Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusita Nyemedi Be Mano Atama O!

Nusita Nyemedi Be Mano Atama O!

Nusita Nyemedi Be Mano Atama O!

WODE nyati sia asi na sukuvi alafa geɖe siwo nɔ gome kpɔm le nuto blibo ƒe nuŋɔŋlɔ ƒe hoʋiʋli si Missouri Nuto ƒe Dɔdalawo ƒe Habɔbɔ si le United States da megbe na me. Sukuvi 675 tso suku 42 me ŋlɔ ŋkɔ hena gomekpɔkpɔ le hoʋiʋlia me. Nyɔnuvi ƒe 12 vi Breanna ye xɔ nunana la, eye wota eƒe nuŋɔŋlɔa si na wòɖu dzi la ɖe Missouri Nuto ƒe Dɔdalawo ƒe Habɔbɔ ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Missouri Medicine me. Mɔnukpɔkpɔ su Breanna si hã wòxlẽ eƒe nuŋɔŋlɔ la fia amesiwo de Missouri Nuto ƒe Dɔdalawo ƒe Habɔbɔ ƒe ƒe sia ƒe takpekpea. Hafi Breanna naxlẽ nya si wòŋlɔ la, egblɔ na eƒe nyaselawo be:

“Yehowa Ðasefoe menye, eye nye nuŋɔŋlɔa me nyawo katã tso Nyɔ! magazine me. Le nyateƒe me la, susu vevi si dzi menɔ te ɖo ŋlɔ nye nyaa ƒe akpa aɖe si doa dzidzɔ nam la tso nya si le Nyɔ! ƒe tata sia ƒe akpa dzi me. Ametakoli aɖe si wota wòlé sigaret ɖe nu le gbɔgblɔm be: ‘Míele Ku Dzram’ lae le edzi. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia Nyɔ! ƒe magazine la le nyati geɖewo tam ku ɖe afɔku siwo le atamanono me ŋu.”

Yehowa Ðasefowo mezãa atama o. Woxɔe se be eɖoɖo koŋ azã nusianu si ƒoa ɖi ŋutilãa la nye bubumademade agbe ƒe nunana la kpakple Wɔla la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Eyata wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—Korintotɔwo II, 7:1.

Abe Ðasefo sɔhɛ bubuwo ene la, Breanna dzea agbagba be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Nyateƒee, sɔhɛ siwo katã nɔa agbe alea la doa dzidzɔ na wo Wɔla ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Breanna (si xɔ ƒe 14 fifia) lé eƒe nuŋɔŋlɔa ɖe asi