Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Wòdzɔnae Be Wova Zua Amesi Wotɔ Ŋkui

Alesi Wòdzɔnae Be Wova Zua Amesi Wotɔ Ŋkui

Alesi Wòdzɔnae Be Wova Zua Amesi Wotɔ Ŋkui

Ðeko Monika do le suku hete hehexɔxɔ hena dɔwɔwɔ le senyawo gbɔkpɔƒe koe nye ma. Monika nɔ mɔ kpɔm be yeƒe hehexɔxɔa atsɔ afɔ nyuie yeava zu dɔwɔla ke yemaganye sukuvi o.

Horst nye ɖɔkta si le eƒe ƒe 30-awo me. Srɔ̃ kple viwo nɔ esi eye edze abe amewo ava de dzesi eƒe agbagbadzedze eye eƒe fetu nayi ŋgɔ ene.

Wova tɔ ŋku Monika kple Horst siaa le dɔwɔƒe hewɔa anyra le wo ŋu.

NUSƆSRƆ̃ vevi aɖe le Monika kple Horst ƒe nya la me na mí: Eyae nye be mele bɔbɔe be woanya amesi woava tɔ ŋkui le dɔwɔƒe do ŋgɔ o. Le nyateƒe me la, woate ŋu atɔ ŋku dɔ ƒomevi ɖesiaɖe wɔla awɔ anyra le eŋu. Ekema aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta? Alesi nàwɔ ƒe akpa aɖee nye be nàsrɔ̃ alesi nànɔ anyi le ŋutifafa me kple amewo le dɔwɔƒe, le dɔwɔla siwo ƒe nya me sesẽ gɔ̃ hã dome.

Anyinɔnɔ Kple Dɔwɔhatiwo le Ŋutifafa Me

Le ame geɖe gome la, ebia be woawɔ dɔ le ɖekawɔwɔ me kple dɔwɔhatiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe akpɔ egbɔ be nuwo zɔ nyuie le ƒuƒoƒoa me hafi akpɔtɔ anɔ dɔa me. Ne dɔwɔhatiwo nɔa anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me la, dɔa yia ŋgɔ. Ema manɔmee la, dɔa yia to, eye ŋkutɔtɔ ame nɔewo ƒe kuxia dzina ɖe edzi.

Nukae ate ŋu agblẽ dɔwɔhatiwo ƒe ƒuƒoƒowo ƒe dɔwɔwɔ le ŋutifafa me dome? Nusiwo gbɔ wòate ŋu atso dometɔ aɖe ate ŋu anye dɔwɔlawo ɖɔliɖɔli kabakaba. Ne edzɔna nenema la, esesẽna be dɔwɔlawo nanya wo nɔewo eye kadodo nyui nanɔ wo dome. Gakpe ɖe eŋu la, enana be dɔwɔla yeyewo menyaa mo na dɔa tututu o, si va wɔnɛ be dɔa hena ɖe megbe. Ne dɔ geɖe va tsi megbe la, dɔ ate ŋu ava te ɖe dɔwɔviawo dzi ɣeyiɣi didi.

Gawu la, ne taɖodzinu gobi aɖeke mele ƒuƒoƒoa si o la, ɖekawɔwɔ boo aɖeke manɔ wo dome o. Le kpɔɖeŋu me, aleae wòate ŋu adzɔe ne dɔmegã si le vɔvɔ̃m ɖe eƒe ɖoƒe nu tsia dzi ɖe eƒe ɖoƒe taʋiʋli ŋu wu be wòakpɔ dɔa dzi. Ate ŋu ate kpɔ gɔ̃ hã be yealé nɔƒea ɖe asi to dzredede dɔwɔviawo dome me. Nyaa gblẽna ɖe edzi gɔ̃ hã ne wòazu be dɔ si wòle be dɔwɔviawo dometɔ ɖesiaɖe nawɔ mele nyanya na wo tututu o si awɔe be dɔwɔvi aɖewo manya nusi wòle be woawɔ kple esi mele be woawɔ o. Le kpɔɖeŋu me, masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa ne dɔwɔvi eve susui be yewo kple evea siaa ƒe dɔe wònye be yewoade asi dɔwɔgbalẽvi aɖe te.

