Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòsẽa Ŋuta le Ŋunye Alea?

Nukatae Wòsẽa Ŋuta le Ŋunye Alea?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Wòsẽa Ŋuta le Ŋunye Alea?

“Zi geɖe la, [nye ŋugbetɔ] bua fɔm yakatsyɔ. Gake nye dzi katã ku ɖe eyama ŋu.”—Kathrin. *

“Màkpɔ [abi aɖeke le ŋunye] ya o, gake mesea veve ŋutɔ le ememe.”​—Andrea, amesi eƒe ŋugbetɔ ƒo tome na.

NUDZƆDZƆ si bɔ ŋutɔe wònye: Ðetugbi aɖe nɔ zɔzɔm kple ɖekakpui aɖe eye wòdze abe ɖe ɖetugbia ƒe nu lé dzi nɛ eye wònye amesi dea bubu ame ŋu ene. Gake eƒe nɔnɔme va nɔ tɔtrɔm vivivi. Gbedaɖeamegbɔ kple vlodoame va xɔ ɖe lɔlɔ̃nyawo gbɔgblɔ teƒe. Gbã la, ɖetugbia ŋea aɖaba ƒua nusiawo dzi be togbɔ be mesɔ nenema o hã la, vividodoɖeameŋu ƒe ŋɔtimetete na ame koe wònye. Ke hã nuwo va gblẽ ɖe edzi zu dzudzu kple nyanyra ɖaa eye emegbe wòaɖe kuku enuenu. Esi ɖetugbia susuna le mɔ aɖe nu be ye gbɔe wòtso ta la, ezia kpi nɔ mɔ kpɔm be nuwo ava trɔ. Gake gbeɖegbeɖea koe. Eƒe ŋugbetɔa va nɔ wowom ɖe eta azɔ. Esi dzi ku ɖekakpuia gbeɖeka la, etutui sesĩe! Vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuvia be ne yemekpɔ nyuie o la, ava aƒo ye ɣebubuɣi. *

Biblia gblɔ le Lododowo 15:1 be: “Gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” Menye ‘gbedaɖeamegbɔ’ ɖeɖekoe ayi edzi le ɖekakpui kple ɖetugbi ƒe zɔzɔ si me ƒoƒo kple dzu le me o, ke boŋ ɖeklemiɖeɖe, nya veve gbɔgblɔwo, kple dzikudodo atraɖii hã ayi edzi le eme. Nɔnɔme sia tɔgbe mee nèlea? (Kpɔ aɖaka si nye “Nuxlɔ̃ame Dzesi Aɖewo”) Ne eya mee nèle la, ekema aɖe fu na wò eye wòakpe ŋu na wò ale gbegbe be màganya nusi tututu nàwɔ o.

Menye ƒã hafi nusiawo dzɔna o abe alesi ɖewohĩ nàsusui ene o. Numekulawo bu akɔnta be wosẽa ŋuta le ame 1 ŋu le mɔ aɖe nu kokoko le ame 5 ɖesiaɖe ƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Ne wobu dzudzu hã kpe ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu la, ekema akɔntaa ayi dzi anɔ ame 4 le 5 ɖesiaɖe me. To vovo na nusi ame gbogbotɔ susuna la, menye nyɔnuwo ɖeɖeko ŋue wosẽa ŋuta le o. Numekuku aɖe si wowɔ le Britain le ŋutasẽnuwɔwɔ le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me ŋu ɖee fia be ne wobu “ŋutsu kple nyɔnu” siwo ƒe ŋugbetɔwo sẽa ŋuta le wo ŋu la, ɖeko woa kple evea siaa “ƒe alafa memama de sɔsɔ ge kloe.” *

Nukatae wowɔa ŋutasẽnu siawo le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me? Nukae wòle be nàwɔ ne èle nɔnɔme ma me?

Mawu ƒe Nukpɔsusu ƒe Amesinɔnɔ

Gbã, ele be nànya alesi gbegbe Mawu bua nyaa ŋkubiãnyae. Edzɔna baa be ame madeblibo agblɔ nya alo awɔ nu wòave ame. (Yakobo 3:2) Edzɔna hã be amesiwo lɔ̃a wo nɔewo hekana ɖe wo nɔewo dzi gɔ̃ hã melɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi ɣeaɖewoɣi o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo kple Barnaba wonye Kristotɔ tsitsiwo. Ke hã le ɣeyiɣi aɖe me la, nya aɖe ‘zu domedzoe na wo.’ (Dɔwɔwɔwo 15:39) Eyata ne mia kple ame aɖe miele zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, ate ŋu adzɔ be miahe nya ɣeaɖewoɣi.

