Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ahatsunono Nye Nu Gbegblẽ Vavãa?

Ðe Ahatsunono Nye Nu Gbegblẽ Vavãa?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Ahatsunono Nye Nu Gbegblẽ Vavãa?

YEAÐI ahanomunɔwo ƒe nuwɔna, si wowɔna tsɔ doa nukokoe amewo la, nye fefewo me kple television dzi wɔnawo ƒe akpa vevi aɖe ƒe geɖe. Togbɔ be fefe koe wòanye woanɔ wɔwɔm hã la, nukokoedoname sia ƒomevi ɖea nukpɔsusu totro si le ame geɖe si le ahatsunono ŋu, si wobuna be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ, gake megblẽa nu boo aɖeke le ame ŋu o la fiana.

Ke hã, menye nukokoenyae ahamumu ŋutɔŋutɔ ya nye o. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ de dzesi ahanono wòagbɔ eme be enye nusiwo gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu wu dometɔ ɖeka. Wogblɔ be le atamanono megbe la, ahatsunonoe wua ame henana wodzea dɔ geɖe wu atike muame bubu ɖesiaɖe eye egblẽa ga dɔlar biliɔn 184 kple edzivɔ dome na Amerikatɔwo ɖeɖe ƒe sia ƒe.

Togbɔ be kpeɖodzi siawo li hã la, ame geɖe gabua ahatsunono nu tsɛ kokoko. Togbɔ be ɖewohĩ woalɔ̃ ɖe edzi be ahanono wòagbɔ eme edziedzi gblẽa nu le ame ŋu ɣeyiɣi didi hã la, wokpɔe be naneke megblẽ le enono wòagbɔ eme ɣeaɖewoɣi ŋu o. Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, sɔhɛwo bua ahatsunono be enye afɔɖeɖe vevi aɖe le agbe me. Eye togbɔ be lãmesẽ habɔbɔwo le nuxlɔ̃ame nam ŋkubiãtɔe hã la, ahatsunono, si woɖɔ be enye aha ƒomevi vovovo atɔ̃ alo wu nenema nono le anyinɔnɔ ɖeka me, le dzidzim ɖe edzi ŋɔdzitɔe le sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa dome. Eyata eme kɔ be ame geɖe bua eŋu ne ahatsunono nye nu gbegblẽ vavã. Nukae Biblia gblɔ tso eŋu?

Wein Kple Aha Sesẽ​—Nunanawoe Wonye tso Yehowa Gbɔ

Biblia ƒo nu geɖe le wein kple aha sesẽ ŋu. Fia Salomo ŋlɔ bena: “Yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.” (Nyagblɔla 9:7) Hakpala la lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawue nye “wein [si] doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi” la Nala. (Psalmo 104:14, 15) Edze ƒã be wein nye nu nyui siwo Yehowa na ameƒomea la dometɔ ɖeka.

Edze ƒã be Yesu da asi ɖe wein nono dzi. Le nyateƒe me la, nukunu gbãtɔ si wòwɔ la nye esi wòtrɔ tsi wòzu wein le srɔ̃ɖeƒe aɖe. (Yohanes 2:3-10) Ezã wein hã wònye kpɔɖeŋu si sɔ na eƒe ʋu esime wònɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ɖom anyi. (Mateo 26:27-29) Biblia gblɔ kura gɔ̃ hã be atikee wein nye, elabena apostolo Paulo de dzi ƒo na Timoteo be ‘wòano wein vi aɖe le eƒe dɔgbo ta.’—Timoteo I, 5:23; Luka 10:34.

Enono Ŋuɖɔɖotɔe Nye Nu Vevitɔ

De dzesii be Paulo kafui be woano “wein vi aɖe” ko. Biblia tsi tre ɖe ahanono wòagbɔ eme ŋu vevie wòdze ƒã. Yudatɔ nunɔlawo kpɔ mɔ ano aha le ŋuɖɔɖo me ne womele subɔsubɔm o. Gake womeɖe mɔ na wo be woano ahasesẽ ƒomevi aɖeke ne wole woƒe nunɔladɔwo wɔm o. (Mose III, 10:8-11) Le ƒe geɖe megbe la, woxlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be ahamulawo “[manyi] mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Gawu la, esime Paulo nɔ mɔfiamewo nam Timoteo la, egblɔ be mele be amesiwo xɔa ŋgɔ le hamea me la nanye ‘ahatsunolawo’ loo alo “aha geɖe nolawo” o. * (Timoteo I, 3:3, 8) Le nyateƒe me la, Biblia de se be woaɖe ahamula matrɔdzimewo ɖa le Kristo-hamea me. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Abe alesi Ŋɔŋlɔawo gblɔe wòsɔ nyuie ene la, “fewuɖula enye wein.” (Lododowo 20:1) Aha geɖe nono ate ŋu ana ame magakpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo wòwɔna dzi o eye enaa womegabua nuwo hã ŋu nyuie o.

Nusita Mawu ƒe Nya la Tsi Tre Ðe Ahatsunono Ŋu

Yehowa, ‘amesi fiaa mí nusi nyo na mí’ la nyae be nusianu si ŋudɔ míawɔ le mɔ gbegblẽ nu la agblẽ nu le mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu mlɔeba. (Yesaya 48:17, 18) Esia nye nyateƒe le ahamuamewo gome. Mawu ƒe Nya la bia be: “Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wɔna dɔ̃?” Eɖo eŋu be: “Amesiwo tsia wein te [didi] la tɔe; amesiwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe.”—Lododowo 23:29, 30.

Aha nono fũ akpa na amewo wɔ afɔkunu geɖe siwo me susu mele o: wokua ʋu esime womu aha eye wodea wo ɖokui kple ame bubuwo ƒe agbe afɔku me, wova nɔa vivi dom ɖe ame bubuwo srɔ̃wo ŋu akpa eye esia gblẽa nu le srɔ̃ɖekadodowo ŋu ale gbegbe, woƒoa nu hewɔa nu bometsitsitɔe alo wɔa nu gbegblẽwo kura gɔ̃ hã. (Lododowo 23:33) Esɔ be woyɔ ahatsunono be enye nusiwo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu egbea vevie wu la dometɔ ɖeka. Eyata mewɔ nuku o be Mawu xlɔ̃ nu mí be: “Meganɔ weintsunolawo . . . dome o”!—Lododowo 23:20.

Le Galatiatɔwo 5:19-21 la, Paulo yɔ ahamumu kple aglotutuwo be wonye “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” si tsi tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo ŋu. Ahatsunola gblẽa ƒomedodo si le wo kple Mawu dome la me. Eyata eme kɔ be ele be Kristotɔwo natsri ahamuame zazã ŋumaɖɔɖotɔe ƒomevi ɖesiaɖe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Esi wòle be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo nanye kpɔɖeŋu na alẽha la le woƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ me ahanɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi alesi woate ŋui ta la, esɔ be nudidi sia naku ɖe Kristotɔ bubuwo hã ŋu.