Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Akogotsilawo Sɔ Gbɔ Alea?

Nukatae Akogotsilawo Sɔ Gbɔ Alea?

Nukatae Akogotsilawo Sɔ Gbɔ Alea?

AME geɖe tsi akogo egbea. Edzɔna ɖe ƒe ɖesiaɖe xɔla kple ameƒomevi ɖesiaɖe, ɖoƒe ɖesiaɖe nɔla kple subɔsubɔha ɖesiaɖe me tɔ dzi. Ètsi akogo kpɔa? Ðe nètsi akogo fifia? Le nyateƒe me la, mía dometɔ ɖesiaɖe see le eɖokui me ɣeaɖeɣi kpɔ be yehiã na zɔhɛ—amesi ase nya na ye, amesi ade dzi ƒo na ye, alo anya yeƒe seselelãme ememetɔ, nusi le tame na ye, ahase nu gɔme na ye. Míehiã amesi afa ɖe mía ti.

Ke hã ame ɖeka ƒe anyinɔnɔ mefia kokoko be wotsi akogo o. Ame aɖe ɖeɖe ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe, ahanɔ dzidzɔ kpɔm le nusi wɔm wòle me eye mase le eɖokui me kura be yetsi akogo o. Gake ame aɖewo li si woawo ɖeɖe mete ŋu nɔa anyi o. The American Heritage Dictionary gblɔ be: “Ame ɖeka ƒe anyinɔnɔ fia be woɖe ɖe aga tso amewo gbɔ gake mefia kokoko be womele dzidzɔ kpɔm o. . . . Zi geɖe la, yametsitsi fia enyanya kple vevesese be ye ɖeɖekoe li . . . Akogotsitsi fia blanuiléle si me wodina le vevie be zɔhɛ nanɔ ame si,” si fia nuxaxa, konyifafa, alo vevesese ƒe nɔnɔme. Ehiã be woafa akɔ amea to hadede nyui si me lɔlɔ̃ le me be dzi nagadzɔe ake. Mlɔeba woɖe ɖeɖeɖeaga gɔme be “zi geɖe la, efiaa yametsitsi kple akogotsitsi . . . Gake enuenu la, efia be amea ŋutɔe ɖoe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga.”

Akogotsitsi nye seselelãme sesẽ aɖe si te ŋu nyea vevesese ŋutɔ. Enye sese le ame ɖokui me be womele ɖeke me o. Enyea ɖeɖe ɖe vovo ƒe seselelãme, sese le ame ɖokui me be yeɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ. Ate ŋu ana míaƒe lãme nafa eye vɔvɔ̃ naɖo mí. Ðe nèse le ɖokuiwò me alea kpɔa? Nukawoe hea akogotsitsi vɛ?

Kuxiwo, nɔnɔmewo, kple nudzɔdzɔwo kpɔa ŋusẽ vovovowo ɖe amewo dzi. Ðewohĩ èkpɔe be ye hatiwo gbe ye le yeƒe dzedzeme, ameƒomevinyenye, kple subɔsubɔha si me yele ta. Tɔtrɔ siwo va le wò anyinɔnɔ me—abe suku yeye dede, dɔ yeye gɔmedzedze, alo ʋuʋu yi nuto, du alo dukɔ bubu me—ate ŋu ana nàsee le ɖokuiwò me be yetsi akogo le esi wòle be nàgblẽ xɔ̃wò xoxoawo ɖi ta. Ame dzilawo alo ame srɔ̃ ƒe ku te ŋu naa wotsia akogo, eye ete ŋu nɔa alea ƒe geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, ne míele tsitsim la, mía hati siwo nye mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe ame nyanyɛwo trɔna, wo dzi ɖena kpɔtɔna, alo míegakpɔa wo kura o.

Menye ɣesiaɣie srɔ̃ɖeɖe tsia akogotsitsi nu o. Nugɔmemasemase na ame nɔewo alo masɔmasɔ na ame nɔewo ate ŋu ahe xaxa vɛ, si ate ŋu ahe makamaka ɖe ame nɔewo dzi vɛ eye wòate ŋu ana srɔ̃tɔawo kple wo viwo natsi akogo. Gake hekpe ɖe akogotsitsi si lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku, srɔ̃gbegbe, alo ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga tẽ alo le seselelãme gome hena vɛ ŋu la, akogotsitsi ƒomevi bubu aɖe hã li si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie. Nusia dzɔna ne mía kple Mawu dome ƒomedodo me gblẽ eye míekpɔe be míeɖe ɖe aga tso egbɔ.

Ðe nèle nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe dometɔ aɖe me toma? Ðe woate ŋu anɔ te ɖe akogotsitsi nua?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Tɔtrɔ siwo vaa ame ƒe anyinɔnɔ me, tso suku yeye dede dzi va ɖo ame srɔ̃ ƒe ku dzi, ate ŋu ana woatsi akogo