Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbagbadzedze tso Blema Ke be Woanɔ Lãmesẽ Me

Agbagbadzedze tso Blema Ke be Woanɔ Lãmesẽ Me

Agbagbadzedze tso Blema Ke be Woanɔ Lãmesẽ Me

JOANNE nɔ New York, eye yɔmekpe nɔ eŋu. Gake menye yɔmekpe dzro koe nɔ eŋu o. Dɔ sia ƒe dɔlékui ƒe tɔtrɔgbɔe aɖe si dzi atike ɖesiaɖe kloe mete ŋu kpena o lae he eƒe dɔlélea vɛ eye dɔ sia wua amesiwo dzi wòdze la ƒe afã. Gake Joanne medea kɔdzi ɖe ɖoɖo nu o, eye ame bubuwo xɔ yɔmekpea le eŋu zi ɖeka ya teti xoxo. Eƒe ɖɔkta si do dziku ɖe eŋu la gblɔ be, ‘Ele be woatui ɖe xɔ me.’

Dɔléle aɖe si le ame wum tso gbaɖegbe kee yɔmekpe nye. Yɔmekpe wɔ fu ame miliɔn geɖe eye mlɔeba wòwu wo. Wokpɔ dɔ sia ƒe dzesi le ame kuku siwo wosi atike na woƒu le blema Egipte kple Peru ŋu. Egbea yɔmekpe dɔlékui sia ƒe tɔtrɔgbɔe ƒomeviwo wua amesiwo anye miliɔn eve ƒe sia ƒe.

Fifia ƒo ɖe ŋkume na Carlitos si mlɔ aba vi aɖe dzi le xɔvi aɖe me le Afrika. Asrã na wògbɔdzɔ ale gbegbe be magate ŋu afa avi kura gɔ̃ hã o. Edzilawo tsi dzimaɖi, evɔ ga menɔ wo si woaƒle atike nɛ o, eye kɔdzi aɖeke hã megogo wo si woakɔ wo vi la ayii o. Asrãa nu meɖiɖi o, eye le gaƒoƒo 48 alo ŋkeke eve megbe la, eku.

Asrã wua ɖevi miliɔn ɖeka kloe ƒe sia ƒe, abe Carlitos ene. Le Ɣedzeƒe Afrika kɔƒeduwo me la, mu si naa asrãdɔ ɖua ɖevi geɖe zi gbɔ zi 50 va ɖo zi 80 ɣleti sia ɣleti. Mu siawo va le bɔbɔm ɖe teƒe siwo womenɔ tsã o, eye asrãtikewo megate ŋu le asrãa dam o. Amesiwo wosusu be woade miliɔn 300 sɔŋ dzie asrã sesẽwo dzena ƒe sia ƒe.

Le ƒe 1980 me la, Kenneth si nye ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 30 le San Francisco, California, yi eƒe ɖɔkta gbɔ zi gbãtɔ. Enɔ mitsi nyem eye ɖeɖi tea eŋu kabakaba. Eku le ƒe ɖeka megbe. Togbɔ be eƒe dɔdala trɔ asi le eŋu kpem hã la, kuɖiɖi dzi ko wònɔ, eye mlɔeba axamedɔ va wui.

Le ƒe eve megbe la, dɔ sia ƒe dzesiwo dze le ɖetugbi aɖe hã ŋu le Tanzania ƒe dziehe, afisi didi kilometa 16,000 tso San Francisco gbɔ. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, megate ŋu zɔna o, eye eteƒe medidi o eya hã ku. Dua me tɔwo tsɔ ŋkɔ na dɔ manyatelenu si wui la be Juliana-dɔ elabena ewɔ abe ŋutsu aɖe si dzraa avɔ si dzi woŋlɔ ŋkɔ Juliana ɖo ŋue ɖetugbi sia kple dua me nyɔnu bubuwo xɔ dɔa le ene.

Dɔ ɖekae wu Kenneth kple Tanzania nyɔnua: eyae nye AIDS. Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe gɔmedzedze, le ɣeyiɣi si me tututu wòwɔ abe ɖe atikewɔlawo kpɔ ta na dɔlékui vɔ̃ɖitɔwo kekeake ene la, dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi sia dze nugbegblẽ le ameƒomea ŋu. Amesiwo AIDS wu le ƒe blaeve me la de sɔsɔ ge kple amesiwo dɔvɔ̃ si to le Europa kple Asia le ƒe alafa 14 lia me la wu—si nye dɔvɔ̃ si Europatɔwo maŋlɔ be akpɔ gbeɖegbeɖe o.

