Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Míabu Srɔ̃ɖeɖe Nu Kɔkɔe?

Nukatae Wòle Be Míabu Srɔ̃ɖeɖe Nu Kɔkɔe?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nukatae Wòle Be Míabu Srɔ̃ɖeɖe Nu Kɔkɔe?

AME akpa gãtɔ agblɔ egbea be yewoxɔe se be srɔ̃ɖeɖe nye nu kɔkɔe. Ekema nukata srɔ̃ɖeɖe geɖe me gblẽna alea gbegbe? Le ame aɖewo gome la, amesiwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo ƒe ŋugbedodo kple se ƒe nubabla dzro koe srɔ̃ɖeɖe nye. Woase le wo ɖokui me be wote ŋu dana le ŋugbedodo dzi faa. Enɔa bɔbɔe na amesiwo bua srɔ̃ɖeɖe alea be woaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te ne nuwo mele edzi yim nyuie o.

Aleke Mawu bua srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoae? Ŋuɖoɖoa dze le eƒe Nya Biblia me le Hebritɔwo 13:4, be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “bubu” fia nu xɔasi aɖe si gbɔ womelɔ̃a nu le o. Ne míedea asixɔxɔ nane ŋu la, míekpɔa egbɔ be míalé be nɛ bene míagabui le manyamanya me gɔ̃ hã o. Alea kee wòle be srɔ̃ɖeɖe hã nanɔ. Ele be Kristotɔwo nabui nusi ŋu bubu le—nu xɔasi aɖe si ta woadi be yewoakpɔ.

Edze ƒã be ɖe Yehowa Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe be wòanye ɖoɖo kɔkɔe anɔ srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome. Gake aleke míate ŋu aɖee afia be míeléa eƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋu me ɖe asi?

Lɔlɔ̃ Kple Bubu

Bubudede srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu bia be srɔ̃tɔwo nade bubu wo nɔewo ŋu. (Romatɔwo 12:10) Apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bena: “Mia [dometɔ] ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.”—Efesotɔwo 5:33.

Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka mawɔ nu alesi dze le lɔlɔ̃ alo bubudede ame ŋu me o. Ke hã ele kokoko be Kristotɔ naɖe lɔlɔ̃ kple bubu afia nɔvia. Paulo ŋlɔ bena: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!”—Kolosetɔwo 3:13.

Ɣeyiɣi Kpɔkpɔ na Ame Nɔewo Kple Belélename

Srɔ̃tɔ siwo bua woƒe srɔ̃ɖeɖe nu kɔkɔe la tsɔa dzigbɔɖi kpɔa wo nɔewo ƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔe. Nuhiahiã siawo dometɔ aɖee nye gbɔdɔdɔ. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke.”—Korintotɔwo I, 7:3.

Gake ewɔna na srɔ̃tɔ aɖewo be ele be srɔ̃ŋutsua nazɔ mɔ vie be wòaɖadi ga vɛ. Ɣeaɖewoɣi kaklã ma va xɔa ɣeyiɣi didi wu alesi wosusui. Zi geɖe la, kaklã sia te ŋu naa srɔ̃tɔwo xaxana vevie, eye wònaa wowɔa ahasi alo gbea srɔ̃ ɣeaɖewoɣi. (Korintotɔwo I, 7:2, 5) Le susu sia ta srɔ̃tɔ Kristotɔ geɖewo tso nya me be ŋutilã me viɖewo nato yewo ŋu tsɔ wu be yewoade yewoƒe srɔ̃ɖeɖe si yewobua nu kɔkɔe la afɔku me.

Ne Kuxiwo Do Mo Ða

Ne kuxiwo do mo ɖa la, Kristotɔ siwo dea bubu woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu metsɔa dzitsitsi klãna alo gbea wo nɔewo o. (Maleaxi 2:16; Korintotɔwo I, 7:10, 11) Yesu gblɔ be: “Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, evɔ menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu woɖe asi le la, ewɔ ahasi.” (Mateo 5:32) Srɔ̃tɔ siwo adi be yewoagbe yewo nɔewo evɔ menye ɖe wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo nu o la ƒe nuwɔna nye bubumademade srɔ̃ɖeɖea ŋu.

