Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Viwò Xɔ Dzo

Ne Viwò Xɔ Dzo

Ne Viwò Xɔ Dzo

“Nye lãme mele kɔkɔm o!” Ne viwò tsɔ avigbe gblɔ nya sia la, ɖewohĩ àkpɔe ɖa be ɖe wòxɔ dzo hã. Ne exɔ dzo la, ke eme kɔ be àtsi dzi.

Numekuku aɖe si Johns Hopkins Ðeviwo ƒe Kɔdzi si le Baltimore, Maryland, U.S.A., wɔ la ɖee fia be dzila 91 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be “dzoxɔxɔ si nu mesẽ akpa o gɔ̃ hã ate ŋu ahe dɔléle vɔ̃ɖi ɖeka ya teti vɛ, abe hehedɔ ene alo agblẽ nu le ahɔhɔ̃a ŋu.” Numekuku ma ke ɖee fia be “dzila 89 le alafa me naa dzoxɔxɔnutsitike wo viwo hafi dzoxɔxɔa ɖoa dzidzenu Celsius 38.9.”

Aleke gbegbee wòle be nàtsi dzie ne viwò xɔ dzo? Eye mɔ nyuitɔ kawo dzie nàto adae?

Akpa Vevi si Dzoxɔxɔ Wɔna

Nukae naa ame xɔa dzo? Togbɔ be ŋutilã ƒe dzoxɔxɔ si sɔ nɔa dzidzenu Celsius 37 (ne wodzidzee le amea ƒe nu me) hã la, zi geɖe la, ame ƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ te ŋu trɔna dzidzenu ɖeka alo esi wu ema le ŋkekea me. * Eyata wò dzoxɔxɔ ate ŋu aɖiɖi le ŋdi me ahayi dzi le ɣetrɔ me. Lãmenu aɖe si woyɔna be hypothalamus si le ahɔhɔ̃ te lae kpɔa egbɔ be dzoxɔxɔ si sɔ la le míaƒe lãme, abe alesi ko dzoxɔxɔgbɔkpɔmɔ̃ trɔa asi le mɔ̃wo ƒe dzoxɔxɔ ŋui ene. Ne dɔlélenutsiŋutete le avu wɔm kple dɔlékuiwo la, edea lãmetsi aɖe si woyɔna be pyrogen ʋua me, si wɔnɛ be míexɔa dzo. Esia wɔnɛ be lãmenu si nye hypothalamus la naa ame ƒe dzoxɔxɔ “yia” dzi.

Togbɔ be dzoxɔxɔ ate ŋu ana womavo le lãme o ahana tsi navɔ le lãme na ame hã la, megblẽa nu kokoko o. Mayo Atikewɔwɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Kple Numekuƒe gblɔ be edze abe le nyateƒe me la, dzoxɔxɔ wɔa akpa vevi aɖe le nana be ŋutilãa naɖu dɔlékui siwo ge ɖe eme dzi ene la me. “Dɔlékui siwo naa wɔɖi kple esiwo naa akɔtadɔ vovovowo lɔ̃a teƒe fafa. To dzoxɔxɔ si nu mesẽ akpa o dzi la, ade wò ŋutilã dzi be wòaɖe dɔlékuia ɖa.” Eyata Numekuƒe sia gayi edzi gblɔ be “dzoxɔxɔ si nu mesẽ o nutsitsi mehiã o eye ate ŋu ado kplamatse viwòa ƒe dzɔdzɔme dɔlélenutsiŋutetewo.” Le nyateƒe me la, dɔyɔƒe aɖe le Mexico si daa dɔléle ƒomevi aɖewo to dɔdamɔnu aɖe si woyɔna be hyperthermia, si me wonaa dɔnɔa ƒe dzoxɔxɔ yia dzi le gɔ̃ hã dzi.

