Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie

Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie

Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie

ŊGƆYIYI siwo wowɔ le alesi alɔ̃dɔdɔ le gɔmesese ŋu la dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo wowɔ le ƒe 50 siwo va yi me. Nusiwo ŋu woke ɖo la te fli ɖe nukpɔsusu totro siwo li xoxoxo la dometɔ aɖewo me. Ðekae nye nukpɔsusu si li be esi wònye ŋutinuwo ƒe dɔwɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔ ne ame le ɖiɖim ɖe eme ta la, ɖeko alɔ̃dɔdɔ le ŋgɔ na dɔmawɔmawɔ vie ko.

To ɖoɖo si nu ahɔhɔ̃a wɔa dɔ ɖo ŋuti nusɔsrɔ̃ me la, dɔdada ŋuti numekulawo va kpɔe be alɔ̃dɔdɔ ma ɖe akpa vovovo kple ɖoɖo vovovowo me. Le esi teƒe be woabui be enye dɔmawɔmawɔɣi la, amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ wɔa dɔ kabakaba le alɔ̃dɔdɔ ƒe ɣeyiɣi aɖewo me. Alɔ̃dɔdɔ si hiã bena woanɔ lãmesẽ me bia be ame nadɔ alɔ̃ ato akpa siawo me zi ene alo wu nenema zã sia zã eye akpa ɖesiaɖe naxɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si sɔ.

Alesi Alɔ̃ Wɔ Nukui

Wòlɔ̃a alɔ̃ dɔdɔ le zã me mama ɖe akpa eve koŋ me: siwo wòyɔna be Ŋkuʋaʋã Kabakaba, alo drɔ̃ekuɣi (REM), kple Ŋkumaʋamaʋã, alo drɔ̃emakuɣi (non-REM). Àte ŋu anya be ame aɖe le drɔ̃ekuɣi me ne èkpɔ eƒe ŋkuwo wole ʋaʋam kabakaba le alɔ̃ me.

Woagate ŋu ama Ŋkumaʋamaʋã ƒe alɔ̃dɔdɔ me ɖe akpa ene me. Ne èmlɔ anyi la, akpa gbãtɔ dzea egɔme—si nye alɔ̃tsɔame alo alɔ̃meyiyi vie. Le akpa sia me la, wò lãme gbɔdzɔna eye wò ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ metoa mɔ ɖeka o eye wòtsɔna kabakaba. Zã sia zã si wònya dze egɔme ko la, exɔa sɛkɛnd 30 va ɖo miniti 7. Ne èɖo akpa evelia—si nye alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ—si me nànɔ le zãa ƒe akpa 20 le alafa me me la, ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ dzina ɖe edzi. Tamesusu alo nɔnɔmetata manyatalenuwo anɔ susu me tom na wò, ke hã, èbu ɖe ɖokuiwò eye ne wò ŋkuwo ke ɖi gɔ̃ hã la, màkpɔ naneke o.

Eyome akpa etɔ̃lia kple enelia—alɔ̃meyiyi ʋĩ—kplɔnɛ ɖo. Le akpa sia, si wogayɔna be alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi la, wò susu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo si dzi ɖe edzi nu. Ɣemaɣie wòsesẽna ŋutɔ be nànyɔ, le esi wò ʋu akpa gãtɔ yina ɖe lãkusia me ta. Le ɣeyiɣi sia (si nyea zãa ƒe akpa 50 le alafa me) me la, ŋutilãa hayana hedzraa eɖokui ɖo, eye alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi mee ɖeviwo tsina le. Ele vevie be míanya be amesiame, ɖevi loo alo ame tsitsi, si medɔa alɔ̃ tsiɖii o la ase be ɖeɖi te ye ŋu, be ŋusẽ mele ye ŋu o, alo alé blanui le ŋufɔkee.

