Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuɖuɖu tso Wò Ŋutɔ Wò Abɔ Me

Nuɖuɖu tso Wò Ŋutɔ Wò Abɔ Me

Nuɖuɖu tso Wò Ŋutɔ Wò Abɔ Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE THE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ

LE DUKƆ geɖe me la, nusi ŋu amewo tsia dzi ɖo gbesiagbee nye alesi woanyi woƒe ƒomewoe. Alesi detsiƒonuwo va le asi xɔm edziedzii la na esia va zu nya sesẽ. Ke hã, ame aɖewo kpɔ mɔnu bɔbɔe aɖe si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ—eyae nye be woade woawo ŋutɔ ƒe nuɖuɖu aɖewo ƒe agble!

Ðewohĩ àdi be ye ŋutɔ yeadze abɔ sue aɖe wɔwɔ gɔme. Nyateƒee, ɖewohĩ màkpɔ anyigba si alolo le wò ŋutɔ wò aƒeme o, gake ɖewohĩ anyigba aɖe te ɖe wò aƒe ŋu si ŋu nàte ŋu atrɔ asi le ahade. Bu ga si gbegbe atsi anyi na wò ne ède nuɖuɖu vivi siwo naa lãmesẽ ƒe agble ŋu kpɔ! Abɔ wɔwɔ ate ŋu anye mɔ si dzi nàto ade kame vi aɖe si hiã gɔ̃ hã. Abɔ wɔwɔ ate ŋu anye ƒomea ƒe dɔ si ŋu viwòwo akpɔ dzidzɔ ɖo. Le nyateƒe me la, abɔ wɔwɔ naa wosrɔ̃a nu geɖe. Efiaa nɔnɔmewo abe dzigbɔɖi ene ame. (Yakobo 5:7) Gawu la, nukuwo kpɔkpɔ esime wole tsitsim ate ŋu ana nàte ɖe nu nyuiwo katã Wɔla la ŋu wu.—Psalmo 104:14.

Ke hã, mègasusui be yeate ŋu ade ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖugble agbagbamadzemadzee alo be yeakpɔ viɖe tso eme enumake o. Gake ne èɖoe kplikpaa hesrɔ̃ nu vi aɖe tso ewɔwɔ ŋu ko la, àte ŋu akpɔ dzidzedze!

Ƒome aɖe Wɔe Dzidzedzetɔe

Le kpɔɖeŋu me, bu Timothée kple Lucie—srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo si vi eve le si le Bangui, Central African Republic ƒe fiadua me ŋu kpɔ. Wokpɔe be yewo ŋutɔ yewoƒe abɔ wɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si me dzidzɔ le si dzi yewoato ana fetu sue si yewoxɔna nasu yewo vie wu.

Esime Lucie xɔ ƒe 13 la, ewɔ abɔ sue aɖe ɖe woƒe aƒe gbɔ, hewɔa dɔ le eme ne ekpa le suku kple le kwasiɖanuwuwuwo. Nukuawo kpɔkpɔ woanɔ tsitsim dzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Gake ƒe geɖe megbe hafie susua va nɛ be yeawɔ abɔ hena ƒomea. Eɖoe be yeawɔe ɖe anyigba aɖe si te ɖe woƒe aƒeme ŋu, afisi wokɔa gbeɖuɖɔ ɖo dzi. Lucie kpɔe be yewoate ŋu atrɔ asi le eŋu wòaɖe vi. Le esi teƒe be gbeɖuɖɔ si wonɔ kɔkɔm ɖe afima ƒe gbogbo aɖewoe nye ma nagblẽ anyigbaa la, ɖe wòna aɖu sɔ gbɔ ɖe anyigbaa me be nukuwo nawɔ boŋ. Lucie kple Timothée ɖoe be yewoatrɔ anyigba ma wòazu abɔ nyui aɖe.

Alesi Wodze Egɔmee

Gake ehiã be woawɔ numekuku aɖewo gbã. Woɖo dze kple amesiwo nya nu tso numiemiewo dodo ŋu helé to ɖe numeɖeɖeawo ŋu nyuie. Esi wònye be ehiã be woanɔ tsi dem abɔa ta la, wosrɔ̃ alesi woawo ŋutɔ woaɖe vudoe gɔ̃ hã. Agbalẽ siwo fiaa nu tso abɔ wɔwɔ ŋu xexlẽ hã kpe ɖe wo ŋu.