Dɔvɔ̃ La

Ƒe 1347 mee dɔvɔ̃ sia to, esime tɔdziʋu aɖe si tso Crimea va dze ɖe Messina si le Sicily ƒukpo dzi. Menye agba siwo tɔdziʋua tsɔna vɛ ɖaa koe wògatsɔ vɛ ɣemaɣi o, ke dɔvɔ̃a hã kpe ɖe eŋu. * Eteƒe medidi o, dɔvɔ̃ sia kaka ɖe Italy godoo.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Aƒetɔ Agnolo di Tura si le Siena, Italy, ƒo nu tso ŋɔdzi si nɔ wo de ŋu be: ‘May mee amewo dze kuku gɔme le Siena. Enye dɔ si vɔ̃ɖi eye ŋɔdzi le eŋu ale gbegbe. Dɔa ƒe wo dzi dzedze kple madzemadze ko la, ewua dɔnɔawo. Ame alafa geɖe kuna, zã kple keli.’ Egblɔ kpee be: ‘Nye ŋutɔ meku do ɖi vinye atɔ̃awo, eye nenemae ame bubu geɖewo hã ɖi wo tɔwoe. Eɖanye ameka ke ɖaku o, ame aɖeke mefaa avi o elabena amesiame kloe nɔ mɔ kpɔm na kua. Amewo ku ale gbegbe be amesiame susu be xexeame ƒe nuwuwue.’

Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be le ƒe ene ko me la, dɔvɔ̃a kaka ɖo Europa ƒe afisiafi eye amesiwo ade dukɔ mawo me tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia ku—ɖewohĩ woanɔ ame miliɔn 20 va ɖo miliɔn 30. Etsrɔ̃ amesiwo le adzɔge ʋĩ le keke Iceland ke hã. Wogblɔ be le Ɣedzeƒe Ʋĩ la, Chinatɔwo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ tso ame miliɔn 123 le ƒe alafa 13 lia ƒe gɔmedzedze va ɖo miliɔn 65 le ƒe alafa 14 lia me, eye ewɔ abe dɔvɔ̃ la kple dɔwuame si va kplɔe ɖoe na wòdzɔ alea ene.

Dɔvɔ̃, aʋawɔwɔ, alo dɔwuame aɖeke mena amewo kpe fu do ŋgɔ alea gbegbe kpɔ o. Agbalẽ si nye Man and Microbes (Amegbetɔ Kple Dɔlékuiwo) gblɔ be: “Afɔku si ɖeke mesɔ kple le amegbetɔ ƒe ŋutinya me o ye wònye. Europa, Dziehe Afrika, kple Asia ƒe teƒe aɖewo tɔwo ƒe akpa enelia va ɖo woƒe afã ye wòwu.”

Esi Amerika sa ɖe aga tso xexemedukɔ bubuwo gbɔ ta la, dɔvɔ̃a megblẽ nu de afima ya o. Gake ƒudzimɔzɔzɔ na womeganye dukɔ saɖeaga azɔ o. Le ƒe alafa 16 lia me la, dɔxɔleameŋu si nu sẽ wu gblẽ nu le Amerika.

Sakpate Gblẽ Nu le Amerika

Esime Columbus va ɖo West Indies le ƒe 1492 me la, egblɔ le dua me tɔwo ŋu be wonye ‘amesiwo nya kpɔ, wodze ɖeka kple tugbe ale gbegbe, woƒe kɔkɔme le vedomesi eye wonye ame titriwo.’ Alesi lãme le wo si alea na wòdze abe ɖe womate ŋu axɔ dɔvɔ̃ si gblẽ nu le Europa o ene.

Le ƒe 1518 me la, sakpate lé Hispaniola ƒukpoa dzi tɔwo. Sakpate melé Amerika vidzidziwo kpɔ do ŋgɔ na ema o, eye egblẽ nu ale gbegbe. Spaintɔ aɖe si kpɔ eteƒe gblɔ be ame akpe ɖeka koe tsi agbe le ƒukpo bliboa katã dzi. Eteƒe medidi o, dɔa kaka ɖo Mexico kple Peru eye wògblẽ nu le teƒe siawo hã nenema ke.

