Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Viwò Faa Avi Madzudzɔmadzudzɔe

Ne Viwò Faa Avi Madzudzɔmadzudzɔe

Ne Viwò Faa Avi Madzudzɔmadzudzɔe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CANADA GBƆ

ÐƆKTA la gblɔ nusi tututu ɖevia dada nɔ susum nɛ. Dɔmeɖui sesẽ aɖee le vidzĩa ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Globe and Mail si wotana le Canada gblɔ be dɔ sia ɖea fu na “ɖevi gbogbo si le mama dedie nu nye ɖevi ɖeka le ene ɖesiaɖe dome.” Dɔléle sia ƒe dzesi aɖee nye avifafa gaƒoƒo geɖe, ne mede ɖeke o la, ŋkeke etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me. Nukae dzila si tsi dzimaɖi ate ŋu awɔ? Ðeviwo ƒe ɖɔktawo gblɔna be le dɔléle sia dometɔ geɖewo gome la, ɖeko wòahiã be dzilawo—kple ɖevia—nalala vaseɖe esime enu naɖiɖi. Gake vaseɖe ɣekaɣi?

Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Canada le dzila siwo ƒe vidzĩwo ŋu dɔmeɖui sesẽa le ŋu la ɖee fia be le dɔmeɖui siwo wu 85 le alafa me gome la, kaka vidzĩawo naxɔ ɣleti etɔ̃ ko la, dɔa nu ɖiɖina. Amesi nɔ ŋgɔ na numekukua, Ðk. Tammy Clifford, si nye amesiwo kpɔa dɔlélenyawo gbɔ le Ðeviwo ƒe Kɔdzi le Ɣedzeƒe Ontario Numekuƒea ƒe amegã la hã ɖee fia be dɔmeɖui sesẽ si léa vidzĩwo menana vinɔ siwo si vi dɔmeɖui sesẽ lélawo le la tsia mavomavo eteƒe didina o. Ðk. Clifford gblɔ be: “Kaka ɣleti ade nava yi le vidzidzi megbe la, wova nɔna abe Vidada siwo ƒe viwo ŋu dɔmeɖui sesẽ mele o ene. Ne avifafaa nu tso la, eva nɔna ko abe ɖe woŋlɔe be ene.”

Globe la gblɔ be numekuku yeye si Ðk. Clifford kple ehatiwo ta “na wose nu vevi geɖewo gɔme tsɔ kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti sidzedze si wonya ku ɖe dɔmeɖui sesẽ ŋu ŋuti, elabena ena wonya be vidzĩ siwo ŋu dɔmeɖui sesẽ le ƒe hatsotso etɔ̃e li: esiwo dzi dɔlélea dzena hedzona le ɣleti etɔ̃ domee; esiwo ŋu dɔmeɖui sesẽa nɔna ɣleti geɖe hegbea vɔvɔ; kple woƒe ƒuƒoƒo sue aɖe siwo dzi dɔmeɖui sesẽa va dzena le wo dzidzi ɣleti aɖewo megbe.” Wole numekuku bubuwo wɔm be woakpɔ alesi ɖevi dɔmeɖui sesẽ lélawo va nɔna ne wole tsitsim, eye hatsotso mamlɛtɔ koŋ mee wotsɔ ɖe le vevie.

Woxɔe se be vidzĩwo ƒe avifafa madzudzɔmadzudzɔe gbɔe wòtsona woʋuʋua wo wodzea dɔ. Abe alesi woka nya tae le Globe la me ene la, “avifafa ŋutɔ magblẽ naneke le ɖevia ŋu o, gake ɖeviwo ʋuʋu sesĩe, ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã, ate ŋu agblẽ nu le woƒe ahɔhɔ̃ kple lãmekawo ŋu tegbee, eye wòate ŋu awu wo gɔ̃ hã.”

Gake viɖe ate ŋu anɔ vidzĩ ƒe avifafa ŋu, ne efanɛ madzudzɔmadzudzɔe hã. Globe la gblɔ be: “Numekuku ɖee fia be ɖevi siwo lɔ̃a avifafa nana wo gbɔ kpɔlawo léa be na wo wu, wokaa asi wo ŋu wu, wokoa alɔgbɔnui ɖe wo wu, eye woƒoa nu na wo wu hekplaa asi kɔ na wo wu.”