Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata seƒoƒowɔ ƒe kpeƒoame va bɔ alea gbegbe?

Nukata seƒoƒowɔ ƒe kpeƒoame va bɔ alea gbegbe?

Nukata seƒoƒowɔ ƒe kpeƒoame va bɔ alea gbegbe?

Etso Nyɔ! ŋlɔla si le Spain gbɔ

ŊKU dzi le fiewòm eye wòle aɖatsi fam, nyènye dzi ko nèle ŋkeke bliboa katã, wò ŋɔtime le tsi kplɔm, eye gbɔgbɔ zu dɔ na wò. Nukae le wɔwòm? Ate ŋu anye kpe alo wɔɖie le ƒowòm. Gake nenye seƒoƒo siwo ke gbɔe nusiawo ɖea fu na wò le la, ke ate ŋu anye be seƒoƒoawo ƒe seƒoƒowɔ alo atiwo ƒe seƒoƒowɔ ye le kpea ƒom wò. Ne eyae la, ke menye wò ɖeɖeko ŋue dɔ sia le o, eɖea fu na ame geɖewo. Amesiwo wɔɖi sia tɔgbe ƒona la sɔ gbɔ eye dzidzim ɖe edzi ko wole ƒe sia ƒe.

Magazine si nye Mujer de Hoy gblɔ be: “Tsitretsitsi ɖe nusi míaƒe ŋutilã kpɔ be agblẽ nu le mía ŋu la ŋu si gbɔ eme koe seƒoƒowɔ ƒe kpeƒoame nye. Amesiwo ŋu dɔhonamewo le ƒe ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete tsia tre ɖe nusianu si wòbu be mesɔ na yewoƒe ŋutilã o la ŋu—eye seƒoƒowɔ hã le eme—togbɔ be le nyateƒe me, nusiawo magblẽ nu le ame ŋu o hã.” Eye ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ƒe nuwɔwɔ si gbɔ eme aleae naa dɔ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ɖea fu na ame.

Le ƒe 1819 me, eŋlisi ɖɔkta John Bostock ŋlɔ nu tso seƒoƒowɔ ƒe wɔɖiƒoame ŋu. Eyae nye ame gbãtɔ si ŋlɔ nu tso eŋu. Bostock gblɔ nusiwo wɔa eya ŋutɔ ne seƒoƒowo ƒe keɣi ɖo. Esusu be gbe si wotso be woasia atsɔ adzra ɖo na lãwo woava ɖu gbɔe dɔ siawo tso. Emegbe wova kpɔ be le nyateƒe me la, ati alo seƒoƒo vovovowo ƒe seƒoƒowɔe hoa dɔ sia. Le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze la, ame ʋɛ aɖewo koe Bostock kpɔ be dɔ siawo nɔ fu ɖem na le England katã.

Ke nukata seƒoƒowɔ ƒe wɔɖiƒoame va bɔ alea gbegbe egbea? Gbɔxi Kple Dɔhonamenuwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Madrid, Spain, ƒe tatɔ Ðk. Javier Subiza yɔ nu eve siwo ŋu numekulawo le numekuku wɔm le. Nusiwo wosusu dometɔ ɖekae nye be mɔ̃ siwo zãa ami si nye diesel gbɔe wòtso. Woxɔ se be nukui siwo dona tsoa diesel ƒe dɔwɔwɔ le mɔ̃wo me ate ŋu aho dɔ na ame. Dɔhonameŋunyala Ðk. Juan Kothny Pommer gblɔ be “le mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo me la, seƒoƒowɔ ƒe wɔɖiƒoame ɖea fu na dukɔmevi 20 sɔŋ le alafa me, eye dugãwo mee wòbɔ ɖo wu.”

Nu evelia si wosusu be eya gbɔe wòtso enye dzadzɛnyenye si gbɔ eme. Ðk. Subiza ɖe nu me be, ‘Wodzia mí ɖe kɔdzixɔ siwo me wowua dɔlékuiwo le me, míeɖua nu siwo me wowu dɔlékuiwo le, wosia dɔ vovovo ƒe abɔta na mí, eye míaƒe dɔdzedze kple dɔmadzemadze ko míezãa dɔlékuiwutikewo. Eyata tso ɖevime ke la, womla míaƒe dɔlélenutsitsi ŋutete be wòatsi tre ɖe nusiwo aɖe fu nɛ ŋu.’

Ne wò ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ɖea fu na wò alea la, mègana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò o! Ne wote ŋu ke ɖe dɔ si tututu le fu ɖem na wò ŋu eye wowɔ eƒe atike na wò la, ate ŋu aɖe seƒoƒowɔ ƒe wɔɖiƒoame edziedzi kple enu ƒe sesẽ dzi akpɔtɔ.