Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dzimaɖitsitsi Fia Xɔsemanɔamesia?

Ðe Dzimaɖitsitsi Fia Xɔsemanɔamesia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Dzimaɖitsitsi Fia Xɔsemanɔamesia?

“WODE SE NA MÍ BE MÍGATSI DZIMAÐI O.” Esiae nye nyati aɖe si ƒe alafa 20 lia me sɔfo aɖe ŋlɔ, si me wògblɔ le be menye nu gbegblẽ koe dzimaɖitsitsi le ŋutilãmenuwo ŋu nye o ke boŋ enye “nuvɔ̃ gã” hã ƒe tanya. Nyitsɔ laa esi numeɖela aɖe nɔ nu ŋlɔm tso nuxaxa kple dzimaɖitsitsi ŋu la, egblɔ be, “Nuxaxa nye gbɔgblɔ be míeka ɖe Mawu dzi o.”

Nusi dzi agbalẽŋlɔla siawo kple eve tu woƒe nyataƒoƒowo ɖoe nye Yesu ƒe Todzimawunya la, si me wògblɔ le be: “Migatsi dzimaɖi . . . o.” (Mateo 6:25) Esi nuwo nana ame gbogbo aɖe tsia dzimaɖi egbea ta la, míate ŋu abia be: Ðe wòsɔ be Kristotɔ nabui be yeɖi fɔ ne yetsi dzimaɖia? Ðe dzimaɖitsitsi fia xɔsemanɔamesia?

Mawu Sea Míaƒe Blibomademadewo Me na Mí

Biblia mefia mí be xɔsemanɔamesi gbɔe dzimaɖitsitsi ɖesiaɖe tsona o. Esi wònye ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me toto sesẽ’ mee míele ta la, asesẽ be míatsi dzimaɖi aɖeke kurakura o. (Timoteo II, 3:1) Lãmegbegblẽ, tsitsi, ganyawo ƒe sesẽ, ƒomekuxiwo, nuvlowɔwɔ, kple kuxi bubuwo bia be Kristotɔ wɔnuteƒewo nado dzi le dzimaɖitsitsi me gbesiagbe. Vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi ɖe fu na Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema kura gɔ̃ hã.

De ŋugble le nusi Biblia gblɔ le Lot ŋu kpɔ. Mawu gblɔ nɛ be wòasi ayi towo dzi bene wòagatsrɔ̃ le Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ me o. Gake Lot tsi dzodzodzoe. Egblɔ be: “O, Aƒetɔ, meganɔ nenema o!” Etɔ sẽ eye wògblɔ kpee be: “Gake ɖewo nyemate ŋu asi ade toa dzi, hafi gbegblẽ la nava tum, eye maku o mahĩ.” Nukatae Lot le vɔvɔ̃m na toawo dzi yiyi? Biblia megblɔe na mí o. Eɖanye nukatae o, edze ƒã be vɔvɔ̃ ɖo Lot ŋutɔ. Nukae Mawu wɔ? Ðe Mawu ka mo na Lot be mexɔ ye dzi se o alo meka ɖe ye dzi oa? Ao. Ðe Yehowa bu Lot ŋu boŋ eye wòɖe mɔ nɛ wòsi yi du aɖe si tsɔ ɖe egbɔ me.—Mose I, 19:18-22.

Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo hã tsi dzimaɖi vevie ɣeaɖewoɣi ƒe kpɔɖeŋu bubuwo le Biblia me. Nyagblɔɖila Eliya vɔ̃ eye wòsi esi wòse be wogbɔna ye wu ge. (Fiawo I, 19:1-4) Mose, Xana, Dawid, Xabakuk, Paulo, kple ŋutsu kpakple nyɔnu siwo si xɔse sẽŋu nɔ hã tsi dzimaɖi va yi. (Mose II, 4:10; Samuel I, 1:6; Psalmo 55:6; Xabakuk 1:2, 3; Korintotɔwo II, 11:28) Gake Mawu se veve ɖe wo nu eye wòyi edzi zã wo le eƒe subɔsubɔdɔa me, si fia be esea nu me na amegbetɔ madeblibowo vavã.

