Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Namaqualand ƒe Ƒe sia Ƒe Nukunu La

Namaqualand ƒe Ƒe sia Ƒe Nukunu La

Namaqualand ƒe Ƒe sia Ƒe Nukunu La

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

Seƒoƒo amadede vovovowo xɔ tagba bliboa ɖo afisiafi si ko ŋku ate ŋu akpɔ. Zi geɖe la, Namaqualand ƒe sia ƒe nukunua kpɔkpɔ naa dzi dzɔa tsaɖilawo ale gbegbe be gbɔgblɔ koe buna ɖe wo. Tsaɖila aɖe ƒe nu ku wògblɔ be: “Ne wò ŋku kli seƒoƒoawo teti la, ɖeko nàsusu be dzoto aɖee wó eye ba xɔdzo si ƒe keklẽ le dzo dam ŋutɔ la le dodom blewu le toa ƒe wowóƒeawo le kɔkɔm ɖe anyigbaa ƒe teƒe sia teƒe.”

Gake nukae naa seƒoƒowo ƒe dodo le adame alea nyea nukunu wɔdɔɖeamedzi? Namaqualand nye nuto gã gbadza aɖe si ƒuna kplakplakpla le South Africa ƒe dzieheɣetoɖoƒekpa dzi. Nuto sia do liƒo kple Orange-tɔsisi le dziehe gome le toawo megbe. Namaqualand, si nye nuto aɖe si lolo wu Switzerland (si ƒe lolome xɔ teƒe gbadza si anye kilometa 50,000) la ƒe didime tso tɔsisia gbɔ ɖo ta anyiehe anye kilometa 200 lɔƒo, wòasusɔ didime sia ƒe afã kple nu sue aɖe ko nàɖo Cape Town. Le ƒea ƒe ɣleti akpa gãtɔ me la, kpenyigba mawɔnu sia ƒe dzoxɔxɔ nu sẽna ɖona keke dzidzenu Celsius 40 le ŋkeke me gaɖiɖina kpata hefana miamiamia ɖoa Celsius –8 le zã me. Namaqualand-nutoa te ŋu nyea teƒe madodzidzɔname—negbe le ƒe sia ƒe nukuɣeyiɣia me ko, elabena nuto bliboa katã kloe nye teƒe si ta alo tɔsisi mele o, eye vudometsi siwo me dze nɔna vie gɔ̃ hã dea vɔvɔ ge!

Ƒe sia ƒe tso August ƒe gɔmedzedze yi September titina ƒe tsidzadzawo megbe kpuie la, seƒoƒo hamehamewo miena vlɔvlɔvlɔ heƒoa se ɖe Namaqualand-tagba nyigba si ƒuna kplakplakpla zi geɖe la dzi. Seƒoƒo siwo ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi, yelo, pink, ɣie, nyagãdzi, blɔ, kple aɖabɛ xɔa tagba bliboa. Esi kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe seƒoƒoawo ƒe atsyɔ̃a nɔa anyi ƒe sia ƒe ta la, tsaɖila siwo tsoa xexeame ƒe akpa sia akpa la tsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm vevie na seƒoƒo dzeani hamehame siawo kpɔkpɔ.

Ne tsi dza ɖe ɖoɖonu eye ŋdɔ hã ʋu ɖe ɖoɖonu la, ekema seƒoƒoawo kena nyuie. Emegbe amesiame kpɔa mɔ be ɣedzeƒeya xɔdzo si ƒona la nagaƒo o, elabena ana seƒoƒoawo nayrɔ ahaku.

Alesi seƒoƒoawo tsea ku le agbɔsɔsɔ gã mee hã gbɔe wòtsona Namaqualand ƒe nukunua dzɔna. Ke hã seƒoƒoawo dometɔ geɖe memiena ƒe sia ƒe o—yame ƒe nɔnɔme tɔxɛ aɖewo koŋ mee woɖea woƒe atsyɔ̃ fiana le. Togbɔ be seƒoƒo aɖewo ƒe ku miena ƒe sia ƒe hã la, bubuwo nɔa to me ƒe geɖe, nɔa yame ƒe nɔnɔme nyuitɔ lalam hena miemie. Anne ɖe nu me be: “Seƒoƒoku aɖewo te ŋu nɔa to me ɣeyiɣi didi lalana ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake hena miemie. Le esi teƒe be seƒoƒoku mawo namie le tsi ɖeka aɖe ko si dza le ŋdɔʋuɣi sesẽ me la, wolalana miena le ɣeyiɣi siwo me yame fa eye tsi le to me nyuie—si nye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake hena miemie kple agbetsitsi le anyigba ƒuƒu sia dzi.”