Mlɔeba la, akpaawo dometɔ ɖesiaɖe wua enu kple Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒomevi aɖe si to vovo kura. Le drɔ̃ekuɣi sia (si vana miniti 90 ɖesiaɖe lɔƒo) me la, ʋu gbogbo aɖe yia ahɔhɔ̃a me eye ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ dea sɔsɔ ge kple wò ŋunɔɣi tɔ. Gake mate ŋu aʋã o. Edze abe ame ɖokui maʋamaʋã sia ɖoa asi dziwò be mànɔ ʋaʋãm ɖe drɔ̃ewo dzi ahade abi ɖokuiwò loo ame bubuwo ŋu o ene.

Ŋkuʋaʋã Kabakaba, alo drɔ̃ekuɣi, siawo didina ɖe edzi ɣesiaɣi si wodze egɔme le zã me eye edze abe ehiã vevie hena susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie ene. Abe alesi kɔmpiuta wɔa dɔe ene la, ahɔhɔ̃a tsana le eƒe afisi wòdzraa nuwo ɖo hena ɣeyiɣi kpui aɖe, nɔa nyatakaka siwo mele vevie o la ɖem ɖa henɔa nusiwo dzi wòahiã be nàgaɖo ŋkui emegbe la dzram ɖo. Wode dzesii be drɔ̃ekuɣi siwo menɔa ɖoɖo nu kura o la hea seselelãmekuxiwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, alɔ̃madɔmadɔ dɔlélawo medɔa alɔ̃ wòdea esi sɔ le mama dedie nu le drɔ̃ekuɣi o, si wɔnɛ be wotsia dzimaɖi wu alesi dze.

Ekema nukae dzɔna ne ète akpa siawo ɖokuiwò (le ɖokuiwò si loo alo dzizizitɔe), si na wòva zu alɔ̃ tsi ŋuwò? Ne míedɔa alɔ̃ gaƒoƒo ʋɛ edziedzi wu esi míehiã la, Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔɣi mamlɛ sia si didina wu eye wòhiã vevie hena ŋutenɔnɔ la ƒe akpa gã aɖe masu mía si o. Ne míaƒe alɔ̃dɔdɔ megava le ɖoɖo nu o eye wòva zu alɔ̃ kpuiwo ko dɔdɔ la, míete ŋu ɖoa alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi si le vevie be míaƒe ŋutilã naɖɔ ɖo la me o. Amesiwo ŋu alɔ̃ tsina ɣeyiɣi didi la ƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu didina o, woŋlɔa nu kple nyawo be, womete ŋu bua tame ɖe ɖoɖo nu o, eye woƒe aɖaŋu ŋudɔwɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔna.

Nukae ƒonɛ ɖe ŋutilãa nu be wòabia alɔ̃? Edze ƒã be nu vovovowoe ƒo ƒu (gbesiagbe) wɔa ɖoɖo si nu ŋunɔnɔ kple alɔ̃dɔdɔ le. Edze abe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ wɔa akpa aɖe ene. Azɔ hã, ahɔhɔ̃meka vevi aɖe li si dze ƒã be ekpɔa ŋusẽ ɖe alɔ̃dɔdɔ ƒe akpawo dzi. “Gaƒoɖokui” sia te ɖe afisi ŋkukawo do go le ŋu. Eyata kekeli kpɔa ŋusẽ ɖe alesi alɔ̃ tsɔa mí dzi. Kekeli si nu sẽ nana nènyɔna eye viviti nana alɔ̃ tsɔa wò.

Wò lãme ƒe dzoxɔxɔ hã wɔa akpa aɖe. Ne wò lãme xɔ dzo—vevietɔ le ŋdi kple ɣetrɔ me—la, anɔ ŋu wu. Ne wò lãme ƒe dzoxɔxɔ le ɖiɖim la, alɔ̃ ate wò tsɔtsɔ. Numekulawo lɔ̃ ɖe edzi be ɖoɖo si nu ŋunɔnɔ kple alɔ̃tsɔame le la le vovovo le amesiame gome.

Alɔ̃ Agbɔsɔsɔme Kae Hiã na Wò?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ na mí be, le mama dedie nu la, ehiã be amegbetɔwo nadɔ alɔ̃ wòade gaƒoƒo enyi zã sia zã. Gake numekukuwo hã fia be amesiame tɔ to vovo kura.

