Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒome aɖe ƒe Xɔse le Dodokpɔ Sesẽ aɖe Me

Ƒome aɖe ƒe Xɔse le Dodokpɔ Sesẽ aɖe Me

Ƒome aɖe ƒe Xɔse le Dodokpɔ Sesẽ aɖe Me

INDIA, nyɔnuvi ƒe asieke vi dodzidzɔname aɖe si tso Wisconsin, U.S.A., la kpe fu geɖe le dɔléle si me. Le nyateƒe me, wowɔ dɔ gãwo nɛ zi gbɔ zi etɔ̃ va yi xoxo, ke dɔ suesuewo dada nɛ ya la, míagagblɔ woawo ƒe nya o. Dadaa Lori gblɔ be: “India xɔxɔ ɖe kɔdzi ƒe dɔ kpatawo daƒe, kɔdzi nɔnɔ, kple ɖɔkta kpɔkpɔ dzi ko míenɔ ƒe ade sɔŋ.”

Nu bliboa dze egɔme le India ƒe ɣleti 18 ko xɔxɔ me. Dɔ vovovo va nɔ fu ɖem nɛ màse egɔme o, esiwo ƒe ɖewoe nye afɔdzidede madzudzɔmadzudzɔe, ŋudza sesẽwo ƒe edzi dzedze, ƒodo dzina ɖe enu, eye wòɖia ku enumake. Dɔme hã ɖunɛ. India si nye ɖevi sue la nyɔna enuenu zã sia zã ƒe eve sɔŋ anɔ ŋeŋem, eye ɣeaɖewoɣi vevesese naa wòdoa aƒa gɔ̃ hã.

Esime ɖɔktawo nɔ agbagba dzem be yewoakpɔ nusi nɔ fu ɖem na India la, dɔa nɔ eŋu tem. Lori gblɔ be: “Mía via nɔ ku ɖim yina ɖe kuku ge.” India fofo, Mark gblɔ be: “Míekpɔ mía via wònɔ kuɖiɖi kple gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi eteƒe didi wu ƒe ɖeka, gake míenya nusi tututu míawɔ nɛ o. Meɖo ŋku edzi be mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí kura gbeɖeka zã me, eye mía kple Lori míenɔ nu ƒom tso India ƒe kunuwɔwɔ ŋu, eye ɣemaɣi edze abe kuku ge ko wòle ene.”

Mlɔeba wova kpɔ be dɔmebi ye le India ŋu tso eƒe dɔka me va ɖo eƒe meƒi me. Dɔ bubu hã le eŋu si na eƒe vevetoe me ƒe akpa gãtɔ xe. Woate ŋu ada dɔ siawo. Gake ehiã be woawɔ dɔ nɛ, eye ahiã be woana atikee wòano na dɔmebia. Dɔ evea siaa bia be ŋku nanɔ eŋu eye asi nasẽ ɖe eŋu le ɣeyiɣi si me wòle hayahayam me.

Ƒe adre kple edzivɔwoe nye sia si India dze dɔa. Ðɔkta veviedonulawo ƒe belélename na be wòle kakam ɖe eme nɛ. Mark kple Lori siwo nye Yehowa Ðasefowo bui be yewoƒe Mawu ƒe Nya la dzixɔxɔse—vevietɔ nusi wogblɔ le dɔléle, ku, kple etsɔme tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu—koŋue kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu do dzi. Eya kee lé India hã ɖe te. Lori gblɔ be: “India lɔ̃a nuƒoƒo tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu. Enye nu ŋutɔŋutɔ nɛ.”

Gbeɖeka si India nɔ kɔa dzi ƒe xɔ si me ɖeviwo fena le me la, ekpɔ nyɔnuvi aɖe si nɔvinyɔnu ŋu ʋumenugbagbeviɣidɔ le. Lori gblɔ nusi yi edzi be: “Nyɔnuvia gblɔ na India be yele vɔvɔ̃m be ye ƒea ava ku. Eye India gblɔ nusi Biblia fia be ku nye la nɛ eye wògblɔ nɛ be yea yemele vɔvɔ̃m na ku o. Eƒe ŋufɔke la, nyɔnuvia dada va gbɔnye kple biabiawo. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be India te ŋu ƒo nu faa vɔvɔ̃manɔmee tso nu mawo ŋu.”

Mark kple Lori kpɔ be haxɔsetɔwo ƒe gbedodoɖawo kpe ɖe yewo ŋu ŋutɔ. Mark gblɔ be: “Tsã la, ne megblɔ na amewo be maɖo ŋku wo dzi le nye gbedodoɖa me alo ne medo gbe ɖa kple wo la, edzroam kokoko be ne ɖe nane li mate ŋu awɔ na wo wu ema la, ne anyo hafi. Fifia mekpɔ alesi gbegbe gbedodoɖa na amewo kple edodoɖa kpli wo le vevie. Gbedodoɖa koe nye nu vevitɔ ɖeka kolia si woate ŋu awɔ na mí le míaƒe ɣeyiɣi sesẽtɔwo kekeake me. Nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame kae nye si me míele!”

Mark bui hã be India ƒe dɔdzedzea kpe ɖe yewo ŋu yewolé ŋku ɖe nusiwo nye nu vevitɔwo na yewo ŋu. Egblɔ be: “Alesi míebua ŋutilãmenuwoe trɔ kura. Aleke gbegbee wodzena nu maɖinuwoe ne viwò dze dɔe nye si! Nusiwo ŋu asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le na mí le míaƒe agbe me va yi—kple fifia—ye nye mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo la kpakple mía nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃amea.”

Mark kple Lori kpakple India kple nɔviawo siaa le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si ŋu nya nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

India Erickson

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

San Diego Ðeviwo ƒe Kɔdzi

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

India kple woƒe ƒomea