Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amegbetɔwo Srɔ̃a Wɔlaa ƒe Aɖaŋu

Amegbetɔwo Srɔ̃a Wɔlaa ƒe Aɖaŋu

Amegbetɔwo Srɔ̃a Wɔlaa ƒe Aɖaŋu

Nukatae elektrikkaɖigo nogoe falɛfalɛwo megbãna ne wotutui sesĩe de akaɖitia me alo troe de eme o? Agbalẽ si nye How in the World?, gblɔ be esia tso akaɖigoa ƒe nɔnɔme si nɔna abe “koklozi ƒe nɔnɔme” ene gbɔ. Togbɔ be koklozitsro le falɛfalɛ ŋutɔ hã la, koklonɔ ƒe kpekpeme menana wogbãna ne ele wo dzi dɔm o. Nusitae nye be koklozia ƒe nɔnɔme nana wònɔa te ɖe ŋusẽ si wotsɔ le emiam la nu. (Ðewohĩ ne koklozitsroa tri la, asesẽ na koklovi siwo woƒo yeyee be woado le tsroa me.) Wɔla la ƒe aɖaŋu dzie wonɔ te ɖo wɔ akaɖigo wònɔna nogoe ale be ne wotsɔ ŋusẽ miae kple asi hã la, ŋusẽa “kakana ɖe eŋu tso eƒe tsutsũeƒe yina ɖe afisiafi.” Eyata abe alesi wòle le koklozi gome ene la, ne womemia teƒe ɖeka aɖe nɛ ʋuu o la, ekema eya hã magbã o. Amegbetɔwo va nya nu geɖe to nusɔsrɔ̃ tso nuwɔwɔ ŋu me!