Ðk. Al Sacchetti si le Amerika Tikewɔla Siwo Kpɔa Dɔléle Siwo Gbɔ Kpɔkpɔ Hiã Kpata Gbɔ ƒe Kɔledzi gblɔ be: “Zi geɖe la, dzoxɔxɔ ŋutɔ menye kuxi o. Ke hã, enye dzesi be dɔléle aɖe nya li. Eyata ne ɖevi xɔ dzo la, nusi ŋu woalé ŋku ɖo enye ɖevia, kple dɔléle si anya nɔ eƒe lãme ŋu, ke menye eƒe dzoxɔxɔa o.” Amerika Ðeviwo ƒe Dɔlélewo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be: “Zi geɖe la, mehiã be woaɖiɖi dzoxɔxɔ si meɖo dzidzenu Celsius 38.3 o, negbe ɖe viwòa mele vovom le lãme o alo dzoxɔxɔ nana glãkpedɔ dzea edzi zi geɖe. Dzoxɔxɔ siwo nu sẽ gɔ̃ hã megblẽa nu alo nye nusi ŋu woatsi dzi ɖo o negbe ɖe dziƒo lɔ̃a viwòa tsɔtsɔ alo dzoxɔxɔ hoa dɔléle xoxo aɖe na viwòa edziedzi ko. Ele vevie wu be nàlé ŋku ɖe alesi viwòa le nu wɔmee ŋu. Ne eɖua nu hedɔa alɔ̃ nyuie eye wòfea fefe ɣeaɖewoɣi la, ke ɖewohĩ mehiã be nàwɔ naneke tso eƒe dzoxɔxɔa ŋu o.”

Alesi Woakpɔ Dzoxɔxɔ si Nu Mesẽ O Gbɔe

Esia mefia be naneke meli nàte ŋu awɔ akpe ɖe viwòa ŋu o. Atikewɔwɔ ŋuti nunyala bibi aɖewo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna le alesi woada dzoxɔxɔ si nu mesẽ o lae ŋu: Na viwòa ƒe xɔme nafa alesi dze. Do awu si metri fũ o nɛ. (Awu titri dodo nɛ ana dzoxɔxɔa nu nasẽ ɖe edzi.) De dzi ƒo na ɖevia be wòaɖu tsinu geɖe, abe tsi ŋutɔ nono, atikutsetse me tsi siwo wotsaka kple tsi, kpakple detsi ene, elabena dzoxɔxɔ ate ŋu ana tsi navɔ le lãme na ame. * (Nunono siwo me caffeine le, abe aha vivi siwo wotsɔ bisi ɖae alo tii ene, naa woɖɔa aɖuɖɔ fũ eye woate ŋu ana tsi navɔ le lãme na ɖevia ɖe edzi.) Le vidzĩwo gome la, ele be woayi edzi anɔ no nam wo. Mègana nuɖuɖu kpekpewoe o elabena dzoxɔxɔ ɖiɖia dɔgboa ƒe dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔna.

Ne ɖeviwo ƒe dzoxɔxɔ gbɔ dzidzenu Celsius 38.9 ŋu la, zi geɖe wonaa dzoxɔxɔnutsitike siwo nàte ŋu atso le ɖokuiwò si ko aƒle le atikedzraƒe, abe acetaminophen (alo paracetamol) alo ibuprofen ene wo. Gake ele vevie be woawɔ ɖe enono mɔfiafia si woŋlɔ ɖe atikegbalẽa dzi la dzi. (Mele be woana atike aɖeke ɖevi siwo mexɔ ƒe eve haɖe o ɖɔkta ƒe aɖaŋuɖoɖo maxɔmaxɔe o.) Dzoxɔxɔnutsitikewo menye dɔlékuiwutikewo o. Eyata womedoa tsɔtsɔe ɖevia ƒe hayahaya tso wɔɖi alo dɔléle mawo tɔgbe me o, gake woate ŋu aɖe vevesese dzi akpɔtɔ. Atikeŋunyala aɖewo ɖo aɖaŋu be mele be woana aspirin ɖevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o be dzoxɔxɔa naɖiɖi o, elabena wogblɔ be ate ŋu ahe dɔléle si woyɔna be Reye’s syndrome—si te ŋu dea ame ƒe agbe afɔku me—vɛ. *

Tsiletse dede tsi me atsɔ ado tsi na ɖevi hã ate ŋu aɖiɖi eƒe dzoxɔxɔ nu. De ɖevia gagba me nàdo tsi yɔyrɔe nɛ ahatutu ŋuti nɛ. (Mègasi ami ʋudzowo nɛ o, elabena woate ŋu agblẽ nu le eŋu.)

