Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse ƒe Dodokpɔ Aɖe

Xɔse ƒe Dodokpɔ Aɖe

Xɔse ƒe Dodokpɔ Aɖe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GREAT BRITAIN GBƆ

RICHMOND nye du dzeani aɖe le North Yorkshire, England. Ne èle xɔ kɔkɔ aɖe si wotu ɖe dua me esime Normandytɔwo ɖu England dzi le ƒe 1066 megbe teti me la, àte ŋu akpɔ Swale-tɔsisia ƒe bali me vaseɖe Dukɔa ƒe Modzakaɖebɔ si le Yorkshire Dales.

Television dzi nuɖeɖefia si woyɔ be The Richmond Sixteen (Richmondtɔ Wuiadeawo) la ɖe xɔ gã ma ƒe egbegbe ŋutinya ƒe akpa vevi aɖe fia—nusi dzɔ ɖe ame 16 siwo gbe aʋayiyi le woƒe dzitsinya ta le Xexemeʋa I wɔɣi la dzi. Nukae dzɔ ɖe wo dzi?

Amewo Xɔxɔ ɖe Asrafodɔ me Sesẽe

Esi Britain dze aʋawɔwɔ gɔme le ƒe 1914 megbe la, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ʋã amesiwo anɔ miliɔn 2.5 wova zu eƒe asrafowo. Gake aʋawɔwɔ ŋutinyaŋlɔla Alan Lloyd gblɔ be esi wònye asrafo geɖe nɔ kukum le aʋaa me eye wova kpɔe dze sii be aʋa la make kaba abe alesi dunyahelawo do ŋugbee ene o ta la, “asrafo zuzu megava nye nusi ame ŋutɔ alɔ̃ awɔ o, ke boŋ eva zu amedzizizi.” Alea wòdzɔe be le March 1916 me la, Britaintɔwo wɔ nusi womewɔ kpɔ do ŋgɔ o, si nye be wozi ŋutsu trewo dzi be woazu asrafowo.

Woɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe 2,000 anyi be woagbugbɔ adrɔ̃ nya na ame ʋɛ aɖewo siwo nɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi gbe asrafo zuzu gake womeɖe wo dometɔ boo aɖeke le asrafodɔa me o. Wobia tso ame akpa gãtɔ siwo gbe asrafo zuzu le woƒe dzitsinya ta si be woawɔ ɖeka kple ame bubu siwo hã le asi kpem ɖe aʋaa ŋu evɔ womenye asrafowo o. Wobu amesiwo gbe la be wonye amesiwo dzi woazi be woawɔ asrafodɔ kokoko eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo le asrafowo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe. Wosẽ ŋuta le wo ŋu hede wo gaxɔ me, eye zi geɖe la teƒe siwo xaxa ale gbegbe eye wo nɔnɔ wɔ nublanui lae wonɔ.

Richmondtɔ Wuiadeawo

Richmondtɔ Wuiadeawo dometɔ atɔ̃ nye Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ene. Anɔ abe ƒe 50 ene megbe la, Herbert Senior, amesi va zu Biblia Nusrɔ̃vi le ƒe 1905 me esime wòxɔ ƒe 15, ŋlɔ be: “Wode mí gaxɔ siwo le abe tomegaxɔ ene me. Anye be ƒe gbogbo aɖewo enye ema si womegazã wo kpɔ o, elabena gbeɖuɖɔ si ƒe kɔkɔme ade sentimeta atɔ̃ vaseɖe adre lae xɔ anyigba.” Woɖe nusiwo gaxɔmenɔlaawo ta heŋlɔ ɖe woƒe xɔawo ƒe gli si wosi akalo na ɣemaɣi, siwo megale dzedzem nyuie o eye womagate ŋu axlẽ wo dometɔ aɖewo kura o la fia amewo nyitsɔ laa. Nuŋɔŋlɔawo dometɔ aɖewo nye ŋkɔwo, nyatakakawo, kple woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo wota kpakple nya siwo ku ɖe woƒe xɔse ŋu.

Gaxɔmenɔla aɖe ŋlɔ kpuie ko be: “Enyo be maku le gɔmeɖose siwo me melé ɖe asi ta wu be maku evɔ gɔmeɖose aɖeke manɔ asinye o.” Nya siwo woŋlɔ dometɔ geɖe ku ɖe Yesu Kristo kple eƒe nufiafiawo ŋu, eye atitsoga si ŋu fiakuku le ƒe dzesi si Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo (IBSA le Eŋlisigbe me) zãna ɣemaɣi ƒe nɔnɔmetata siwo wowɔ nyuie la hã li. Herbert Senior gblɔ be yeta “Ɣeyiɣiwo Ðoɖo” si dze le Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye The Divine Plan of the Ages me ɖe yeƒe gaxɔa ƒe gli ŋu gake womeke ɖe eŋu o. Ðewohĩ woa kple nuŋɔŋlɔ bubuwo anya bu ɖe gliwo ŋu le xɔ gã si me gaxɔawo le me alo le afia ɖe. Nuŋɔŋlɔ bubu xlẽ be: ‘Clarence Hall, Leeds, I.B.S.A. May 29 lia, 1916. Woɖoe ɖe France.’