Ne tsi dza ɖe ɖoɖo nu eye ya xɔdzoawo meƒo o la, ƒe sia ƒe nɔa etɔxɛ le seƒoƒoawo ƒe dodo gome, seƒoƒo dzeaniwo dona le agbɔsɔsɔ me le ƒe aɖewo me wu ɖewo. Agbalẽ si nye Namaqualand—South African Wild Flower Guide ɖe nu me be: “Esi seƒoƒo ɖesiaɖe kple yame ƒe nɔnɔme si sɔna nɛ hena miemie, eye tsi gbãtɔwo te ŋu dzana tso April yi July (siwo nye ɣleti siwo me yame ƒe nɔnɔmewo nɔa vovovo) ta la, seƒoƒo hamehamewoe miena ƒe sia ƒe, le ɣeyiɣi si tsi gbãtɔwo dza nu.”

Seƒoƒo siwo miena heƒoa se la nyea seƒoƒo hamehamewo—wosɔ gbɔ wu seƒoƒo hamehame 4,000, ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔme, amadede, kple alesi wòmienae! Le teƒe aɖewo le anyigba ƒe didime kple kekeme meta 1 ko ƒe lolome la, míekpɔ tso seƒoƒo hamehame 10 yi 20. Le nyateƒe me la, míakpɔ nya aɖeke atsɔ aɖɔ nukpɔkpɔ si ƒe atsyɔ̃ wɔe be nutala aɖe ƒe nutatawo nadze abe amadede ɖeka koe wòzã tsɔ ta nuawoe ene, eye nutataawo me mekɔ nyuie o, lae o. Nya siwo de to wu gɔ̃ hã adze abe womede ŋgɔ woatsɔ aɖɔ Namaqualand ƒe atsyɔ̃ wɔnuku lae o. Nya si míate ŋu agblɔ koe nye be nuka gbegbee nye si nya kpɔ ale.

Nutalawo, hakpanyaŋlɔlawo, kple agbalẽŋlɔlawo gɔ̃ hã ƒe nu kuna le seƒoƒo siawo ƒe atsyɔ̃ kpɔkpɔ ta. South Africa hakpanyaŋlɔla D. J. Opperman ƒe nu ku wògblɔ be: “Anyigba dzi nukuwugbe gã aɖee gbemagbe nye, esime . . . Mawu ƒe akplo nyuitɔ kekeake si me seƒoƒo dzeaniwo ƒe kuwo nɔ la ŋɔ eye seƒoƒokuawo ɖuɖu kɔ ɖe afisia.” Ame aɖe si seƒoƒoawo nya kpɔ na ale gbegbe la ŋlɔ bena: “Ðeko nàsusu be anyieʋɔe do ɖe dzogbea hekaka eƒe amadede vovovoawo ɖe afisiafi ene.” Tsaɖila mawusubɔla aɖe gblɔ be: “Atsyɔ̃ seɖoƒe manɔena sia naa ame ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ deto fiana ɖe mía Wɔla, Yehowa ƒe dɔmenyo kple nunya si goléƒe meli na o la ŋu.”

Gawu la, Namaqualand ƒe ƒe sia ƒe nukunua ƒe atsyɔ̃a ganaa kakaɖedzi mí be Wɔla la ate ŋu awɔ dzɔdzɔmeɖoɖo siawo tɔgbe ŋudɔ agbugbɔ Paradiso ƒe nɔnɔmewo aɖo anyigba bliboa dzi—hena esubɔla wɔnuteƒe dakpewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ. (Psalmo 37:10, 11, 29) Ekema le mɔ̃ gã aɖe nu la, “tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Seƒoƒo dzeani hamehamewo xɔ nuto blibo, si ƒe lolome ade kilometa 50,000 la katã dzi