Ame ɖokui me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu ana nànya ne ɖoɖo nyui nue nèdɔa alɔ̃ ɖo loo alo be alɔ̃ tsia ŋuwò. Eŋunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be dzesi siawo fia be èdɔa alɔ̃ nyuie:

▪ Alɔ̃ te ŋu tsɔa wò bɔbɔe si mabia be nàzã atikewo loo alo ade ɖiɖi ge ɖe eme do kpoe alo atsi dzimaɖi o.

▪ Manyɔ le zãtiƒe kabakaba o, gake ne ènyɔ hã la, agate ŋu adɔ alɔ̃ bɔbɔe.

▪ Ènyɔna bɔbɔe ŋdi sia ŋdi le ɣeyiɣi si tututu nèfɔna lɔƒo me eye mahiã be gaƒoɖokui naku kpẽ anyɔ wò o.

▪ Ne ènya fɔ hedze nuwo wɔwɔ gɔme ko la, àse le ɖokuiwò me be yeƒe mo kɔ eye yele ŋu ŋkeke bliboa.

Nu Vevi Aɖewo

Ke amesiwo mete ŋu dɔa alɔ̃ ɣeaɖewoɣi o ya ɖe? Eŋunyala aɖewo do susu nyui siawo ɖa:

1. Mègano ahasesẽ kple nusiwo dea dzo ame me abe kɔfi alo tii ene ne anyimlɔɣi le gogom o. Ame geɖe bui vodadatɔe be ahasesẽwo nono akpe ɖe yewo ŋu yewoadɔ alɔ̃. Gake numekuku siwo wowɔ le kɔdzi ɖee fia be ahasesẽ ate ŋu ade dzo lãme na wò eye wòana nàdɔ ŋu.

2. Dzudzɔ atamanono. Numekugbalẽ aɖe de dzesii be: “Esesẽna na atamanolawo be woayi alɔ̃me, elabena sigaret nana ame ƒe ʋu sina kabakaba, edzia dzi ƒe tsotso ɖe edzi, hedea dzo susu ƒe dɔwɔwɔ me. Atamanolawo hã nyɔna le zãtiƒe edziedzi wu, ɖewohĩ le esi ŋutilãa le agbagba dzem be yeaɖe atamaa le lãme na wo ta.”

3. Ƒo asa na tamebubu alo kamedede fũ do ŋgɔ teti na anyimlɔɣi. Kamedede nana woɖina ɖe eme nyuie gake menye ne wowɔe teti ko hafi mlɔ anyi o. Kuxi gãwo gbɔ kpɔkpɔ alo susu zazã fũ hafi amlɔ anyi ate ŋu agblẽ ɖiɖiɖeme si hiã be woate ŋu adɔ alɔ̃ me.

4. Kpɔ egbɔ be wò xɔdɔme me zi ɖoɖoe, eme tsyɔ eye afisi wòanya wɔ le la, eme nafa nyuie. Le toɣliɖeɖe gome la, bu numekuku vevi aɖe si wowɔ le amesiwo te ɖe yameʋudzeƒe ŋu, amesiwo gblɔ be yewomegasea yameʋuwo ŋkɔ o, ŋu kpɔ. Esime wodo woƒe alɔ̃dɔdɔ kpɔ la, woƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ lé yameʋu ɖesiaɖe si dzena alo dzona ɖi! Numekulawo ƒo eta be dodokpɔa ɖee fia be woƒe alɔ̃ nyui dɔdɔ dzi ɖe kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka le mama dedie nu wu amesiwo le teƒe siwo zi ɖoɖoe. Toxenuwo alo mɔnu bubu siwo dzi wotona ɖea toɣliɖeɖe dzi kpɔtɔna akpe ɖe wo ŋu ŋutɔ be woadɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme. Ame aɖewo kpɔe be gbeɖiɖi siwo medea dzi o (si nye gbeɖiɖi si bɔbɔ ɖe anyi, le tẽ, eye metrɔna o), abe elektrikyaƒomɔ̃ tɔ ene, te ŋu dea yewo dzi ne ehiã be yewoaɖe nutoa me toɣliwo dzi akpɔtɔ.

