Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Kpɔ Anyigba Nyui La Ða’

‘Kpɔ Anyigba Nyui La Ða’

‘Kpɔ Anyigba Nyui La Ða’

Esi nyɔnu aɖe to ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða,’ si nye agbalẽ gbadza si me Biblia-nyigbawo ƒe nɔnɔmetata le si wota nyitsɔ laa me vɔ la, eŋlɔ bena: “Dɔwɔnu nyui sia tututu dimee mele. Alesi teƒeawo kple ameawo kple nɔnɔmeawo le le Ŋɔŋlɔawo me va zu nu ŋutɔŋutɔ nam.”

Axa 36-gbalẽ gbadza sia si le amadede dzeaniwo me kpena ɖe Mawu ƒe Nya la srɔ̃lawo ŋu be woakpɔ Biblia me nuŋlɔɖiawo le susu me. Nyɔnua yi edzi be: “Alesi teƒe si gbedoxɔa le kɔ wu teƒe bubu siwo ƒo xlãe sasasã la na mese mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso Yehowa ƒe tadedeagu si ‘wodo ɖe dzi’ ŋu la gɔme. Enye kpekpeɖeŋu gã aɖe nam be mate ŋu akpɔ afisi wotso sitsoƒeduawo ɖo tututu, kpakple teƒe bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me. Medze agbalẽ dzeani sia zazã gɔme le Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo sɔsrɔ̃ me.”

Nyɔnu sia ƒo eta be: “Mazã nunana dzeani sia enuenu ne mele Mawu ƒe Nya la xlẽm.”

Àte ŋu adɔ agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Taflatse miɖo ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe ɖeka ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.