Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo ƒe Dzidzi ŋu Nya, Biblia, Kple Míaƒe Etsɔme

Amewo ƒe Dzidzi ŋu Nya, Biblia, Kple Míaƒe Etsɔme

Amewo ƒe Dzidzi ŋu Nya, Biblia, Kple Míaƒe Etsɔme

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ

AMEGBETƆƑOMEA dzi ɖe edzi tso ame biliɔn 1.65 le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze va ɖo agbɔsɔsɔ wɔmoya si nye ame biliɔn 6 le ƒe alafa ma si va yi ƒe nuwuwu. Ðe amewo ayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi nukutɔe alea le xexeamea? Ðe amewo agadzi ɖe edzi kabakaba alea le ƒe akpe yeye sia hã mea? Woyɔa agbalẽnyala siwo le ta gbãm le biabia sesẽ sia ŋu be dzidziŋunyalawo; eye nusi ŋu wosrɔ̃a nu le, alo woƒe dɔa, nye dzidziŋutinunya.

Nyagɔmeɖegbalẽ si nye Webster’s Dictionary ɖe dzidziŋutinunya gɔme be enye “nusɔsrɔ̃ tso amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe akɔntabubu ŋu [vevietɔ] le teƒe si wole ƒe lolome, alesi gbegbe amewo sɔ gbɔe ɖe teƒe ma, teƒe vovovo siwo ameawo le, kpakple akɔntabubu vevi siwo do ƒome kple woƒe dzidzi la ŋu nyawo.” Agbalẽnyala siawo srɔ̃a nu tso nu vevi etɔ̃ siwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ŋu—woawoe nye dzidzi (ɖevi siwo wodzina ƒe xexlẽme); kuku (amesiwo kuna ƒe xexlẽme); kple ʋuʋu (amesiwo ʋuna tso dukɔ aɖe me yina ɖe bubu me ƒe xexlẽme).

Woyɔa nusɔsrɔ̃ tso amewo ƒe dzidziɖedzi le ɣeyiɣi siwo va yi me kple alesi wo dzi ɖena kpɔtɔnae la be ŋutinya me dzidziŋutinunya. Ŋutinya me dzidziŋunyalawo léa ŋku ɖe nuŋlɔɖi siwo li, dudowo, ameƒuwo, kple asinudɔwɔwɔ alo blemanu bubuwo ŋu tsitotsito tsɔ srɔ̃a nu alesinu woate ŋui tso blema dukɔwo ŋu. Nususukpɔ kpakple dzɔdzɔmeŋutinunya dzie wotua ŋutinya me dzidziŋutinunya ɖo. Agbalẽ si nye Atlas of World Population History lɔ̃ ɖe edzi be: “Womate ŋu atsɔ egbegbe mɔnuwo aɖo kpe mɔ siwo nu ŋutinya me dzidziŋunyalawo bua akɔnta le la dzi o, eyata madze edzi be woagblɔ be woate ŋu aka ɖe eƒe dede pɛpɛpɛ le alesi akɔntabulawo abui nu dzi o.” Ke hã Biblia nusrɔ̃viwo tsɔ ɖe le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe nususukpɔgblɔawo me. Le nyateƒe me la, woƒe nususukpɔ siawo sɔna zi geɖe ɖe Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo nu.

Amewo ƒe Dzidzi le Tsiɖɔɖɔa Megbe

Biblia gblɔ be ame enyi pɛ koe tsi agbe le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. Dzidziŋunyala aɖewo susui be va ɖo abe ƒe 1,400 ene le ema megbe la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ le xexeame anɔ miliɔn 50. Ðe wònye nusi mate ŋu adzɔ o be ame 8 ko nadzi aɖo ame miliɔn 50 sɔŋ le ƒe 1,400 ko mea?

Gbã la, nususukpɔ koe ame miliɔn 50 la nye abe alesi wogblɔe ene. Gake adzɔ dzi na mí be míade dzesii be Biblia gblɔ le Mose I, 9:1 be: “Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi!” Eye le ta 10 kple 11 lia la, míexlẽ nu tso ƒome 70 siwo dzɔ tso Noa viŋutsuwo—Sem, Xam, Yafet—me ŋu. Le exexlẽ yi edzi me la, míake ɖe Sem ƒe dzidzimeviwo va ɖo Abraham dzi ŋu, ‘amesiwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.’ Ɣemaɣi anye ɣeyiɣi si me amewo dzi le kabakaba, eye esia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe sedede be ‘woayɔ anyigba la dzi.’

