Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔƒee Loo Alo Aʋagbedzie?

Dɔwɔƒee Loo Alo Aʋagbedzie?

Dɔwɔƒee Loo Alo Aʋagbedzie?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GERMANY GBƆ

“Eglom azɔ. Ƒe 30 kple edzivɔe nye sia mele dɔ wɔm kple dɔwɔha sia. Meɖo afisi maxɔ dɔdzikpɔla ƒe ɖoƒe. Gbeɖeka ko dɔmegã yeye va. Enye ɖekakpui si ŋu ŋusẽ le, si va kple susu geɖe. Esusu be menye kplamatsedonu le mɔ me na ye, eyata ete vodada didi le ŋunye. Le ɣleti geɖe ƒe dzudzu, alakpadada ɖe asinye, kple ŋukpe dodom megbe la, nɔnɔmea va ɖe fu na nye susu ale gbegbe. Esi dɔwɔƒea tsɔ dzudzɔxɔxɔ ɖo nye ŋkume la, melɔ̃ ɖe edzi.”—Peter. *

WOTƆ ŋku Peter vevie le dɔwɔƒe. Ŋkɔ bubu si amewo lɔ̃a yɔyɔ le Europa na ŋkutɔtɔ ame anɔ nu tumee enye “bablaɖeameŋu.” Le Germany afisi Peter le la, wobu akɔnta be woblana ɖe ame miliɔn 1.2 ŋu le dɔwɔƒe. Le Netherlands la, woabla ɖe ame 1 le 4 ɖesiaɖe me ŋu godoo ɣeaɖeɣi le woƒe agbe me le dɔwɔƒe. Eye Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be bablaɖeameŋu le dɔwɔƒe nye kuxi si le dzidzim ɖe edzi le Australia, Austria, Britain, Denmark, Sweden, kple United States. Gake nuka koŋue nye bablaɖeameŋu?

“Aʋahoho ɖe Ame ƒe Susu Ŋu

Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Focus gblɔ be bablaɖeameŋu le dɔwɔƒe nye “eɖoɖo koŋ atɔ ŋku ame anɔ nu tumee madzudzɔmadzudzɔe le go sia go me.” Bablaɖeameŋu yi ŋgɔ wu alɔmeɖeɖe le ame ŋu le dɔwɔƒe—si ate ŋu anye gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu, ɖeklemiɖeɖe ame, fewuɖuɖu le ame ŋu, kple fefe siwo ɖia gbɔ ame wɔwɔ ɖe ame ŋu—enye eɖoɖo koŋ anɔ nu tum ame ʋuu nu nava glo eƒe susu. Eƒe taɖodzinue nye be woanya amea ɖa le wo tɔwo ŋu. *

Mɔ siwo dzi wotona wɔa anyra le amewo ŋu te ŋu nɔna abe ɖeviwo ƒe ŋlɔmiwɔwɔ le wo nɔewo ŋu ene alo yia ŋgɔ abe nuvlowɔlawo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ene. Woɖonɛ koŋ ƒoa ɖi amesi wotɔ ŋkui la ƒe ŋkɔ, wodzunɛ, wowɔa nu ɖe eŋu adãtɔe, eye womekɔa mo nɛ o. Woɖonɛ koŋ tsɔa dɔ geɖe fũ akpa doa agbae na wo dometɔ aɖewo be woawɔ alo tsɔa dɔ siwo dɔwɔvi bubuwo medina be yewoawɔ o naa wo edziedzi be woawɔ. Dɔwɔhatiwo te ŋu doa kplamatse amesi wotɔ ŋkui la ƒe agbagbadzedze be yeawɔ dɔ nyui, ate ŋu anye to nutsyɔtsyɔ nyatakaka siwo dɔtɔwo hiã tso eŋu la dzi me. Ame aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nu ŋɔ amesi wotɔ ŋkui la ƒe ʋufɔti, alo toa mɔ fitiwo nu ʋua eƒe kɔmpiuta.

Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔvi ɖeka aɖee tɔa ŋku amea henɔa anyra wɔm le eŋu. Gake zi geɖe la, dɔwɔhati geɖewoe blana ɖe amea ŋu nɔa anyra wɔm le eŋu. Ema tae ŋkɔ “bablaɖeameŋu” sɔ woayɔ na nuwɔwɔ ɖe ame ŋu alea elabena ɖe amewo ɖonɛ koŋ tɔa ŋku amea nɔa nu wɔm tsɔ nɔ dziku dom nɛ alo nɔ nu tum kplii.

Esi gawɔ moya wu enye be le nudzɔdzɔ geɖe me la, dɔmegãawo lɔ̃na ɖe edzi. Le numekuku aɖewo siwo wowɔ le Europa-dukɔwo me me la, dɔdzikpɔla hã kpɔ gome le anyranuwɔwɔ siwo ade 50 le alafa me me, eye zi geɖe la, eya ɖekae tɔa ŋku amea. Esiawo katã naa nusiwo me dɔwɔvia tona le dɔwɔƒea nɔna abe nusi Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana gbesiagbe, si nye Frankfurter Allgemeine Zeitung yɔ be “aʋahoho ɖe ame ƒe susu ŋu anɔ nu tumee ɣeyiɣi didi” ene.

Menye Dɔwɔƒe Ko Wògblẽa Nu le Ame Ŋu le O

Zi geɖe la, menye dɔwɔƒe koe anyrawɔwɔ le ame ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi le o. Amesiwo ŋu wowɔ anyra le le dɔwɔƒe dometɔ geɖe va gena ɖe lãmesẽkuxi gãwo me le ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe wo ŋu ta. Nusiwo anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe hena vɛ dometɔ aɖewoe nye blanuiléle, alɔ̃madɔmadɔ, kple dzidziƒoame. Nukae wògblẽ le Peter si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze ŋu? Eva bua eɖokui amesi ŋu viɖe aɖeke mele o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Margaret si le Germany hã ƒe ɖɔkta ɖo aɖaŋu nɛ be wòayi tagbɔdɔdaƒe. Nukatae? Wowɔ anyra le eŋu le dɔwɔƒe. Bablaɖeameŋu le dɔwɔƒe ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe srɔ̃ɖeɖe alo ƒome hã ŋu vevie.

Le Germany la, anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe va bɔ ale gbegbe be lãmesẽtakpɔkpɔ ƒe nugblẽfexeha aɖe ɖo telefon xexlẽdzesi aɖe ɖi be amesiwo dzi wòdzɔ ɖo nazã aƒo ka abia kpekpeɖeŋu. Dɔwɔha ma kpɔe be amesiwo ƒoa ka la dometɔ siwo wu afã megate ŋu wɔ dɔ o kwasiɖa ade, amesiwo ade woƒe akpa etɔ̃lia megate ŋu wɔ dɔ o ɣleti etɔ̃, eye wo dometɔ siwo wu 10 le alafa me megate ŋu wɔ dɔ o wòdidi wu ɣleti etɔ̃. Germanytɔwo ƒe lãmesẽ ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe bu akɔnta be “bablaɖeameŋu le dɔwɔƒe gbɔe amesiwo wua wo ɖokui dometɔ 20 sɔŋ le alafa me ƒe kua tsona.”

Edze ƒã be anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe ate ŋu ana dɔwɔɖui wɔƒe yiyi nanɔ ŋɔdzi dom na ame. Ðe mɔ aɖe li si dzi woato aƒo asa nɛa? Aleke woawɔ anɔ ŋutifafa me kple amewo le dɔwɔƒe?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔwo le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me.

^ mm. 6 Akɔntabubuwo ɖee fia be wotɔa ŋku nyɔnuwo wɔa anyra le wo ŋu le dɔwɔƒe wu ŋutsuwo, gake ate ŋu anye be esi nyɔnuwo lɔ̃a nuƒoƒo tso kuxi sia ŋu hedia kpekpeɖeŋu wu ŋutsuwo tae wòdze nenema ɖo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe naa dɔwɔƒea trɔna zua afisi wohoa aʋa ɖe ame ƒe susu ŋu le