Le ƒe alafa si kplɔe ɖo me, esime Europatɔ dutanyigbaxɔlawo va ɖo Massachusetts si le Dziehe Amerika la, wokpɔ be sakpate tsrɔ̃ dua me tɔwo katã vɔ kloe. Dutanyigbaxɔlawo ŋgɔnɔla John Winthrop ŋlɔ be: “Sakpate wu dua me tɔwo katã kloe.”

Dɔxɔleameŋu bubuwo to ɖe sakpate yome. Agbalẽ aɖe gblɔ be anye ƒe alafa ɖeka le Columbus ƒe Amerika vava megbe la, dɔléle siwo dutatɔwo he va dukɔa me la tsrɔ̃ ame 90 le alafa me. Mexicotɔwo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ tso ame miliɔn 30 va ɖo miliɔn 3, Perutɔwo ɖiɖi tso ame miliɔn 8 va zu miliɔn ɖeka. Gake menye Amerika vidzidziwo koe sakpatea tsrɔ̃ o. Agbalẽ si nye Scourge—The Once and Future Threat of Smallpox (Dɔvɔ̃wo—Sakpate ƒe Nugbegblẽ Tsã Kple le Etsɔme) gblɔ be: “Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, sakpate wu ame miliɔn geɖe, amesiwo wòwu sɔ gbɔ sasasã wu amesiwo dɔvɔ̃ la wu . . . kple amesiwo aʋa siwo katã wowɔ le ƒe alafa blaevelia me tsrɔ̃ la ƒe ƒuƒoƒo.”

Aʋa la Meke Haɖe O

Egbea la, nusiwo dɔvɔ̃ la kple sakpate gblẽ la adze gbaɖegbe ʋĩ nyae. Le ƒe alafa 20 lia me la, ameƒomea ɖu aʋa siwo woho ɖe dɔxɔleameŋuwo ŋu la dometɔ geɖe dzi, vevietɔ le dukɔ deŋgɔwo me. Ðɔktawo ke ɖe nusiwo hea dɔléle geɖe vɛ ŋu, eye wokpɔ mɔ siwo dzi woato ada wo hã. (Kpɔ aɖaka si le ete le axa si kplɔe ɖo.) Abɔtasitike kple dɔlékuiwutike yeyewo dze abe dɔ sia dɔ danu siwo ate ŋu akpe dɔléle siwo mesea nu o kura gɔ̃ hã dzi ene.

Gake abe alesi United States Dukɔa ƒe Dɔhonamenuwo Kple Dɔxɔleameŋuwo ƒe Nusrɔ̃ha dzikpɔla tsãtɔ Ðk. Richard Krause gblɔe ene la, “kakaɖedzi li be dɔvɔ̃wo ato abe alesi kakaɖedzi le ku kple adzɔxexe ŋui ene.” Womete ŋu ɖe yɔmekpe kple asrã ɖa o. Eye AIDS dɔ vɔ̃ɖi si to nyitsɔ sia ɖoa ŋku edzi na mí nublanuitɔe be dɔvɔ̃wo gale nu gblẽm le míaƒe xexeame ŋu kokoko. Agbalẽ si nye Man and Microbes gblɔ be: “Dɔxɔleameŋuwoe nye nusi wua ame wu le xexeame godoo; woayi edzi alea ɣeyiɣi didi aɖe.”

Ðɔkta aɖewo le vɔvɔ̃m be togbɔ be yewole ŋgɔyiyi ɖedzesiwo wɔm le aʋa si yewoho ɖe dɔléle ŋu me hã la, ɖewohĩ ɣeyiɣi kpui aɖe koe nusiwo yewote ŋu wɔ le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me la aɖe vi aɖoe. Dɔvɔ̃ŋunyala Robert Shope xlɔ̃ nu be: “Dɔxɔleameŋuwo ƒe nugbegblẽ nu meva yi o—sesẽm ɖe edzi boŋue wòle.” Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusita wòle alea me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Dɔvɔ̃ sia (si woyɔna be plague alo Black Death) ƒomevi vovovoe dze amewo dzi, esi ƒe ɖewoe nye axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃ kpakple axamedɔ. Alegeli, siwo ŋu axɔ̃wo le ye kaka esi nye axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃ la, gake zi geɖe la, amesiwo ŋu dɔvɔ̃a le ƒe kpe kpekpe kple nyènye ye na esi nye axamedɔ la kaka.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Amesiwo AIDS wu le ƒe blaeve me la de sɔsɔ ge kple amesiwo dɔvɔ̃ si to le Europa kple Asia le ƒe alafa 14 lia me la wu

