Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alɔ̃tsiameŋu—Kuxi si Le Ta Kekem Wònyea?

Alɔ̃tsiameŋu—Kuxi si Le Ta Kekem Wònyea?

Alɔ̃tsiameŋu​—Kuxi si Le Ta Kekem Wònyea?

“FE” GBOGBO aɖe le ame miliɔn geɖe ŋu egbea. Fe sia ate ŋu ana woagbã woƒe ʋuwo, woƒe dɔwo nagblẽ, eye woƒe srɔ̃ɖeɖe gɔ̃ hã me nagblẽ. Ate ŋu agblẽ nu le woƒe lãmesẽ kple agbenɔƒe ŋu vevie. Enye fe aɖe si nana nu tena ɖe dɔlélenutsiŋusẽ dzi eye wòwɔnɛ be dɔ vovovowo te ŋu léa ame bɔbɔe. Woyɔ dɔlélewo abe suklidɔ, dzidɔ, kple lolo akpa ene, kpakple lãmesẽkuxi bubuwo tɔ ɖe eŋu. Ke hã, amesiwo ŋu wòle nu gblẽm le la dometɔ akpa gãtɔ mele ŋudzɔ ɖe eŋu o.

Fe si wònye la enye alɔ̃tsiameŋu, si ɖea fu na ame ne medɔa alɔ̃ ɣeyiɣi ƒe agbɔsɔsɔme si hiã bena wòanɔ lãmesẽ me o. Esia ate ŋu atso ŋutsitsidɔ si ame ƒe gbesiagbegbenɔnɔ nana wòva tsia ame si loo alo zãdomadɔlɔ̃e le dɔléle ta gbɔ.

Dɔdada ŋuti numekulawo bu akɔnta be, le mama dedie nu la, alɔ̃ si anyigbadzinɔlawo dɔna zã sia zã dzi ɖe kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka wu alesi dze. Togbɔ be esia adze nu sue aɖee hã la, gaƒoƒo biliɔn ade ƒe alɔ̃ si tsia mía ŋu zã sia zã la va zu nusi ŋu woawɔ numekuku geɖe le dɔléle hamehame siwo alɔ̃madɔmadɔ hena vɛ kple ŋusẽ si wokpɔna ɖe agbe ƒe nyonyome dzi ŋu le.

Ɣeaɖeɣi va yi la, dɔdalawo bua zãdomadɔlɔ̃e tsitsi si tsia ame si be enye dɔléle ɖeka ko, si wolɔ̃a yɔyɔ be alɔ̃madɔmadɔdɔ. Gake numekuhabɔbɔ aɖe, si United States ƒe Sewɔtakpekpea ɖo ke ɖe alɔ̃madɔmadɔ kuxi vovovo 17 ŋu. Aleke ke nya la le o, nusiwo hea alɔ̃madɔmadɔ dɔléle vɛ la sɔ gbɔ ale gbegbe be wobunɛ zi geɖe be enye kuxi bubuwo ƒe dzesi, abe alesi ko wobua dzoxɔxɔ be enye dɔxɔxɔ aɖe ƒe dzesii ene.

Ŋutsitsidɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ate ŋu ado afɔku ame. Bu Tom ŋu kpɔ. Togbɔ be enye agbatsɔʋukula bibi aɖe hã la, eku eƒe ʋu legbee la yi ɖalia kpe si woɖo ɖe mɔdodoa to eye atike si woyɔna be sulfuric acid lita 400 ƒu gbe ɖe ʋumɔgãa dzi. Tom lɔ̃ ɖe edzi be: “Medɔ alɔ̃.” Numekuku si wowɔ le United States ƒe ʋumɔgã eve dzi ɖee fia be ʋukula siwo alɔ̃ le tsɔtsɔm lae hea afɔku dziŋɔ siwo dzɔna la dometɔ 50 le alafa me lɔƒo vɛ.