Ke amewo ƒe kuku ɣemaɣi hã ɖe? Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta mawo ke ƒo nu tso alesi amewo nɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ le ƒe alafa gbogbo siwo kplɔ Tsiɖɔɖɔa ɖo teti me ŋu. * Ne amewo te ŋu dzina kabakaba gake ƒã hafi ame kuna la, enaa amewo ƒe dzidziɖedzi hã tsɔna kabakaba.

Israel-viwo ƒe Egipte Nɔnɔ

Numekula aɖewo kea ɖi le nusi Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ tso Israel-viwo ƒe dzidzi kabakaba le ɣeyiɣi si me wonɔ Egipte-nyigba dzi ŋu. Biblia gblɔ be le Yakob viwo srɔ̃wo megbe la, “Yakob vi, siwo katã va Egipte la, wole ame blaadre.” (Mose I, 46:26, 27) Gake le ƒe 215 megbe esime Israel-viwo dzo le Egipte la, ewɔ nuku be “ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.” (Mose II, 12:37) Ne míaxlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ade eme la, Israel-viwo katã ƒe xexlẽme ate ŋu ade ame miliɔn etɔ̃ sɔŋ! Ðe woate ŋu adzi ŋutɔ nenema ya?

Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míalé ŋku ɖe nusi Biblia gblɔ le Israel-viwo ƒe dzidzi le Egipte ŋu nyuie, egblɔ be: “Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.” Alesi Israel-viwo dzii ɣemaɣi la tɔgbe mebɔ o.—Mose II, 1:7.

Enyo be míade dzesii be amewo dzi kabakaba nenema le egbegbe dukɔ aɖewo hã me, le kpɔɖeŋu me, le Kenya, le ƒe 1980-awo me. Gake nusi na Israel-viwo ƒe dzidzia nye esi tɔgbe mebɔ o ye nye be wodzi ɖe edzi nenema ƒe gbogbo aɖe.

Biblia ŋutɔ gblɔ nu bubu si hã tae Israel-viwo dzi kabakaba nenema ɖo. Nuɖuɖu menɔ vevem le Israel-viwo ƒe Egipte nɔɣia o. Eme kɔ ƒã be ne dɔ to la, ame geɖe metsina hafi kuna o. Enana be womegadzia vi sɔa gbɔ le ɣeyiɣi mawo me o. Gake Biblia gblɔ be nuɖuɖu bɔ na Israel-viwo ŋutɔ. Esime Yosef ƒe ƒometɔwo ʋu va Egipte la, Farao gblɔ na Yosef be: “Egipte-nyigba la enye si, na bena woanɔ teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi.” (Mose I, 47:6) Esi Israel-viwo zu kluvi na Egiptetɔwo kura hã la, edze abe nuɖuɖu bɔ ɖe wo si ene. Le nyateƒe me, esi woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me vɔ la, woɖo ŋku abolo, tɔmelã, adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala, kple gbegãdzi siwo woɖuna, kpakple woƒe lãzewo dzi.—Mose II, 16:3; Mose IV, 11:5.

Le Ƒe Alafa Gbãtɔ M.Ŋ. Me

Dzidziŋutinunya ate ŋu adzi míaƒe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔmesese hã ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míexlẽ Yesu ƒe sedede be ye yomedzelawo ‘nawɔ dukɔwo katã me tɔwo ne woanye nusrɔ̃lawo’ la, míabia be, ‘Aleke gbegbe gbeƒãɖeɖedɔ ma loloe?’ (Mateo 28:19) Ame nenie nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe anyigbawo dzi le ƒe alafa gbãtɔ me? Ame aɖewo gblɔ be amewo anɔ ame miliɔn 50 va ɖo miliɔn 60. Ne nenemae la, ke dɔ gã aɖee nɔ Kristotɔ nyanyuigblɔla gbãtɔ mawo dzi!

Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo xexlẽ yi edzi me la, míakpɔ be apostolo Petro ɖe gbeƒã nyanyuia le keke Babilon ke. (Petro I, 5:13) Nukatae wònye Babilon ye wòyi? The New Encyclopædia Britannica me numeɖeɖe aɖe kɔ nusitae me be: “Le Palestina godo la, teƒe vevi siwo Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖo wue nye Syria, Asia Sue, Babilonia, kple Egipte, eye wosusui be Yudatɔ 1,000,000 ya teti ate ŋu anɔ dugã siawo dometɔ ɖesiaɖe me.” Esi wònye Yudatɔwo koŋue wode asi na Petro be wòaɖe gbeƒã na la, susu le eme be wòazɔ mɔ ayi nuto si me Yuda-subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo me—Babilon. (Galatiatɔwo 2:9) Eye esi wònye be Yudatɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ ɖe afima ta la, anyigbamama si me wòawɔ dɔ le la manɔ vevem o!

Aleke Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Anɔ le Etsɔme?

Abe alesi míekpɔe ene la, dzidziŋunyalawo dina be yewoanya nanewo tso nusiwo dzɔ va yi le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ŋu. Nuka gblɔm wole le etsɔme ŋu? Wole nya vevi aɖewo biam. Ðe amewo adzi asɔ gbɔ akpa le ƒe akpe yeye sia mea? Ame aɖeke mate ŋu aka ɖe edzi fifia o. Esi numekula aɖewo de dzesii be dukɔ geɖe me tɔwo megadzia vi sɔgbɔ o ta la, wogblɔna be amewo ƒe xexlẽme anɔ abe alesi wòle fifia ene.

Gake menye numekulawo katãe lɔ̃ ɖe edzi nenema o. Agbalẽ si nye Population Today gblɔ be: “Egbea woate ŋu ama dukɔwo ɖe hatsotso eve me le dzidzi gome: dukɔ siwo me atsu kple asiwo dzia vi eve ko le alo medena nenema hã o kple dukɔ siwo me tɔwo dzia vi zã. Dukɔ siwo me tɔwo dzia ‘vi eve alo medena nenema o’ ƒe ɖewoe nye Europa-dukɔwo, United States, Canada, Japan, kple dukɔ siwo le ŋgɔ yim kabakaba le mɔɖaŋununya me dometɔ ʋɛ aɖewo . . . Ke dukɔ siwo me tɔwo dzia vi zã ƒe ɖewoe nye Afrika, Asia, kple Latin Amerika dukɔwo ƒe akpa gãtɔ, afisi atsu kple asiwo dzia vi le wòwua eve. Dukɔ siawo mee amesiwo sɔ gbɔ wu xexeamenɔlawo ƒe afã le, eye nyɔnuwo dzia vi ene le mama dedie nu le teƒe mawo.”

Eyata togbɔ be dukɔ aɖewo me tɔwo dzi ɖe kpɔtɔ hã la, amewo dzi ɖe edzi le dukɔ bubuwo me alo woƒe dzidziɖedzia megayi ŋgɔ o. Population Today la ƒo alesi wosusu be etsɔme anɔ ta be: “Amewo yi edzi le dzidzim ɖe edzi le dukɔ madeŋgɔ akpa gãtɔ me. Nusi ana ‘amewo ƒe dzidziɖedzi akpa’ nu ayi ŋutɔŋutɔ, ke menye nususukpɔ ko o, ye nye alesi dukɔwo atso ɖe ɖoɖo siwo wowɔ be woaɖe vidzĩwo ƒe kuku dzi akpɔtɔ, be woana hehe nyɔnuwo, eye be woawɔ ɖoɖo ɖe vidzidzi ŋu kple ga home si woade nusiawo me ŋu kabae.”

Ðe amewo adzi ɖe edzi agbɔ ame biliɔn ade siwo le anyigba la dzi fifia ŋu booa? Míate ŋu anya fifia o. Gake míenya nyuie be Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la nayɔ—menye be wòayɔ agbagba o. (Mose I, 1:28) Eye esɔ le go sia go me be míaka ɖe edzi be le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, tameɖoɖo sia ava eme.—Yesaya 55:10, 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Emegbe amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ɖiɖi va ɖo ƒe 70 alo 80, abe alesi Mose gblɔe le ƒe 1500 D.M.Ŋ. me lɔƒoe ene.—Psalmo 90:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Amesiwo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me ƒe dzidzimeviwoe dzi va ɖo xexeame katã ƒe agbɔsɔsɔ si wu biliɔn ade fifia

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le ƒe 215 me la, Israel-vi ʋɛ siwo nɔ Egipte la dzi ɖe edzi va ɖo abe ame miliɔn etɔ̃ sɔŋ ene