Ne nuwo va le yiyim nenema la, kadodo nyui aɖeke meva nɔa dɔwɔviawo dome o eye zi geɖe la, masɔmasɔ siwo doa mo ɖa la tsia anyi wo gbɔ makpɔmakpɔe. Dɔwɔviawo va tea ŋuʋaʋã wo nɔewo henɔa ho ʋlim kple wo nɔewo nɔa nu wɔm be yewoadze dɔmegãa ŋu. Agɔ sue si dɔwɔvi aɖe adze le nɔvia dzi va zua nuɖowɔ le amesi dzi wodze agɔa le gbɔ. Ewɔnɛ be kuxi suewo va zua nya gãwo. Nuwo ƒe yiyi alea ʋua mɔ na ŋkutɔtɔ ame kple anyrawɔwɔ le ame ŋu.

Alesi Ame Va Zua Amesi Wotɔ Ŋkui

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔwɔviawo dometɔ aɖe va zua amesi wotɔ ŋkui. Ameka ƒomevie dɔwɔvi ma ate ŋu anye? Ate ŋu anye amesi to vovo le dɔwɔvi mamlɛawo dome. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye be le dɔwɔƒea la, eya ɖeka koe nye ŋutsu le nyɔnuwo dome alo nyɔnu le ŋutsuwo dome. Woate ŋu abu dɔwɔvi si tsona ɖe dɔ ŋu kpla wɔna kple dzinɔameƒo be enye hahaɖenunula, eye woabu amesi léa eɖokui kpoo be enye ayemenuwɔla. Woate ŋu atɔ ŋku dɔwɔvi aɖe le esi wòtsi wu dɔwɔviawo katã alo be wònye ɖevia le wo dome alo be enya dɔ wu wo katã ta gɔ̃ hã.

Germanytɔwo ƒe lãmesẽnyawo ŋuti magazine si nye mta ka nya ta be ameka kee wotɔ ŋkui o, dɔwɔvi mamlɛawo “va nɔa nu wɔm ɖe eŋu fuléletɔe gaglãa eye wòwɔna na wo be yewotoa nusia wɔwɔ me ŋlɔa nusi le fu ɖem na yewo ŋutɔwo be.” Agbagba siwo dɔwɔvi si wotɔ ŋkui adze be yeaɖɔ nɔnɔmea ɖo mekpɔa dzidzedze boo aɖeke o, eye ete ŋu gblẽa nyaa ɖe edzi gɔ̃ hã. Ne anyrawɔwɔa nu yi edzi le sesẽm ɖe edzi la, dɔwɔvi ma va sena le eɖokui me be yetsi akogo. Ne eɖo afisia la, ɖewohĩ dɔwɔvi si wotɔ ŋkui la ɖeɖe magate ŋu aɖɔ nɔnɔmea ɖo o.

Ele eme be anyrawɔwɔ le amewo ŋu yia edzi ɖaa le dɔwɔƒewo ya. Gake ame geɖe ate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me wòdze abe lɔlɔ̃ le woƒe dɔwɔhatiwo dome ene dzi. Le ɣeyiɣi mawo me la, mebɔ be dɔwɔviwo nabla ɖe wo nɔvi aɖewo ŋu o. Gake esi ƒeawo va le yiyim la, nusi ɖɔkta aɖe yɔ be “ɖekawɔwɔ ƒe toyiyi kple nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu ŋumakpemakpee ƒe bɔbɔ” va xɔ aƒe ɖe dɔwɔviawo dome. Dzrewɔwɔ gaglãa le dɔwɔƒe megakpea ŋu na wo azɔ o.

Eyata esɔ be dɔwɔlawo katã natsi dzi be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nye: Ðe woate ŋu aƒo asa na anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒea? Aleke woate ŋu ati ŋutifafa yome le dɔwɔƒee?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ŋkutɔtɔ ame anɔ anyra wɔm le eŋu ƒe taɖodzinue nye be woanya amea ɖa le wo tɔwo ŋu