Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ

Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ

Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ

NYADZƆDZƆŊLƆLA aɖe xɔ lɛta tso nyadzɔdzɔxlẽla aɖe gbɔ be: “Mebu biabia sia ŋu vevie le nye agbe me katã, eye meka ɖe edzi be àte ŋu aɖo eŋu nam. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Yudatɔwo gblɔna be eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ bu esi ƒeawo va nɔ yiyim. Kristotɔwo Yɔnɛ be Yesu. Moslemtɔwo Yɔnɛ be Allah. . . . Kae nye eŋkɔa ŋutɔŋutɔ fifia?” Wota biabia sia kple alesi woɖo eŋui ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me ale: “Blema Hebri-nufiafiawo gblɔ be Mawu nye ŋusẽkatãtɔ, eyata míate ŋu ayɔ ŋkɔ ɖeka aɖeke Nɛ o. Gake mele kakam ɖe edzi na wò be Atɔ ɖe ŋkɔ ɖesiaɖe si nàyɔ nɛ bubutɔe dzi.”

Mawu ƒe ŋkɔ matsɔmatsɔ nu vevii alea nye nusi bɔ egbea. Togbɔ be amesiwo xɔ Biblia dzi se dometɔ geɖe tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie hã la, womebua Mawu ƒe ŋkɔ ŋu boo o. Gake aleke Mawu sena le eɖokui me ku ɖe nya sia ŋu? Nya tsɛ aɖe koe wòbunɛa?

Menye Nya Tsɛ O

Bu nyateƒenya si wònye be Biblia yɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa zi gbɔ zi akpe geɖe ŋu kpɔ. Mawu ƒe ŋkɔ dze le New World Translation of the Holy Scriptures me zi 7,210 sɔŋ! * Mawu ŋutɔe na eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia-ŋlɔlawo wozã eƒe ŋkɔa nenema gbegbe. Biblia-ŋlɔla siawo dometɔ ɖeka, hakpala Asaf, ŋlɔ bena: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Dawid hã ŋlɔ ha aɖe be: “Míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ.”—Psalmo 20:8.

Biblia fia be Yehowa Mawu dzroa míaƒe dzi me kpɔa susu si le mía si ku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu. Hakpala la gblɔ be: “Ðe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be . . . la, anye ne mía Mawu madi egɔme oa? Elabena enya dzi me gogloeaƒe ke.” (Psalmo 44:21, 22) Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbeƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.”—Yesaya 12:4.

Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Woanyae be, ŋkɔnyee nye Yehowa.” (Yeremya 16:21) Egblɔ ɣebubuɣi be: “Makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome, . . . la ŋuti, eye dukɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa.” (Xezekiel 36:23) Nya siawo dometɔ aɖewo ku ɖe ɣeyiɣi si me Yehowa awɔ nu le dziku me ɖe amesiwo mede bubu eƒe ŋkɔ ŋu o la ŋuti. Nya si ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu menye nya tsɛ nɛ kura o.

Yehowa Mawu Mele Adzɔge tso Gbɔwò O

Aleke nàwɔ anya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ? Nukae Mawu ƒe ŋkɔ nyanya fia? Biblia ɖo eŋu na mí ale: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.” (Psalmo 9:11) Edze ƒã be Mawu ƒe ŋkɔ nyanya lɔ nu geɖe ɖe eme wu enyanya be eƒe ŋkɔe nye esi ko. Ele be nàxɔ eyama dzi ase. Ema fia be nànya Mawu si tɔgbe wònye ahasrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nɔnɔme kple susuwo ŋu. Esia aʋã wò nàxɔ edzi ase.

Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe koe ate ŋu ana nànya Mawu si ƒomevi Yehowa nye. Edo ŋugbe be yeakpɔ amesiwo lɔ̃a ye hedea bubu yeƒe ŋkɔ ŋu la ta. Mawu gblɔ tso amesi wɔa nu alea ŋu be: “Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ. Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahade bubu eŋu. Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.”—Psalmo 91:14-16.