Woɖo Wo Ðe France—Gake Wogatrɔ Gbɔ!

Asrafo siwo nɔ aʋagbedzi le France kple Belgium va nɔ kukum ŋutɔ. Dudɔnunɔla si kpɔa aʋawɔwɔ ŋu nyawo gbɔ, Horatio Herbert Kitchener kple Britaintɔwo ƒe Aʋafia Douglas Haig nɔ asrafoha geɖe wu siwo dome ŋutsu srɔ̃tɔwo hã le hiãm, eyata kaka May 1916 naɖo la, wodze woawo hã dzi zizi de asrafodɔ me. Be woazi amewo dzi woaƒo wo ɖokui ɖe aʋaa me la, dziɖuɖumegãwo ɖoe be yewoahe to na amesiwo gbe aʋayiyi le woƒe dzitsinya ta. Ale wotsɔ tu do ŋɔdzi na Richmondtɔ Wuiadeawo, de kunyowu woƒe asiwo, de wo keteke hekplɔ wo to mɔ gɔglɔ̃e aɖe yi France le adzame. Heritage magazine gblɔ be esi woɖo Boulogne ƒuta la, “wotsɔ ga biɖoewo bla ŋutsuawo, abe ɖe wole wo klãm ɖe ati ŋu ene,” eye wozi wo dzi be woakpɔ eteƒe esime asrafowo da tu Britaintɔ aɖe si nɔ sisim la. Wogblɔ na wo be ne womewɔ nusi wogblɔ na wo o la, nusia kee adzɔ ɖe wo dzi.

Le June ƒe domedome lɔƒo le ƒe 1916 me la, wokplɔ gamenɔlaawo yi afisi asrafo 3,000 ƒo ƒu ɖo be woatso kufia na wo, gake le ɣemaɣi la, Kitchener ku, eye Britaintɔwo ƒe dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ de nu nyaa me. Eɖo fotogbalẽvi aɖe si dzi woŋlɔ gbedasi aɖe ɖo ɖe dziɖuɖumegãwo le London, eye wote fli ɖe kufiatsotsoa me. Wobia tso Aʋafia Haig si be wòana amesiwo katã wotso kufia na la nawɔ kluvidɔ ƒe ewo ɖe eteƒe wòanye woƒe tohehe.

Dziɖuɖumegãwo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be esi ŋutsu 16-awo trɔ gbɔ va Britain la, wokplɔ wo dometɔ aɖewo yi Scotlandtɔwo ƒe kpegbãƒe aɖe be woawɔ “dɔ aɖe si le vevie na dukɔa” le nɔnɔme madeamedziwo me. Wogbugbɔ wo dometɔ bubuwo, siwo dome Herbert Senior nɔ, la de amesiwo menye asrafowo o ƒe gaxɔ me.

Nusiwo Wogblẽ Ði

Esi wònye gaxɔa ƒe gliawo megasesẽ o ta la, wowɔa nuɖeɖefia aɖe si le England ƒe Ŋutinya me Nuwo Dzikpɔƒe ƒe dzikpɔkpɔ te la le Richmond Mɔ̃ la me, eye wotoa kɔmpiuta dzi naa tsaɖilawo léa ŋku ɖe gaxɔawo kple nusiwo woŋlɔ ɖe gliawo ŋu la ŋu wòdzena nyuie be nukpɔlawo nagagblẽ gliawo ŋutɔ ŋu o. Wodea dzi ƒo na sukuvi siwo ɖia tsa yia afima la be woase nusitae amesiwo gbe aʋayiyi le woƒe dzitsinya ta nɔ klalo be woahe to na yewo, woade yewo gaxɔ me, eye ne ahiã woawu yewo le nusiwo dzi woxɔ se vevie ta la gɔme.

Richmondtɔ Wuiadeawo “na amewo va nyae be ame aɖewo li siwo gbe be yewomayi aʋa o le dzitsinya ta eye amewo va le asi dam ɖe woƒe nukpɔsusua dzi hedea bubu wo ŋu.” Esia na dziɖuɖumegãwo va se nu gɔme na amesiwo gbe aʋayiyi le dzitsinya ta le Xexemeʋa II lia wɔɣi la nyuie wu.

Le ƒe 2002 me la, wokɔ abɔ dzeani aɖe si wowɔ le afisi gaxɔa le ŋu wònye ŋkuɖodzinu na amesiwo dome Richmondtɔ Wuiadeawo le ɖe woƒe agbenyuinɔnɔ dzixɔsewo ta.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

Tso miame yi ɖusime: Richmond Mɔ̃ si wotu le ƒe alafa 12 lia me, si ƒe akpa aɖe nye afisi gaxɔwo nɔ

Herbert Senior, si nye Richmondtɔ Wuiadeawo dometɔ ɖeka

Gaxɔ siwo me wode Richmondtɔ Wuiadeawo dometɔ ɖeka

Nutata si ƒo xlã nyatia: Nusiwo woŋlɔ ɖe gaxɔa ƒe gli ŋu ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la dometɔ aɖewo