Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋu Ƒe Hatsotso Si Me Nèlee Fiaa Amesi Nènyea?

Ʋu Ƒe Hatsotso Si Me Nèlee Fiaa Amesi Nènyea?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ʋu Ƒe Hatsotso Si Me Nèlee Fiaa Amesi Nènyea?

EBƆ le dukɔ aɖewo me be woagblɔ be ʋu ƒe hatsotso dzie ame aɖe ƒe amenyenye nɔ te ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Japan la, amewo biana zi geɖe be, “Ʋu ƒe hatsotso ka mee nèle?” tsɔ dzea dzeɖoɖo gɔmee. Nukpɔsusu sia dzidelawo gblɔna be amesiwo ƒe ʋu le hatsotso A me la nyea ame fafawo, wonye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo, eye wonyea nazãbulawo; amesiwo ƒe ʋu le hatsotso B me la kɔa dzime, woléa blanui kabakaba, woblea wo bɔbɔe; kple bubuawo. Wogblɔna hã be ate ŋu asesẽ—alo anɔ bɔbɔe—be amesi le ʋu ƒe hatsotso aɖe me nawɔ nu aduadu kple amesi le ʋu ƒe hatsotso bubu me.

Le susu sia ta la, ame aɖewo bua ʋu ƒe hatsotso be enye nu vevi aɖe si ŋu wòle be woalé ŋku ɖo ne wole sukuviwo mam ɖe hatsotsowo me le sukuwo, ne wole dɔdzikpɔlawo tiam le dɔwɔƒewo, alo ne wole amesi woaɖe gɔ̃ hã tiam. Ðe kpeɖodzi aɖe li be ʋu ƒe hatsotso si me míelee fiaa amesi míenye ŋutɔŋutɔa? Ðe Biblia fia nane tso nya sia ŋua?

Nukae Nye Ʋu ƒe Hatsotso?

The World Book Multimedia Encyclopedia ɖe nu me be: “Ʋumetsi me nunyiame siwo woyɔna be antigen-wo le lã falɛfalɛ aɖewo siwo le ʋumenugbagbevi dzĩwo ŋu la me. Ʋumenugbagbevi dzĩwo me antigen siwo wu 300 ŋue woke ɖo.” Le esime antigen ƒomevi aɖewo le ame aɖewo me la, eƒomevi ma ke menɔa ame aɖewo ya me o, eye antigen aɖewo mate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o. Esia tae numekugbalẽa gblɔ kpee be, “antigen aɖewo koŋ ƒe ʋu me nɔnɔ loo alo eme manɔmanɔ dzie dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ te ɖo ma amegbetɔwo ƒe ʋu ɖe hatsotso vovovowo me.”

Ʋu ƒe hatsotso ƒe ɖoɖo siwo dzi wolɔ̃ ɖo koŋue nye ABO, si me woma amegbetɔwo ƒe ʋu ɖe hatsotso ene me le—A, B, AB, kple O. Hekpe ɖe eŋu la, wolɔ̃a Rh (Rhesus Factor), si nye antigen ƒe ƒuƒoƒo aɖe si bɔ le ame geɖe ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo me la zazã. Le nyateƒe me la, ʋu ƒe hatsotso si ade 20 ye li. Esia ɖee fia be nu geɖe ŋutɔe le ʋu me. Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Alesi gbegbe ʋumenugbagbevi dzĩwo ŋu antigen siawo sɔ gbɔe la na wòsesẽ ŋutɔ be amesiwo menye venɔvi siwo ɖi wo nɔewo o la ƒe ʋu nanɔ hatsotso ɖeka me.”

Esia fia be, ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, amesiame kple eƒe “ʋu ƒe hatsotsoe.” Eyata edze abe kpeɖodzi boo aɖeke mele gbɔgblɔ be amesiwo le ʋu ƒe hatsotso aɖe me ƒe nɔnɔme sɔna kple wo nɔewo tɔ ŋu o ene. Edze ƒã be nu gbogbo aɖewoe ɖea amesi míenye fiana.

Nukawoe Ðea Amesi Míenye Fiana?

