Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Nɔvinye ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Nɔvinye ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Nɔvinye ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?

“Medi be manɔ ɖokuinye si, gake mesenɛ le ɖokuinye me be ele nam be mawɔ nu wòasɔ ɖe daanye ƒe ŋkɔ nu ɣesiaɣi. Mesenɛ le ɖokuinye me be nyemate ŋu awɔ nusiwo nɔvinyenyɔnu te ŋu wɔna gbeɖe o.”—Clare.

ÐE NƆVIŊUTSU alo nɔvinyɔnu aɖe le asiwò si kpɔa dzidzedze le nusianu kloe wɔwɔ mea? Ðe dziwòlawo xlɔ̃a nu wò ɣesiaɣi be nàdze agbagba geɖe abe nɔviwò ma enea? Ne nenemae la, ànɔ vɔvɔ̃m be yeava nɔ eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ɣesiaɣi—be woanɔ wò agbagbadzedzewo bum ɣesiaɣi ɖe alesi nènɔa agbee ɖe nɔviwòa ƒe nuwɔnawo nui nu.

Barry * nɔviŋutsu tsitsi eveawo katã wu Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku * si ŋu amewo dea bubui vevie la nu, eye wodea bubu wo ŋu ŋutɔ le woƒe Kristotɔnyenye ta. Barry ɖe eme be: “Nye nuwɔnawo megadzea ŋunye o, esi mesena le ɖokuinye me be nyemate ŋu aɖo woƒe dzidzenuwo gbɔ gbeɖe o le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me alo dutoƒonuƒoƒoƒo ƒe ŋutete nyui si le wo si gbɔ o ta. Esesẽ nam ŋutɔ be madze xɔlɔ̃ amewo le ɖokuinye si elabena ɖeko megbana ɖe nɔvinyeŋutsu tsitsiawo ŋu ne wokpe wo. Mesenɛ le ɖokuinye me be amewo wɔa nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ɖe ŋunye le fonyewo ƒe amenyenye ta.”

Esɔ le dzɔdzɔme nu be nànɔ dziku dom le ɖokuiwò me ne nɔvi siwo wokafuna edziedzie le asiwò. Yosef ƒe nuwɔnawo ɖedzesi le nɔviawo dome le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe nɔviawo dzii? “Wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.” (Mose I, 37:1-4) Ke hã, enye nyateƒe be Yosef da sɔ. Gake nɔviwò ate ŋu anɔ ŋuʋaʋã dem dzime na wò ahanɔ dziku dom na wò ne eɖoa ŋku nusiwo wòte ŋu wɔna dzi na wò ɣesiaɣi.

Sɔhɛ aɖewo wɔa nu ɖe nusiawo katã ŋu to aglãdzedze me—ɖewohĩ to eɖoɖo koŋ agbe sukudɔdasiwo wɔwɔ nyuie, Kristotɔ ƒe subɔsubɔdɔa dzi ɖeɖe kpɔtɔ, alo agbe vloe aɖe nɔnɔ me. Woate ŋu asusui be ne yewomete ŋu wɔa nu wosɔna ɖe yewo nɔviwo tɔ nu o la, ekema susu aɖeke meli si tae yewoagadze agbagba kura o. Gake ɖeko aglãdzedze agblẽ nu le ŋuwò mlɔeba. Aleke nàwɔ ado le ɖoƒe si le nɔviwò si ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te be wò nuwɔnawo nadze ŋuwò?

Nukpɔsusu Nyui Nanɔ Asiwò ɖe Wo Ŋu

Ekpɔkpɔ be amewo trɔa susu ɖe nɔviwò tsitsiwo ŋu vevie ana nàxɔe se be eyama de blibo eye be yemate ŋu anɔ nenema akpɔ gbeɖegbeɖe o. Gake ɖe ema nye nyateƒe ŋutɔŋutɔa? Biblia la gblɔ nya siawo eme kɔ kɔte be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.”—Romatɔwo 3:23.

Ẽ, aɖaŋu alo ŋutete ka kee ɖale mía nɔvi aɖe si o, wogakpɔtɔ nye “amegbetɔ siwo nu vena” abe míawo ke ene. (Dɔwɔwɔwo 14:15) Susu mele eme be míado wo ɖe dzi kakaka alo ade bubu si gbɔ eme wo ŋu o. Amegbetɔ ɖeka hɔ̃ si te ŋu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi enye Yesu Kristo.—Petro I, 2:21.