Woxlẽ nu tso alesi numiemiewo kpɔa ŋusẽ ɖe wo nɔewo ƒe tsitsi dzii ŋu hekpɔe be nuku aɖewo medoa kplamatse bubuwo ƒe tsitsi o. Gake numiemie aɖewo doa kplamatse bubuwo ƒe tsitsi. Ame aɖewo gblɔna be carrot kple tomatos tsina nyuie ɖekae. Nenema kee detsiƒonu siwo woyɔna be celery (céléri) kple cauliflower (choux vert) dodo ɖekae medoa kplamatse wo nɔewo ƒe wɔwɔ o. Eye “xɔlɔ̃woe” detsiƒonu siwo nye sikɔni (aneth), pea (pois), aŋanyi, salad-gbe, kple sabala nye. Gake salad-gbe si ƒe amadede le gbemu kple parsley (persil) menyina o. Sabala kple ayi ƒomevi aɖewo kpakple pea mewɔna nyuie le teƒe ɖeka o. Ne wodo numiemie siwo gblẽa nu le wo nɔewo ŋu ɖe teƒe ɖeka la, womete ŋu tsina nyuie o eye nugbagbevi siwo gblẽa agblemenuwo kple nudzodzoe vɔ̃ɖi bubuwo te ŋu gblẽa nu le wo ŋu bɔbɔe.

Timothée kple Lucie srɔ̃e hã be medea ame dzi be woado nuku ɖeka ƒomevi aɖe ko ɖe abɔ me o. Ne nudzodzoewo alo dɔléle dze edzi ko la, woate ŋu abu nusianu. Numiemie vovovo siwo wotia nyuie dodo kpe ɖe wo ŋu woxe mɔ ɖe alesi esia ate ŋu adzɔe nu vie. Alesi amagbewo, seƒoƒowo, kple numiemiewo daa amae naa abɔa me nya kpɔna henaa anyiwo kple nudzodzoevi magblẽnu bubuwo vaa abɔa me si naa abɔa me nuwo wɔna nyuie.

Srɔ̃tɔ siawo srɔ̃ alesi woatsri nudzodzoewutike gblẽnuwo zazã le abɔa me. Wosrɔ̃e be ayo dodo ɖeɖe dzaa ana nugbagbeviwo magblẽ nu le abɔa me numiemiewo ŋu o. *

Ebia be Timothée kple Lucie nawɔ dɔ sesĩe ahagbɔ dzi ɖi, gake abɔ si me wokpɔa kutsetse geɖe tsonɛ lae le wo si fifia. Nuku siwo wokpɔna le eme dometɔ aɖewoe nye cabbage, parsley, tomatos, carrot, aŋanyi, kple agbitsa—ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã esua ƒomea nu gakpɔtɔna!

Wɔ Wò Ŋutɔ Wò Detsiƒonuwo ƒe Abɔ!

Menye Afrika koe amewo de dzesi viɖe si le woawo ŋutɔ ƒe abɔ wɔwɔ me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le Germany la, anyigba siwo woka suesuesue na amewo be woatsɔ awɔ abɔe le dugãwo me la wu miliɔn ɖeka. Abɔ siawo, siwo woyɔna ɣeaɖewoɣi be Schrebergaerten (si nye Germanytɔ atikewɔla Daniel Schreber ƒe ŋkɔ si wotsɔ nɛ) la nyea anyigba kakɛkakɛ siwo ƒe lolome te ŋu (kekena dea meta 200 yina 400 le dzogoe eneawo me) siwo wohayana na dugã me nɔlawo. Le numekula aɖe ƒe nya nu la, abɔ suesue siawo “wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ le atikutsetse kple detsiƒonu vivi damawo kpɔkpɔ me.” Abɔwo ganyea “dzidzɔteƒe” aɖe na abɔwɔlawo—afisi wowɔa dɔ heɖina ɖe eme le.

Biblia do ŋugbe be le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna kpuie me la, anyigba la katã azu xexeame katã ƒe abɔ—si anye paradiso dzeani aɖe. (Luka 23:43) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ɖewohĩ àte ŋu akpɔ anyigba sue aɖe ahakpɔ dzidzɔ ɖe nuɖuɖu kpɔkpɔ tso wò ŋutɔ wò abɔ suea me ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Hena numeɖeɖe bubuwo le alesi woaxe mɔ ɖe nugbagbeviwo ƒe nugbegblẽ nu le abɔ me ŋu la, kpɔ nyati si nye “Abɔ Wɔwɔ Agbledetikewo Mazãmazãe” si dze le March 22, 2002, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Timothée kple Lucie le tsi dum le woƒe ƒome-bɔ la me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Anyigba siwo woka na amewo wotsɔ wɔ abɔe le Munich, Germany dometɔ ɖeka