Ƒomedodo wɔnuku ka gbegbee nye si le Yehowa Mawu kple amesiwo nya eƒe ŋkɔ la dome! Ƒomedodo ma ate ŋu anɔ mia kplii hã dome. Mègahe ɖe megbe gbeɖe le eƒe ŋkɔyɔyɔ ŋu le gbedodoɖa nɛ tso dzime me o. Aɖo eŋu elabena Biblia gblɔ be “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.”—Dɔwɔwɔwo 17:27.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 New World Translation of the Holy Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, nye Biblia gɔmeɖeɖe si zã egbegbenyagbewo ɖe esi gɔmeɖeɖe xoxowo zã teƒe. Nusi ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe sia ŋu enye alesi wòzã Mawu ƒe ŋkɔ le mawunyakpukpui siwo me wòdze le la mee. Fifia la, wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe miliɔn 122 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 45 me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

Mawu Nya Wò Ŋkɔ

Mawu gblɔ na Mose be: “Menya wò kple wò ŋkɔ.” (Mose II, 33:12) Ŋuve si nɔ bibim la ŋuti nuŋlɔɖi nyanyɛa ɖo kpe nya sia dzi. Biblia gblɔ be Mawu “yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose!” (Mose II, 3:4) Nudzɔdzɔ gbogbo siwo me Mawu yɔ amewo ŋkɔ le ŋuti kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia. Edze ƒã be xexeame Wɔla la tsɔ ɖe le mía dometɔ ɖesiaɖe me ɖekaɖeka.

Biblia gblɔ be Mawu nya ɣletivi biliɔn nane siwo li la dometɔ ɖesiaɖe ŋkɔ. (Yesaya 40:26) Aleke gbegbee wòatsɔ ɖe le amegbetɔ siwo subɔnɛ la me wue nye si! Apostolo Paulo ŋlɔ be “Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo.” (Timoteo II, 2:19) Esia fia nu geɖe wu ŋkɔwo léle ɖe tame ko. Mawu nya esubɔlawo nyuie. Ele be míawo hã míanya Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔmewo nyuie.

Biblia-gbalẽ mamlɛtɔ ƒo nu tso kpɔɖeŋugbalẽ aɖe si me Mawu ŋlɔ amesiwo katã subɔe le ŋutinya me la ƒe ŋkɔ ɖo la ŋu. Woyɔ agbalẽ sia be ‘agbegbalẽ’ elabena Yehowa Mawu ana agbe mavɔ amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe eme. (Nyaɖeɖefia 17:8) Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖee nye sia na amesiwo nya Mawu ƒe ŋkɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

Woɖe Gbeƒã Mawu ƒe Ŋkɔ

● Ha si Mose dzi do ŋgɔ teti hafi Israel-viwo ge ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi: “Mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge.”Mose V, 32:3.

● Nya siwo Dawid gblɔ na ame dzɔatsu Goliat: “Megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot . . . ƒe ŋkɔ me.”Samuel I, 17:45.

● Nya siwo Hiob gblɔ le eƒe nunɔamesiwo katã ƒe tsɔtsrɔ̃ kple viawo katã ƒe ku megbe: “Woakafu Yehowa ŋkɔ!”Hiob 1:21.

● Nyagblɔɖila Yoel gblɔ be: “Woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ.”Yoel 3:5.

● Nyagblɔɖila Yesaya: “Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, . . . miɖe gbeƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.”Yesaya 12:4.

● Esime Yesu Kristo nɔ gbedodoɖa fiam eƒe nusrɔ̃lawo: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!”Mateo 6:9, 10.

● Esime Yesu Kristo nɔ gbe dom ɖa na Mawu: “Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia.”Yohanes 17:6.

● Esime Mawu nɔ nu ƒom na eƒe amewo: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ . . . o.”Yesaya 42:8.