Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutifafa Yometiti Le Dɔwɔƒe

Ŋutifafa Yometiti Le Dɔwɔƒe

Ŋutifafa Yometiti Le Dɔwɔƒe

NUKATAE ame aɖewo tɔa ŋku amewo nɔa vodada dim le wo ŋu? Biblia kpe ɖe mía ŋu be míase nusitae wòdzɔna ɖo gɔme. Eɖe nu me be míele nuɖoanyi siawo ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me, eye be esia tae míele ‘ɣeyiɣi vɔ̃wo’ me tom ɖo. Ame geɖewo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.” (Timoteo II, 3:1-5) Nɔnɔme siawo bɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me eye bablaɖeameŋu le dɔ me nye nɔnɔme siawo metsonu ɖefunameawo dometɔ ɖeka. Ekema aleke nàwɔ ati ŋutifafa yome le dɔwɔƒe?

Masɔmasɔwo Gbɔkpɔkpɔ

Zi geɖe la, masɔmasɔ siwo gbɔ womekpɔ le dɔwɔlawo dome o lae naa wotea ŋkutɔtɔ wo nɔewo. Eyata togbɔ be mànɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me dzodzro o hã la, tso ɖe masɔmasɔ siwo do mo ɖe mia kple amewo dome la gbɔkpɔkpɔ ŋu kaba. Zã aɖaŋu kple bubudeameŋu le masɔmasɔ si he vevesese de mia me la gbɔkpɔkpɔ me. Wɔ nu ɖe wò dɔwɔhatiwo ŋu abe ame ɖekaɖekawo ene, menye abe ƒuƒoƒo ene o. Ne edze abe nya aɖe le ame aɖe si ɖe ŋuwò ene la, dze agbagba nàkpɔ nya mawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu. Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nanɔ susu me na wò, be, ‘Tso ɖe nya si nuwòtsola tsɔ ɖe ŋuwò la gbɔkpɔkpɔ ŋu kaba.’—Mateo 5:25.

Gakpe ɖe eŋu la, eɖea vi na amesiame le dɔwɔƒea ne kadodo nyui le dɔwɔlawo dome. Eyata dze agbagba kadodo nyui nanɔ mia kple wò dɔdzikpɔla dome, evɔ manye abe ɖe nèle didim be yeawɔ nu ne yeƒe nu nadze eŋu ene o. Ðo ŋku edzi hã be kadodo nyui me nɔnɔ kple wò dɔwɔhati siwo ƒe ɖoƒe sɔ kple tɔwò kple esiwo le tewò akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu. Fia Salomo ŋlɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.”—Lododowo 15:22.

Eyata dze agbagba ɖesiaɖe nànɔ ŋutifafa me kple wò dɔwɔhatiwo. Mefia be nàzu “amesiame ŋudzela,” alɔ̃ awɔ nusianu si wobia tso asiwò eŋumabumabui ahanɔ gɔmeɖose nyuiwo dzi dam kple susu be ŋutifafa nanɔ anyi ta ko o. Gake xɔlɔ̃wɔwɔ kple vividodoɖeameŋu ate ŋu ana nya sesẽwo me nafa vie. Menye nya siwo nègblɔna na amewo ko ŋue wòle be nàbu nyuie o ke boŋ bu alesi nèƒoa nu na woe hã ŋu. Le go sia me hã la, Biblia ɖo aɖaŋu si me nunya le be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lododowo 15:1) “Aɖe fafɛ enye agbeti.” (Lododowo 15:4) “Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si.” (Lododowo 25:15) “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.

“Mina Amewo Katã Nanya Miaƒe Nugɔmesesename”

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Filipi la be: “Mina amewo katã nanya miaƒe nugɔmesesename.” (Filipitɔwo 4:5, NW) Zɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi nàɖo agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo me nunya le na ɖokuiwò. Mègaka ɖe ɖokuiwò dzi fũ akpa alo akpe ŋu akpa o. Ne dɔwɔhatiwo di ge le ŋuwò la, mègawɔ wɔɖenui o. Viɖe aɖeke mado tso vovototo mademade agbenɔnɔ nyui kple gbegblẽa dome me na wò o. Wɔ nu ɖe amewo ŋu bubudeameŋutɔe, eye ana wòanɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nu ɖe wò hã ŋuwò nenema ke.