Gakpe ɖe eŋu la, masɔ be nanɔ mɔ kpɔm be yeƒe ŋugbetɔ mahe nya ɖe ye ŋu gbeɖe o. Ðe miele eŋu bum kpɔ be yewoasɔ na yewo nɔewo, aɖe yewo nɔewo hã. Eye ne wò nuwɔna alo agbenɔnɔ aɖe ɖia enu la, ɖe manye nusi me lɔlɔ̃ le be wòaƒo nu tso eŋuti na wò oa? Nyateƒee, mokaname menya xɔna ya o. (Hebritɔwo 12:11) Gake ne esi wòlɔ̃ wò tae wòle egblɔm eye wògblɔe le lɔlɔ̃ me la, ekema manye nuƒoƒo le ame ŋu o.—Lododowo 27:6.

Ke hã nu bubu kurae ɣlidodo ɖe ame ta, tomeƒoƒo na ame, kɔtutu ame, alo amedzudzu nye. Biblia tsri “dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, [kple] ŋukpenanyawo” na mí. (Kolosetɔwo 3:8) Edoa dziku na Yehowa ne ame aɖe zã ‘ŋusẽ’ si le esi tsɔ do vlo ame, tsɔ do vɔvɔ̃ na ame, tsɔ ɖu ame dzi, alo tsɔ te ame ɖe anyii. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la de se na srɔ̃ŋutsuwo be “woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene . . . elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi.” (Efesotɔwo 5:28, 29) Ŋutsu si dzua nyɔnu si woa kplii wole zɔzɔm alo sẽa ŋuta le eŋu la le eɖem fia be yemedze anye srɔ̃a o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ŋutsu ma le dziku dom na Yehowa Mawu ŋutɔ hã!

‘Wò Agɔdzedzee!’

Ke hã ŋutasẽlawo bua fɔ amesiwo ŋu wòsẽa ŋuta le zi geɖe. Eyata ɖewohĩ èsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ye gbɔe wòtso be yeƒe ŋugbetɔa do dziku nenema gbegbe. Gake ɖewohĩ menye wòe wɔ naneke o. Zi geɖe la, ŋutsu siwo sẽa ŋuta le ame ŋu tsoa aƒe siwo me wobua ŋutasẽnuwɔwɔ kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ be wosɔ le me. * Le dukɔ aɖewo me la, afimatɔwo ƒe agbenɔnɔ si me wobunɛ le be ele be ŋutsuwo naɖu aƒetɔ ɖe nyɔnuwo dzi la kpɔa ŋusẽ ɖe ɖekakpuiwo dzi. Hatiwo hã ate ŋu aƒo nya ɖe ɖekakpui nu be wòaɖe eƒe ŋutsunyenye afia. Esi meka ɖe eɖokui dzi o ta la, nya sia nya si woagblɔ alo nusianu si woawɔ la ana vɔvɔ̃ naɖoe.

Aleke kee nɔnɔmea le o, menye gbɔwòe wòtso be wò ŋugbetɔa nanɔ dziku dom o. Amedzudzu kple ŋutasesẽ menyo gbeɖegbeɖe o.

Wò Nukpɔsusu Tɔtrɔ

Togbɔ be menye gbɔwòe wòtso o hã la, ele be nàɖɔ wò nukpɔsusu ɖo le nya sia ŋu. Le mɔ ka nu? Ne nyɔnuvi nye amesi wonyi le aƒe si me wosẽa ŋuta le ame ŋu hedzua ame le la, ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe eŋu maɖi nu yeye nɛ o. Le esi teƒe be wòalé fu nɔnɔme sia si medze Kristotɔwo o la, ɖewohĩ aɖe mɔ ɖe eŋu—ahabui gɔ̃ hã be nu nyui aɖee. Ẽ, nyɔnu aɖewo siwo ŋu wosẽa ŋuta le la gblɔna be anyinɔnɔ kple ŋutsu siwo ɣesiaɣi ko wowɔa nu tufafatɔe la ƒe nu tia yewo. Ðetugbi bubu aɖewo hã wɔa vodada susuna be yewoate ŋu atrɔ yewoƒe ŋugbetɔa.

Ne nusiawo dometɔ aɖe nye kuxi na wò la, ke ele be ‘nàtrɔ wò nɔnɔme to wò tamesusu wɔwɔ yeyee me’ le go sia me. (Romatɔwo 12:2) Ele be nàbu Yehowa ƒe nukpɔsusu le ŋutasesẽnuwɔwɔ ŋu vevie to gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kple ŋugbledede me ahakpɔe be ŋunyɔnu wònye. Ahiã be nàse egɔme be mele be woawɔ fu wò o. Ðokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme tutu ɖo—nusi màte ŋu awɔ o kpɔkpɔ dze sii—ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze sii be ŋutete mele asiwò be nàtrɔ wò ŋugbetɔ si nye dzikume o. (Mixa 6:8) Eya ŋutɔ ƒe agbae wònye be wòatrɔ!—Galatiatɔwo 6:5.