Srɔ̃ Nu tso Wo Gbɔ!

Azɔ bu wò nɔnɔmea be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeatsɔ asrɔ̃ nu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Yesu Kristo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu kpɔ. (Mateo 13:55, 56) Bu nusi gbegbe woate ŋu asrɔ̃ tso wo nɔvi tsitsi deblibo la gbɔ ŋu kpɔ ko! Ke hã, “nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.” (Yohanes 7:5) Ðewohĩ dada kple ŋuʋaʋãe anya zu mɔxenu na woƒe xɔse. Yesu ƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo—eƒe nusrɔ̃lawoe—wɔ ɖe eƒe yɔyɔ si nye: ‘Misrɔ̃ nu tso gbɔnye,’ la dzi. (Mateo 11:29) Eye Yesu ƒe tsitretsitsi megbe ko hafi dadaviawo va de dzesi nusi woate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 1:14) Gake do ŋgɔ na ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nɔ wo si be woasrɔ̃ nu tso wo nɔviŋutsu ma si nye ame vevi gbɔ la bu ɖe wo.

Kain hã wɔ vodada ma tɔgbe. Nɔvia Habel nye Mawu subɔla vevi aɖe. Biblia la gblɔ be “Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu.” (Mose I, 4:4) Gake le susu aɖe ta la, “Kain kple eƒe nunana ya medze” Mawu ŋu o. Kain ate ŋu abɔbɔ eɖokui ahasrɔ̃ nu tso nɔvia gbɔ hafi. Ðe ema teƒe la, “Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã” eye wòwu Habel.—Mose I, 4:5-8.

Ele eme baa be màdo dziku ɖe nɔviwò ŋu alea gbeɖe ya o. Gake wò hã àte ŋu ana mɔnukpɔkpɔ vevi aɖe nato ŋuwò ne èɖe mɔ dada kple ŋuʋaʋã zu mɔxenu na wò. Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie ɖe ŋuʋaʋã ŋu ne nɔvi aɖe le asiwò si nya akɔnta, blemaŋutinya nyuie, eye wòbi ɖe kamedede aɖe si nèlɔ̃na la wɔwɔ me, Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze deto aɖe le esi, alo wòdoa vevie nu le dutoƒonuƒoƒo me! Ne èbu eŋu kpɔ la, “ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me” eye nu koe wòagblẽ le ŋuwò. (Lododowo 14:30; 27:4) Le esi teƒe be nàdo dziku la, dze agbagba nàsrɔ̃ nu tso nɔviwòa gbɔ boŋ. Lɔ̃ ɖe edzi be ŋutete aɖewo le esi siwo mele asiwò o. Lé ŋku ɖe nɔviwòa ƒe nuwɔnawo ŋu—alo anyo wu be nàbia kpekpeɖeŋu.

Barry si míeyɔ va yi va ɖe vi tso kpɔɖeŋu nyui siwo nɔviawo ɖo me. Egblɔ be: “Mekpɔ alesi gbegbe nɔvinye ŋutsuawo kpɔa dzidzɔe la dze sii elabena wole klalo be yewoakpe ɖe amewo ŋu le hamea me kpakple le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eyata metiae be madze nɔvinye ŋutsuawo ƒe kpɔɖeŋu yome eye meƒo ɖokuinye ɖe Fiaɖuƒe Akpata kple Betel-ƒewo tutudɔa wɔwɔ me. Nuteƒekpɔkpɔ si su asinye na kakaɖedzim eye wokpe ɖe ŋunye mía kple Yehowa dome ƒomedodo sẽ ɖe edzi.”

Dzesidede Wò Ŋutetewo

Ðewohĩ èvɔ̃na be nɔviwòwo ƒe nɔnɔme nyuiwo sɔsrɔ̃ ana wò ŋutɔ ƒe amenyenye magadze o. Gake mele be wòadzɔ nenema o. Apostolo Paulo de dzi ƒo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Mizu srɔ̃nyelawo.” (Korintotɔwo I, 4:16) Ðe esia fia be Paulo nɔ didim be woaɖe asi le woa ŋutɔwo ƒe amenyenye ŋua? Ao. Mɔnukpɔkpɔ geɖe li be woawɔ amenyenye vovovowo ŋudɔ. Eye ne mènye akɔntanyala bibi abe nɔviwò ene o la, mefia be nane gblẽ le ŋuwò o. Esia fia ko be èto vovo.