Menye wò agbenɔnɔ ŋu koe wòle be nàlé ŋku ɖo o ke boŋ lé ŋku ɖe wò nudodowo hã ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nya kae nye nudodowo gblɔna le ŋunye? Ðe nye dzedzeme tɔa ŋkua? Ðe nye dzedzeme ɖenɛ fiana be nyemeléa be na ɖokuinye oa? Ðe wòanyo be maɖo dzidzenu nyui aɖe ɖi ku ɖe awu siwo mado ayi dɔmee ŋu ahazɔ ɖe edzia?’

Le dukɔ akpa gãtɔ me la, wodea bubu dɔwɔla siwo wɔa dɔ kple moveviɖoɖo ŋu eye womelɔ̃a nu le wo gbɔ o. Eyata dze agbagba nàde bubu ɖokuiwò ŋu to dɔ sesẽ wɔwɔ me. Nye amesi dzi woate ŋu aka ɖo ahaɖo ŋu ɖo. Mefia be nàdze agbagba be yeƒe dɔwɔnawo katã nade blibo o. Nyɔnu aɖe si wotɔ ŋkui le dɔwɔƒe va lɔ̃ ɖe edzi emegbe be ye ŋutɔ hã gbɔe wòtso amewo va tɔ ŋku ye. Egblɔ be: “Medi be mawɔ nusianu wòade blibo.” Nyɔnu sia va de dzesii be didi be woawɔ dɔ sia dɔ wòade blibo nye taɖodzinu si gbɔ manya ɖo o: “Enyo be mewɔa dɔ nyuie, gake mehiã kokoko mawɔ nusianu wòade blibo o.”

Mègatsi dzi ɖe nya manyomanyo ɖesiaɖe si woagblɔ ɖe ŋuwò la ŋu fũ akpa o. Menye nya manyomanyo ɖesiaɖe si woagblɔ ɖe ŋuwòe fia be wotɔ ŋku wò o. Fia Salomo ŋlɔ ɖe Biblia me be: “Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o. . . . Megalé to hã ɖe amewo ƒe nusiwo katã woƒona la ŋu o. . . . Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã èdo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.”—Nyagblɔla 7:9, 21, 22.

Gake gɔmeɖose nyui sia dzi wɔwɔ mefia kokoko be ame aɖeke matɔ ŋku wò gbeɖegbeɖe o ya. Aleke ke nàlé fɔ ɖe wò zɔzɔme ŋui o, wò dɔwɔhati aɖewo aganɔ vodada dim le ŋuwò kokoko. Ekema aleke nàwɔ?

Bia Kpekpeɖeŋu

Gregory gblɔ be: “Esi womegatsɔ ɖeke le eme nam o ɣleti gbogbo aɖewo la, metɔtɔ ŋutɔ.” Nusiwo me wòto la sɔ kple amesiwo wotɔ ŋkui, siwo toa seselelãme sesẽ vovovowo ƒe fuɖename me la tɔ—dziku, fɔɖiɖi sese le ame ɖokui me, ŋukpe, tɔtɔ, kpakple sese le ame ɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Nuteɖeamedzi siwo me amesi wotɔ ŋkui tona la ate ŋu ana amesi ƒe susu dze akɔ anyi gɔ̃ hã natɔtɔ. Nyateƒee, Biblia gblɔ be ‘teteɖeanyi ɖeɖe dzaa ate ŋu ana nunyala nawɔ nu abe aɖaʋatɔ ene.’ (Nyagblɔla 7:7) Eyata nukae nàte ŋu awɔ?