Encyclopædia Britannica ɖe nu me be: “Amenyenyee nye nɔnɔme, siwo wotsɔ dzi ame kple esiwo ame srɔ̃, si na wòto vovo tso amesiame gbɔ.” Ẽ, hekpe ɖe nɔnɔme siwo wotsɔ dzi míi ŋu la, nu bubuwo hã li—abe ƒome si me wonyi ame le, agbalẽnyanya, hadede, kple nuteƒekpɔkpɔ nyui kple gbegblẽawo siaa—siwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe amenyenye dzi ene. Eyata eme kɔ be menye míaƒe wɔwɔme ɖeɖekoe ɖea amesi míenye la fiana o. Venɔvi siwo ɖi wo nɔewo, siwo ƒe wɔwɔme le ɖeka kura gɔ̃ hã ƒe amenyenye toa vovo zi geɖe.

Nyateƒenya vevi bubue nye be ame ƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ alo woate ŋu atrɔe. Apostolo Paulo te gbe ɖe ŋusẽ si le Kristotɔwo ƒe nufiafia ŋu be wòatrɔ amewo dzi. Eŋlɔ be: “[Miɖe] ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.” (Kolosetɔwo 3:9, 10) Kristotɔwo nyae be nuvɔ̃wɔlawoe yewonye eye be yewonyi nuvɔ̃ ƒe didiwo dome. Ne wodi be yewo ƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be woatrɔ nɔnɔme si le wo si.

Nukae kpena ɖe ame ŋu wòwɔa tɔtrɔ siawo? Ŋusẽ si le Mawu ƒe nya, alo gbedasia, me lae. Paulo ŋlɔ tso ŋusẽ gã si Mawu ƒe nya, si le Biblia me kpɔna ɖe ame dzi ŋu be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Ne ame bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia te eye wòdze agbagba nɔ agbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Biblia me nu la, eƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ vivivi. Kristotɔ ƒe nɔnɔme si wotu ɖo le mɔ sia nu ƒe ɖewoe nye “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.

Kristotɔ ƒe Dadasɔ

Nyateƒee, Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke meli si tsi tre ɖe nusɔsrɔ̃ tso ʋu ƒe hatsotsowo ŋu o. Gake be woasusui be nusia do ƒome kple ame ƒe nuwɔna la nye nya bubu. Abe alesi wòle le agbemenu bubuwo gomee ene la, ele be míana Mawu ƒe Nya la nafia mɔ míaƒe afɔtoƒewo. (Psalmo 119:105) Dadasɔ hã le vevie.—Filipitɔwo 4:5.

Susu aɖeke kura manɔ eme be ame nanɔ te ɖe ʋu ƒe hatsotso si me wòle dzi agbe asitɔtrɔ le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Eɖanye aleke kee Kristotɔwo ƒe wɔwɔme ɖale o, ele be woayi edzi anɔ tɔtrɔ wɔm le woƒe nɔnɔme ŋu be wòaɖe Yehowa kple Yesu ƒe nɔnɔmewo afia alesi woate ŋui.—Efesotɔwo 5:1.

Hekpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo dzea agbagba be yewoabu ame bubuwo abe alesi Yehowa bua woe ene. “Mawu mekpɔa ame ŋku me o.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Yehowa xɔa ameƒomevi ɖesiaɖe kple dzidzɔ. Eyata anye nusi me susu mele o eye manye Kristotɔwo ƒe nɔnɔme be woaka ya alo aƒo asa na hadede kple ame aɖewo le ʋu ƒe hatsotso si me wole dzaa ko ta o. Nenema kee masɔ be woanɔ ha dem kple amesiwo ƒe ʋu “sɔ” kple wo tɔ la ɖeɖeko o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃.”—Yakobo 2:9.

Zi alesi wole ŋgɔyiyi wɔm le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me la, wogale kekem ɖe amegbetɔ ƒe ametia ŋuti nu yeyewo kple nufiafia yeyewo ŋu. Esɔ le dzɔdzɔme nu be woatsi dzi ɖe nukpɔsusu siawo ŋu. Ke hã, ele be Kristotɔwo nana Biblia—ke menye amegbetɔwo ƒe nufiafia o—nafia mɔ woƒe tamebubuwo. Le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la, ehiã be ‘woado nuwo katã kpɔ’ eye ‘woalé nu nyui la me ɖe asi.’—Tesalonikatɔwo I, 5:21.