Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nyateƒenya Xɔasiwo Bɔ Ðe Eme Fũ’

‘Nyateƒenya Xɔasiwo Bɔ Ðe Eme Fũ’

‘Nyateƒenya Xɔasiwo Bɔ Ðe Eme Fũ’

Aleae dɔnɔdzikpɔƒe aɖe si le Illinois, U.S.A., dzikpɔla gblɔ tso agbalẽ gbadzaa si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ŋui. Yehowa Ðasefo aɖee ɖo agbalẽ gbadzaa kple Nyɔ! magazine aɖe ɖee elabena esi Ðasefoa xlẽ Nyɔ sia la, ede dzesii be ame tsitsiwo va le wo ɖokui wum ŋutɔ. Esime dɔnɔdzikpɔƒe dzikpɔlaa xɔ agbalẽawo la, eɖo eŋu enumake.

Esi dɔnɔdzikpɔƒea dzikpɔla kpɔe be nyateƒenya xɔasi geɖe le Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe agbalẽa me vɔ la, eŋlɔ be: “Adzɔ dzi nam be mana wòaka . . . ƒome siwo aɖaŋuɖoɖo nyui kple Biblia me nya kple numedzodzro siwo le eme ate ŋu afa akɔ na la si.”

Ðasefoa ƒo ka na dzikpɔla la enumake hewɔ ɖoɖo kplii be ye ŋutɔ yeava egbɔ. Ebia agbalẽ gbadzaa 20 eye wòbia be woanɔ dɔnɔdzikpɔƒea vam ɣleti eve alo etɔ̃ ɖesiaɖe ale be woanɔ agbalẽ gbadzaa la tsɔm vɛ na amewo le afima.

Ðewohĩ wò ŋutɔ alo ame aɖe si nènya hã akpɔ akɔfafa tso axa 32-gbalẽ gbadza sia xexlẽ me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Medi be miaɖo Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe agbalẽ gbadzaa ɖeka ɖem.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi.

□ Taflatse, miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.