Numekukuwo ɖee fia be edea ame dzi wu be màdze agbagba be ye ɖeɖe yeakpɔ nusiwo me tom yele gbɔ o. Afikae nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le? Dɔwɔƒe gã aɖewo wɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana woƒe dɔwɔvi siwo wotɔ ŋkui la ŋu. Dɔwɔƒe siawo nya be ade yewo ŋutɔwo dzi ne yewoxe mɔ na dɔwɔviwo ƒe ŋkutɔtɔ wo nɔewo. Wogblɔ le numekuku aɖe me be dɔwɔvi siwo tɔa ŋku woƒe dɔwɔhatiwo la ƒe dɔwɔɣeyiɣi alafa memama 10 sɔŋ dome gblẽna. Ne ɖoɖo sia le dɔwɔƒe aɖe la, dɔwɔvi si wotɔ ŋkui ate ŋu ato edzi abia kpekpeɖeŋu. Aɖaŋuɖola makpɔameŋkume aɖe—ate ŋu anye dɔtɔa ŋu me aɖe alo ame bubu kura—ate ŋu awɔ ɖoɖo aƒo dɔwɔvi siwo ŋu nyaa ku ɖo la nu ƒu ahadzro nɔnɔmea me kpli wo eye wòaɖo se siwo dzi wòle be amesiame nazɔ ɖo le dɔwɔƒea ɖi.

Ŋkutɔtɔame Manya Ðe Ða Keŋkeŋ O

Le nyateƒe me la, ele be míade dzesii be manya wɔ be woaɖe ŋkutɔtɔame ɖa keŋkeŋ o. Ate ŋu adzɔ be amesiwo tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me wɔa dɔe gɔ̃ hã nakpɔe be amewo gayia edzi tɔa ŋku yewo kokoko le dɔwɔƒe. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ dɔwɔvi siawo si be Yehowa Mawu kpɔa yewoƒe dzidodo kple agbagbadzedze be yewoaɖe mawumenɔnɔmewo afia le nɔnɔme sesẽwo me.—Kronika II, 16:9; Yeremya 17:10.

Le nusi wowɔna ɖe wo ŋu ƒe sesẽ kple alesi wowɔnɛ edziedzii nu la, dɔwɔvi aɖewo siwo le nɔnɔme siawo me wɔa tiatia be yewoadi dɔ bubu. Le dɔmanɔanyi kple kpekpeɖeŋuxɔɖoɖowo ƒe anyimanɔmanɔ ta la, dɔ bubu kpɔkpɔ asesẽ na ame aɖewo. Monika si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me va kpɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kuxia nu va yi esime amesi koŋ tɔ ŋku ye le dɔwɔƒea dzudzɔ dɔwɔwɔ le afima. Ena dɔa me va fa vie be wòte ŋu wu eƒe hehexɔxɔa nu hafi va tso nya me be yeadi dɔ le teƒe bubu.

Ke ɖe Peter si ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me ya xɔ dzudzɔ le dɔme do ŋgɔ na eƒe dzudzɔxɔɣi hafi kpɔ gbɔdzɔe keŋkeŋ. Ke hã esime Peter nɔ nɔnɔme sesẽ mawo me tom la, srɔ̃a ƒe dzideƒoname ɖe vi nɛ ale gbegbe. Egblɔ be: “Srɔ̃nye nya nɔnɔme si me tom menɔ eye enye ŋusẽtsoƒe gã aɖe nam.” Esi Monika kple Peter, siwo nye Yehowa Ðasefowo nɔ nɔnɔme sesẽ siawo me tom la, wokpɔ akɔfafa tɔxɛ tso xɔse si le wo si me. Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me na wosena le wo ɖokui me be bubu le yewo ŋu, eye hadede kple wo havi xɔsetɔwo na kakaɖedzi su wo si be xɔlɔ̃ nyuiwo le yewo si.

Nɔnɔme ka ke me tomee nèle le dɔwɔƒe o, wɔ tɔwò sinua be kadodo nyui nanɔ mia kple amewo dome. Ne wotɔ ŋku wò la, dze agbagba nàwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, . . . ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! . . . Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—Romatɔwo 12:17-21.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Nuwɔwɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu ana nuwo naka ɖe eme vie

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”​—ROMATƆWO 12:18

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Tso ɖe masɔmasɔwo gbɔkpɔkpɔ ŋu kaba