5. Ðɔ ŋu ɖo le alɔ̃dɔtikewo zazã me. Kpeɖodzi siwo le dzidzim ɖe edzi li be atike geɖe siwo wonaa amewo be wòana woadɔ alɔ̃ la va zua numame, woƒe dɔwɔwɔ dzi va ɖena kpɔtɔna le wo zazã ɣeyiɣi didi aɖe megbe, eye wote ŋu gblẽa nu le ame ŋu vevie. Ne ehiã kokoko la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòle be woazã atike siawo.

Esi wònye be nuteɖeamedzi ate ŋu ahe zãdomadɔlɔ̃e vɛ ta la, wobui be nusiwo ana ame nadɔ alɔ̃ nyuie dometɔ ɖekae nye be wòana ɣeyiɣi siwo doa ŋgɔ teti na anyimlɔɣi nanye esime ɖoɖoezizi kple dzidzɔ le. Anyo be wòaɖe susu ɖa le ŋkekea me kuxiwo dzi ahawɔ nusi me dzidzɔ le, abe nuxexlẽ ene. Viɖe ɖedzesi si ŋu ŋusẽ le hã le aɖaŋu si Biblia ɖo be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, . . . adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”​—Filipitɔwo 4:6, 7.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Nukpɔsusu Totro Aɖewo Siwo Li

1. Nunono siwo me caffeine le la nono enye nu nyuitɔ si nana wonɔa ŋu kua ʋu ɣeyiɣi didi.

Numekukuwo doe ɖa be ʋukulawo blea wo ɖokuiwo nɔ bubum be yewo le ŋu evɔ wònye womele ŋu o hafi. Ne ele kokoko be nàku zãʋu ɣeyiɣi didi aɖe la, anyo be nàtɔ ɖe teƒe aɖewo sẽ adɔ alɔ̃ vie (tso miniti 15 va ɖo 30), emegbe nàzɔ alo aƒu du anɔ alɔkame kple drikame dem.

2. Ne alɔ̃ menya dɔna nam o la, alɔ̃ vi aɖe dɔdɔ enye egbɔkpɔnu.

Ate ŋu anɔ eme ya, gake eŋunyala geɖe xɔe se be ɖoɖo si nyo wu enye be woadɔ alɔ̃ ɣeyiɣi didi le gaƒoƒo 24 ɖesiaɖe me. Ŋdɔmelɔ̃ kpui aɖe (si xɔa miniti 15 va ɖo 30) dɔdɔ ate ŋu ana woanɔ ŋu le ŋdɔmelɔ̃tsɔameɣi evɔ matrɔ naneke le wò ɣeyiɣi didi ƒe alɔ̃dɔɖoɖoa ŋu o. Gake alɔ̃ kpui aɖe dɔdɔ le gaƒoƒo ene siwo do ŋgɔ na anyimlɔɣi me ate ŋu agblẽ ɖiɖiɖeme nyui si woakpɔ le zã me la me.

3. Drɔ̃e siwo dzi míeɖoa ŋkui mena míeɖi ɖe eme tututu o.

Drɔ̃ewo (siwo míekuna le Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ me zi geɖe) nye dzesi be míeɖi ɖe eme nyuie eye míekunɛ zi ene alo wu nenema le alɔ̃dɔdɔ le zã ɖesiaɖe kloe me la me. Numekukuwo ɖee fia be drɔ̃e siwo dzi míeɖoa ŋkui nye esiwo me míenyɔ le, esime míele wo kum loo alo miniti ʋɛ aɖewo le wo kuku vɔ megbe. Ke hã, drɔ̃e baɖabaɖa aɖe kuku ate ŋu ana míatsi dzi eye wòana alɔ̃dɔdɔ ake nasesẽ.

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Alɔ̃dɔdɔ nyuie le zã me ana nànɔ ŋu ahanɔ ŋute ŋkeke bliboa

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nyae azɔ be alɔ̃dɔdɔ le ɖoɖo kple akpa vovovowo me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðɔ ŋu ɖo le alɔ̃dɔtikewo nono me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Esesẽna hafi atamanolawo dɔa alɔ̃