yesaya 55:11) Adzɔ dzi na wò be nàxlẽ Yesaya ta 35 afisi Mawu ƒo nu tso alesi woagadzra anyigba si wogblẽ la ɖo be wòazu abɔ dzeani kple anyigba wɔnu.

Fifia gɔ̃ hã la, anyigba ɖea ŋutete ɖedzesi si le esi be wòagbugbɔ eɖokui aɖɔ ɖo fia le afisiwo wodzudzɔ ɖinuwo kɔkɔ ɖe edzi. Mawu ŋutɔ wɔe nenema. Ne wodzudzɔ ɖiƒonu gbogbowo kɔkɔ ɖe anyigba dzi la, nugbagbevi sue ƒomevi vovovo siwo le tsi me kple anyigba dzi la ate ŋu aɖɔ nu geɖe siwo gblẽ le wo ŋu la ɖo. Azɔ hã enye nusi me susu le be woaxɔ ase be ne Mawu de nu nya la me eye wòle mɔ fiam nuwo la, nuwo gbugbɔgaɖɔɖodɔ sia aganyo ɖe edzi wu. Ate ŋu ana hehe kple mɔfiafia deblibo si mele amegbetɔwo si o.

Eyata mɔkpɔkpɔ le mía si be nuwo ava ɖɔ ɖo le anyigba ŋu. Woakpɔ numiemiewo kple lãwo ta. Nu gbagbe siwo ƒe agbe ɖo afɔku me ƒe nuŋlɔɖi maganɔ anyi o. Míaƒe ya kple tsi aganyo ake. Amegbetɔ toɖolawo anɔ anyi be woawɔ nusiawo ŋudɔ. Àdi be yeakpɔ eteƒea? Àte ŋui. Alekee? Biblia gblɔ nusi wòle be nawɔ ɖi tsitotsitso. Nukata wò ŋutɔ màte Biblia me dzodzro tsitotsito be nànya nusi wònye o? Na magazine sia talawo nana ame aɖe nava kpe ɖe ŋuwò be nadze egɔme. Nukata nàna nusi wòle be nàsrɔ̃ be mia kple wò ƒomea míanɔ afisi ɖiƒonu aɖeke manɔ o ƒe mɔnukpɔkpɔa nato ŋuwò?