Paulo ɖo aɖaŋu nyoameŋu sia be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.” (Galatiatɔwo 6:4) Nukatae màtrɔ asi le aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛ siwo le asiwò ŋu geɖe wu o? Dutagbe, haƒonu, alo kɔmpiuta sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò nuwɔnawo nadze ŋuwò, eye wòana aɖaŋu vevi aɖewo hã nasu asiwò. Mègatsi dzi ɖe ewɔwɔ wòade pɛpɛpɛ ŋu o! Srɔ̃ alesi nàyi nusi gɔme nèdze la dzi, nàdo vevie ewɔwɔ, be nàbi le ewɔwɔ me. (Lododowo 22:29) Màbi ɖe nane wɔwɔ me le dzɔdzɔme nu o, gake Lododowo 12:24 gblɔ be, ‘veviedola ƒe asi aɖu fia.’

Gake wò gbɔgbɔmemenyenye koŋ enye nu vevitɔ si wòle be nàtu ɖo. Asixɔxɔ le gbɔgbɔmeŋutetewo ŋu sã wu ŋutete bubu ɖesiaɖe si dzena amewo kpɔna. De ŋugble le venɔvi siwo nye Esau kple Yakob ŋu kpɔ. Esau fofo kafunɛ geɖe elabena enye ‘amesi nya adedada, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ.’ Le gɔmedzedzea me la woanya nɔ aɖaba ŋem ƒu nɔvia Yakob dzi bɔbɔe esi wònye “ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ” ta. (Mose I, 25:27) Esau gbe eƒe gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo eye esia na yayrawo to eŋu. Yakob tu gbɔgbɔmenuwo lɔlɔ̃ ƒe ŋutete ɖo eye Yehowa yrae geɖe ŋutɔ. (Mose I, 27:28, 29; Hebritɔwo 12:16, 17) Nufiame kae le eme na mí? Tu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo, na wò “kekeli naklẽ,” eye ‘wò ŋgɔgbedede adze ƒã na amewo katã.”—Mateo 5:16; Timoteo I, 4:15.

Clare si míeyɔ va yi gblɔ be: “Edze ŋunye be manɔ nɔvinyewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Gake meɖoe be mawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo be ‘míakeke mía ɖokui’ le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me la dzi. Mewɔa dɔ kple ame vovovo siwo le hamea me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye media mɔ vevi si dzi mato akpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã le le hamea me ŋu. Mekpea nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo xɔ ƒe vovovowo vaa míaƒe aƒeme heɖaa nu na wo. Fifia la xɔlɔ̃ vovovowo le asinye eye kakaɖedzi nɔa asinye.”— Korintotɔwo II, 6:13.

Ɣeaɖewoɣi la, dziwòlawo ate ŋu aɖe ŋu ɖi eye woaxlɔ̃ nu wò be nàku kutri geɖe be nànɔ abe nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu ene. Gake enyanya be dziwòlawo tsɔ ɖe le eme na wò vevie mana nàse veve fũ o. (Lododowo 19:11) Gake anyo be nàgblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me na dziwòlawo bubutɔe ku ɖe ame tsɔtsɔ sɔ kple ame alea ŋu. Ðewohĩ woadi mɔ nyui bubu siwo dzi woato aɖe woƒe ɖetsɔleme afia.

Mègaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa Mawu ŋutɔ léa ŋku ɖe ŋuwò esi nèle esubɔm o. (Korintotɔwo I, 8:3) Barry ƒo nyaa ta esi wògblɔ be: “Mede dzesii be zi alesi mele Yehowa subɔm eteƒe didii la, zi nenemae mekpɔa dzidzɔ hãe. Amewo léa ŋku ɖe amesi menye ŋu eye wokpɔa dzidzɔ ɖe ŋunye abe alesi wokpɔnɛ ɖe nɔvinyeŋutsuwo ŋui ene.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe ɖoe hewɔa ɖoɖo ɖe eŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ðe woƒoa nu tso nɔviwòwo ŋu edziedzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Lé ŋku ɖe wò ŋutetewo kple nusiwo doa dzidzɔ na wò ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Na wò “kekeli naklẽ” to wò gbɔgbɔmeŋutetewo tutuɖo me