Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Susu Madzeakɔnyiawo

Susu Madzeakɔnyiawo

Susu Madzeakɔnyiawo

NICOLE ɖoa ada ɣeaɖewoɣi tso esime wòxɔ ƒe 14. Ke esime wòxɔ ƒe 16 la, nu yeye aɖe—dzidzɔ kple ŋusẽ manyatalenu aɖe ƒe ameŋuɖoɖo—te fuɖeɖe nɛ. Nuwo ŋu bubu nyamanyama, nuƒoƒo tramatrama, kple alɔ̃madɔmadɔ tsɔ kpe ɖe nazã dzodzro bubu be ye xɔlɔ̃wo le ye tafam nɔ fu ɖem nɛ. Emegbe Nicole gblɔ be yeate ŋu atrɔ nuwo ƒe amadedewo alesi yelɔ̃. Ɣemaɣie Nicole dada va de dzesii be edze dɔ eye wòkplɔ Nicole yi kɔdzii. Esi ɖɔktawo lé ŋku ɖe Nicole ƒe seselelãme siwo nɔ tɔtrɔm ŋu nyuie hena ɣeyiɣi aɖe megbe la, wote ŋu ke ɖe dɔ si lém wònɔ ŋu mlɔeba: Bipolar disorder * (nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ) lémee Nicole nɔ.

Abe Nicole ene la, ame miliɔn geɖe le seselelãme trama dɔwo—eɖanye nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ loo alo blanuiléle si nu sẽ ƒomevi aɖe—lém le xexeame godoo. Dɔléle siawo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ale gbegbe. Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ léla aɖe si ŋkɔe nye Steven gblɔ be: “Mese veve le ɖokuinye me ƒe geɖe. Meléa blanui vevie eye sẽ kple sẽ ko dzi dzɔam wògbɔa eme. Dɔdamɔnuwo kple atikewo zazã kpe ɖe ŋunye, ke hã, menɔ bɔbɔe o.”

Nukae nana woléa seselelãme trama dɔwo? Alekee nuwo nɔna na amesiwo le blanuiléle alo nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém? Aleke woate ŋu akpe ɖe dɔ siawo lélawo—kple wo dzikpɔlawo—ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Wogayɔnɛ be manic-depressive disorder (dzidzɔkpɔkpɔ kple blanuiléle trama ƒe dɔ). Taflatse de dzesii be bubuɖeameɖokui, atikevɔ̃ɖizazã, alo ƒewuimenɔnɔ ƒe tɔtrɔwo gɔ̃ hã te ŋu nana dzesi siawo dometɔ aɖewo dzena le ame ŋu. Dodokpɔ si dɔdala bibi aɖe awɔ dzi koe wòle be woato anya dɔ si lém amea le.