Nyatakaka nyui aɖewo le aɖaka si wode eme la me siwo akpe ɖe ŋuwò nànya ɣeyiɣi si me wòate ŋu ahiã be nàtso nya me be yeate ɖe ɖɔkta ŋu. Ele vevie be woayi kɔdzi ne nuto si me dɔléle sesẽ siwo kplɔa dzoxɔxɔ ɖo abe ƒunukpeƒeŋudza, Ebola dɔléle, asrã sesẽ (typhoid) alo yellow-fever bɔ ɖo ene mee amea le.

Ne míagblɔe gbadzaa la, nu nyuitɔ si nàwɔ enye be nàwɔ nusi ana viwòa navo le lãme. Nenɔ susu me na wò be ƒã hafi dzoxɔxɔ nu asẽ ale gbegbe be wòagblẽ nu le ame ƒe ahɔhɔ̃ ŋu alo awu ame. Zi geɖe ne dzoxɔxɔ nana wònɔa hehem tikatika eye wòɖi vɔvɔ̃ gɔ̃ hã la, megblẽa nu le amea ŋu kokoko o.

Gake mɔxexe ɖe dɔléle nue nye mɔ nyuitɔ kekeake, eye mɔ nyui siwo dzi nàto akpɔ viwò ta tso dɔxɔxɔ me dometɔ ɖeka enye be nàfiae dzadzɛnyenye. Ele be woafia ɖeviwo be woaklɔ asi edziedzi—vevietɔ hafi aɖu nu, ne wogbɔ tso nugododeƒe, ne wogbɔ tso teƒe si amewo sɔ gbɔ ɖo, alo ne woka asi lã ŋu. Ne le agbagbadzedze ɖesiaɖe megbe wògadzɔ kokoko be viwò xɔ dzo eye enu mesẽ o la, vɔvɔ̃ megaɖo wò akpa o. Abe alesi míesrɔ̃e ene la, nu geɖe li nàte ŋu awɔ akpe ɖe viwòa ŋu be eƒe lãme nasẽ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Ŋutilã ƒe dzoxɔxɔ ate ŋu ato vovo le afisi wodzidzee le kple dzoxɔxɔdzidzemɔ̃ si wozã nu.

^ mm. 10 Kpɔ April 8, 1995 ƒe Nyɔ!, axa 11, hena tsinatike si nàte ŋu azã ne dzoxɔxɔ si he mitsinyenye alo xeɖeɖe vɛ, wɔe be tsi vɔ le lãme na viwò la wɔwɔ mɔnu.

^ mm. 11 Reye’s syndrome enye ahɔhɔ̃ me dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si ɖeviwo ate axɔ ne dɔlékuia ɖo woƒe lãme.

[Aɖaka si le axa 29]

Te Ðe Ðɔkta Ŋu ne Ðevi si Xɔ Dzo . . .

▪ Nye ɣleti etɔ̃ vi alo mexɔ nenema o eye eƒe dzoxɔxɔ ɖo dzidzenu Celsius 38 alo wu ema

▪ Le ɣleti etɔ̃ kple ade domedome eye eƒe dzoxɔxɔ ɖo dzidzenu Celsius 38.3 alo wu ema

▪ Xɔ wu ɣleti ade eye eƒe dzoxɔxɔ ɖo dzidzenu Celsius 40 alo wu ema

▪ Gbe tsinuwo nono eye wòdze amesi tsi vɔ le lãme na

▪ Dze hehedɔ alo gbɔdzɔ ŋutɔ

▪ Ƒe dzoxɔxɔa gakpɔtɔ li le gaƒoƒo 72 megbe

▪ Faa avi madzudzɔmadzudzɔe alo le nu wɔm abe ɖe eƒe tagbɔ tɔtɔ ene

▪ Nye amesi ŋu ŋutsetse do ɖo, gbɔgbɔ le sesẽm nɛ, le mitsi nyem, alo le xe ɖem edziedzi

▪ Ƒe kɔ lia alo taɖuame sesẽ aɖe dze edzi kpata

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: The American Academy of Pediatrics