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Sidzedze Kple Aʋatsodzixɔse

Le ƒe alafa 14 lia me, esi dɔvɔ̃ si gblẽ nu le Europa dze papa ƒemetɔwo dzi le Avignon la, eƒe ɖɔkta gblɔ nɛ be ɣletinyigba etɔ̃—Saturn, Jupiter, kple Mars—ƒe akasa nu nɔnɔ kple ɣea le Aquarius ɣletivimefakadzesi me koŋ gbɔe dɔvɔ̃a tso.

Anye ƒe alafa ene megbe la, veme nɔ George Washington vem. Nusi ɖɔkta xɔŋkɔ etɔ̃ wɔ be woatsɔ ada dɔa nɛ ye nye be woɖe ʋu lita eve le lãme nɛ. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me ko dɔnɔa ku. Ʋuɖeɖelelãme na ame nye dɔdamɔnu aɖe si wozã ƒe 2,500 sɔŋ—tso Hippocrates ŋɔli va ɖo ƒe alafa 19 lia ƒe domedome.

Togbɔ be aʋatsodzixɔse kple kɔnyinyiwo xe mɔ ɖe atikewɔwɔ ƒe ŋgɔyiyi kabakaba nu hã, ɖɔkta veviedonula geɖe ku kutri ke ɖe nusiwo gbɔ dɔxɔleameŋuwo tsona kple atike siwo ada wo ŋuti. Ŋgɔyiyi siwo wowɔ dometɔ vevi ʋɛ aɖewoe nye si dze le ete.

Sakpate. Le ƒe 1798 me la, Edward Jenner kpɔ abɔtasitike na sakpate. Le ƒe alafa 20 lia me la, abɔtasisi kpe ɖe ame ŋu le mɔxexe ɖe dɔléle bubuwo, abe ɖeviwo ƒe atatutudɔ, asrãdzẽ, kple gbaɣi ene nu me.

Yɔmekpe. Le ƒe 1882 me la, Robert Koch ke ɖe dɔlékui si naa yɔmekpe ŋu eye wòto ekpɔkpɔ dze sii mɔnu hã vɛ. Anye ƒe 60 megbe la, woke ɖe dɔlékuiwutike si nye streptomycin ŋu, si nye yɔmekpedatike sẽŋu aɖe. Atike sia te ŋu da axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃ hã.

Asrã. Tso ƒe alafa 17 lia me heyina la, quinine—si woɖe tso ati si woyɔna be cinchona ƒe tsro me—xɔ asrãléla miliɔn geɖe ɖe agbe. Le ƒe 1897 me la, Ronald Ross ke ɖe mu ƒomevi si woyɔna be Anopheles ŋu be woawoe naa dɔa, eye emegbe wodze agbagba be woatsrɔ̃ muwo ale be woaɖe amewo ƒe kuku dzi akpɔtɔ le anyigba xɔdzo dzi dukɔwo me.

[Nɔnɔmetatawo]

Ɣletivimefakaka nutata (etame) kple ʋu ɖeɖe le lãme na ame

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Wo ame evea: Biblioteca Histórica “Marqués de Valdecilla”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Egbea yɔmekpe trɔgbɔe ƒomevi aɖewo wua amesiwo ade miliɔn eve ƒe sia ƒe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kɔdzi fotoɖeɖeamea: New Jersey Medical School–National Tuberculosis Center; ŋutsua: Fotoa: WHO/Thierry Falise

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ƒe 1500 me lɔƒo Germanytɔwo ƒe kpedzinutata aɖe si fia ɖɔkta aɖe si ɖɔ nu ɖe mo be yeagaxɔ dɔvɔ̃ la o. Ami ʋeʋẽ le nusi ɖi xe ƒe dɔ la me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Godo-Foto

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Dɔlékui si naa axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃a

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Gary Gaugler/Visuals Unlimited