Alesi míebua srɔ̃ɖeɖee dzena le aɖaŋu si míeɖona na amesiwo le srɔ̃ɖekuxiwo me tom hã me. Ðe míedea kaklã alo srɔ̃gbegbe ƒe dzi ƒo enumakea? Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, susu nyuiwo anɔ anyi si ta woaklã, si ƒe ɖewoe nye ne wosẽa ŋuta le ame srɔ̃ ŋu vevie alo ɖonɛ gbea ƒomea dzi kpɔkpɔ. * Gakpe ɖe eŋu la, abe alesi míegblɔe va yi ene la, ne ame srɔ̃ wɔ ahasi ko hafi Biblia ɖe mɔ be woagbee. Ke hã mele be Kristotɔwo ƒe nu nasẽ madzemadzee le ame bubuwo ƒe nyametsotso wɔwɔ me le nya siawo tɔgbe me o. Ne èbu eŋu kpɔ la, amesi le srɔ̃ɖekuxia mee gbɔna akɔ kpe ge kple nyametsotso si wòwɔ la metsonu—menye amesi le aɖaŋua ɖomee o.—Galatiatɔwo 6:5, 7.

Mègabui Nu Tsɛe O

Le teƒe aɖewo la, eva bɔ be amewo ɖea srɔ̃ kple susu be yewoadze anɔ dukɔ bubu me le se nu. Zi geɖe la, amea wɔa ɖoɖo kple dukɔ ma me tɔ aɖe be yeaɖee ahaxe fe nɛ. Edzɔna be togbɔ be atsu kple asi siawo ɖe wo nɔewo hã, wonɔa adzɔge tso wo nɔewo gbɔ, eye ɖewohĩ xɔlɔ̃wɔwɔ aɖeke menɔa wo dome gɔ̃ hã o. Ne amesi le dukɔmenɔgbalẽa dim ƒe asi nya su agbalẽa dzi ko la, wogbea wo nɔewo. Asitsanubabla koe srɔ̃ɖeɖea nye na amesiawo.

Biblia meda asi ɖe ebubu nu tsɛe alea dzi o. Eɖanye susu ka ke tae amesiawo ɖea wo nɔewo ɖo o, ne wonya ɖe srɔ̃a ko la, woge ɖe ɖoɖo kɔkɔe aɖe me, si Mawu bua agbemeŋkekewo katã ƒe anyinɔnɔe. Nubabla sia me tɔwo gakpɔtɔ le ɖeka abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene, eye nudidi si dzi Biblia da asi ɖo be woanɔ te ɖo hafi agbe srɔ̃ eye woaɖe bubu la bla wo.—Mateo 19:5, 6, 9.

Abe alesi wòle le dɔ nyui ɖesiaɖe si ŋu míekua kutri le gomee ene la, srɔ̃ɖeɖe si adze edzi hã hiã agbagbadzedze kple kutrikuku. Amesiwo medea asixɔxɔ eƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu o la naa ta bɔbɔe. Alo woalɔ̃ be yewoanɔ srɔ̃ɖeɖe ma si me dzidzɔkpɔkpɔ mele o la me nenema ko. Gake amesiwo lɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe nu kɔkɔe nyenye dzi la nya be Mawu di tso yewo si be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ. (Mose I, 2:24) Wonya hã be egbɔkpɔkpɔ be nuwo nayi edzi nyuie le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me la dea bubu eyama ŋu abe srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ene. (Korintotɔwo I, 10:31) Nukpɔsusu sia ƒe woamawo si nɔnɔ ʋãa wo be woaku kutri ado vevie be woƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Kpɔ November 1, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22-3.