Bu afɔku si hã anɔ dɔwɔwɔ kple hatidɔwɔla si alɔ̃ tsɔna me ŋu kpɔ. Numekula Australiatɔ Ann Williamson gblɔ be: “Le gaƒoƒo 17 va ɖo 19 ƒe alɔ̃madɔmadɔ megbe la, [amesiwo wodo kpɔ] le numekuku aɖewo me me tsonuwo gblẽ wu alo sɔ kple amesi ƒe [ʋu me wokpɔ aha] alafa memama 0.05 le tɔ.” Ne míagblɔe bubui la, amesiwo wodo kpɔ le numekukua me la ƒe nuwɔna nɔ abe ɖee wono aha wòsɔ kple alo sɔ gbɔ wu esi ŋu se ɖe mɔ ɖo le dukɔ aɖewo me be woakpɔ le ʋukulawo ƒe ʋu me ene! Le ʋu kple dɔwɔwɔ me fɔku akpe alafa gbogbo si alɔ̃madɔmadɔ hena vɛ ƒe sia ƒe ta la, nusiwo gblẽna le dɔwɔnyawo me kple na ƒomea lolo ŋutɔ. *

Nukawoe te ŋu nana alɔ̃ tsina ame ŋu? Ðekae nye amewo ƒe dɔwɔwɔ zã kple keli le kwasiɖa bliboa me. USA Today ɖɔ nuwɔna sia be enye “dekɔnuwo ƒe tɔtrɔ si le alesi míenɔa agbee trɔm,” eye wòde dzesii be “ƒlekaƒletɔwo kple subɔvi siwo wɔa dɔ zã kple keli le viɖe kpɔm tso alɔ̃ ŋeŋeɖeme hena gaƒoƒo gbogbo zazã atsɔ awɔ dɔe me.” Le dukɔ geɖe me la, amewo nɔa television kpɔm henɔa Internet dzi tsam zã bliboa le esi wòle be woanɔ alɔ̃me teƒe. Emegbe seselelãme tramawo, siwo dometɔ aɖewo nyea dzimaɖitsitsi siwo nuteɖeamedzi kple hloloetsotso dzina ɖe edzi zi geɖe, hã nana alɔ̃ tsia ame ŋu vivivi. Mlɔeba la, lãmegbegblẽ hamehamewo li siwo ate ŋu ana alɔ̃ natsi ame ŋu.

Ðɔkta geɖe nya alesi wòsesẽnae be woana amesiwo wodaa dɔ na nanya alesi gbegbe alɔ̃tsiameŋu nye ŋkubiãnyae. Ðɔkta aɖe fa konyi be ame aɖewo bua ɖeɖiteameŋu atraɖii gɔ̃ hã be enye “ameŋkutanyenye ƒe dzesi.” Eye esi wònye be ɖe woƒe lãme nɔa gbegblẽm ʋɛʋɛʋɛ zi geɖe ta la, amesiwo tsia ŋu dɔna la manyae be alɔ̃dɔkuxi gã aɖeke le yewo ŋu o. Ame geɖe buna be, ‘Mele tsitsim tae’ alo, ‘Agbe tim, eyatae megbɔdzɔna ɖo’ alo, ‘Ðeɖi tea ŋunye ɣesiaɣi elabena nyemete ŋu ɖina ɖe eme alesi dze o.’

Alɔ̃tsiameŋu ƒe kuxi sia ɖɔɖɔɖo nye dɔ nyadri aɖe. Gake alesi alɔ̃dɔdɔ si hiã bena woanɔ lãmesẽ me gɔmesese kple dzesi siwo fiana be alɔ̃ tsi ame ŋu nyanya ate ŋu aʋã ame be wòawɔ tɔtrɔ. Alɔ̃madɔmadɔ kuxi sesẽwo ƒe dzesiwo kpɔkpɔ adze sii ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Wobui be ɖeɖiteameŋu gbɔe afɔku dziŋɔ siwo dzɔ le ƒe alafa 20 lia me la dometɔ geɖe tso. Kpɔ Nyɔ!, February 8, 2001, ƒe axa 16.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ŋutsitsidɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ate ŋu ahe afɔku gãwo vɛ