‘Nuvɔ̃ si Ðea To Ðe Mí Bɔbɔe’

Ke hã dzimaɖitsitsi ɣeawokatãɣi ate ŋu ana míagbɔdzɔ eye míagava nɔ kakam ɖe Mawu dzi o. Apostolo Paulo yɔ xɔsemanɔamesi be “nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí.” (Hebritɔwo 12:1) Esi Paulo yɔ eya ŋutɔ ɖokui de eme ta la, ate ŋu afia be elɔ̃ ɖe edzi be xɔse ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ te ŋu ‘ɖea to ɖe ye ŋutɔ hã bɔbɔe’ ɣeaɖewoɣi.

Ate ŋu anye nusiae dzɔ ɖe Zaxarya dzi esi mexɔ mawudɔla si gblɔ nɛ be srɔ̃a afɔ fu dzi se o. Gbeɖeka Yesu ƒe apostolowo mete ŋu da gbe le ame aɖe ŋu o le woƒe “xɔse ʋɛ” ta. Ke hã Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ganɔ amesiawo dzi.—Mateo 17:18-20; Luka 1:18, 20, 67; Yohanes 17:26.

Gake woŋlɔ amesiwo megaka ɖe Mawu dzi o eye nusia gblẽ nu le wo ŋu vevie ƒe kpɔɖeŋuwo hã ɖe Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, womeɖe mɔ na Israel-vi siwo dzo le Egipte dometɔ geɖewo woɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o le woƒe xɔsemanɔamesi ta. Woƒo nu le Mawu ŋutɔ ŋu tẽ le nudzɔdzɔ aɖe me gblɔ be: “Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsi aɖeke mele afisia o.” Mawu ɖe eƒe dziku fia esi wòɖo da vɔ̃ɖiwo ɖa wova ɖu wo.—Mose IV, 21:5, 6.

Le Yesu detɔ Nazaretetɔwo ƒe dzimaxɔse ta la, mewɔ nukunu geɖe le woƒe anyigbamama me wokpɔ o. Gawu la, Yesu bu fɔ wo ŋɔli me dzidzime vɔ̃ɖi si nɔ anyi vevie ɖe woƒe dzimaxɔse ta. (Mateo 13:58; 17:17; Hebritɔwo 3:19) Eyata esɔ be apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o.”—Hebritɔwo 3:12.

Nyateƒee, le nudzɔdzɔ siwo gbɔ eme me la, xɔsemanɔamesi ate ŋu atso dzi vɔ̃ɖi nɔamesi gbɔ. Gake menye eyae nɔ Zaxarya kple Yesu ƒe apostolowo kple ame bubu siwo ƒe kpɔɖeŋuwo míegblɔ va yi si o. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gbɔe woƒe xɔsemanɔamesia tso. Woƒe agbenɔnɔ bliboa fia be wonye amesiwo ‘dza le dzi me.’—Mateo 5:8.

Mawu Nya Míaƒe Nuhiahiãwo

Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ vovototo si le dzimaɖitsitsi gbadzaa kple xɔsemanɔamesi dome. Mele be míabui be alesi míetsia dzimaɖii gbesiagbe alo ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe xɔse maɖemaɖe fia le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta la nye Mawu dzimaxɔse si tsoa dzi vɔ̃ɖi si ku atri gbɔ o. Eyata mele be Kristotɔwo nana woƒe dzi nanɔ fɔ bum wo atraɖii le esi wotsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣi ta o.

Gake ehiã ŋuɖɔɖɔɖo be míagava nɔ dzimaɖi tsim ale gbegbe be dzimaɖitsitsi nava ɖu mía dzi o. Esia na míekpɔ nunya si le Yesu ƒe nya siawo me, be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o.” Eyi edzi kple akɔfanamenya siawo be: “Mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:25-33.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nu geɖe dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi si na wòtsi dzimaɖi