Le go aɖewo me la, ɖetugbiwo doa dzi le ŋutasẽnuwɔna me le esi wosenɛ le wo ɖokui me be yewonye ame tsɛwo ta. Kathrin si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be: “Nyemenya aleke agbe anɔ nam eya manɔmee o, eye nyemanya amekae aganyo nam wui o.” Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Helga hã gblɔ nya ma tɔgbe ke le eƒe ŋugbetɔ ŋu be: “Meɖea mɔ nɛ wòƒoam elabena enyo wu esi ame aɖeke made nu eme na wò o.”

Ðe nukpɔsusu siawo fia gɔmeɖoanyi nyui hena srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedzea? Le nyateƒe me, ɖe nàte ŋu alɔ̃ ame aɖe ne màte ŋu alɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔ̃ hã oa? (Mateo 19:19) Dze agbagba be nàsrɔ̃ alesi nàde asixɔxɔ ɖokuiwò ŋui. * Dzidodo le ŋutasẽnuwɔna me makpe ɖe ŋuwò be nàwɔ esia o. Abe alesi ɖetugbi si woyɔna be Irena nyae le nusiwo me wòto me ene la, dzidodo le ŋutasẽnuwɔna me ate ŋu awɔe be “màde asixɔxɔ ɖokuiwò ŋu o.”

Lɔlɔ̃ Ðe Nyateƒea Dzi

Asesẽ na ame aɖewo be woalɔ̃ ɖe edzi be yewole ŋugbedodo kadodo manyomanyo me—vevietɔ ne woƒe nu léa dzi na wo nɔewo. Gake mègaŋe aɖaba ƒu nyateƒea dzi o. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Hanna gblɔ be: “Ne ɖekakpuia ƒe nu lé dzi na wò ko la, màgabu naneke ŋu o, eƒe nyuiƒewo ko nànɔ kpɔkpɔm.” Ke hã ne ele ŋuta sẽm le ŋuwò la, ele vevie be amesi ƒomevi tututu wònye la me nakɔ na wò. Eye ne wò ŋugbetɔ doa ŋɔdzi na wò alo doa vlo wò la, ekema nane gblẽ vevie le teƒe aɖe. Mègaŋe aɖaba ƒu wò seselelãme dzi abui be esɔ be wòawɔ nu nenema alo nàbu fɔ ɖokuiwò o. Nuteƒekpɔkpɔ fia be ne womewɔ naneke le ŋutasesẽ le ame ŋu ŋu o la, ɖeko wòava vɔ̃ɖi ɖe edzi. Ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ me nɔnɔ kple dedienɔnɔ ŋu vevie!

Nyateƒee, anyo kura wu boŋ be màgazɔ kple amesi mete ŋu ɖua eɖokui dzi o. (Lododowo 22:24) Eyata ne amesi mènya nyuie o di be yeazɔ kpli wò la, nu nyuitɔ si nàwɔ enye be nànya nane tso amea ŋu. Ðe manyo be nàdo susu ɖa be yewoanya yewo nɔewo gbã le ƒuƒoƒo ƒe hadede me oa? Esia akpe ɖe ŋuwò be nàdze sii le ɣeyiɣi si me eƒe nu mekpɔ lé dzi na wò haɖe o me. Bia nya siwo sɔ abe: Amekawoe nye exɔlɔ̃wo? Hadzidzi, sinima, kɔmpiuta dzi fefe, kple kamedefefe ka ƒomeviwoe dzɔa dzi nɛ? Ðe eƒe dzeɖoɖo fia be etsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo mea? Bia eta se tso amesiwo nyae gbɔ, abe eƒe hamemegãwo ene. Woagblɔe na wò ne ‘woɖia ɖase nyui le eŋu’ le eƒe tsitsi kple mawusosroɖa ta.—Dɔwɔwɔwo 16:2.

Gake nukae nàte ŋu awɔ ne èƒo ɖokuiwò ɖe kadodo si me ŋutasesẽ le xoxo me? Nyati bubu si míagata adzro nya sia me.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 5 Nyati sia dzro amesiwo wodzuna kple amesiwo woƒona ŋu nya me. Wogblɔ nuxlɔ̃amenya siwo ate ŋu akpe ɖe ŋutasẽnuwɔlawo ŋu le nyati siwo nye “Nya Dzetowo Gbɔgblɔ” kple “Anyrawɔwɔ—Nukae Gblẽ le Eŋu?” me le míaƒe November 8, 1996, kple April 8, 1997, ƒe tatawo me.

^ mm. 7 Ke hã be wòanɔ bɔbɔe la, míaƒo nu tso nyɔnu siwo ŋu wosẽa ŋuta le ŋu. Gɔmeɖose si me míedzro le afisia la ku ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu.

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Afisi Busunyagbɔgblɔ Tsona Ðeɖe ɖe Go,” le míaƒe November 8, 1996, ƒe tata me.

^ mm. 20 Kpɔ Questions Young People Ask—Answers That Work, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 12 lia.

[Aɖaka si le axa 32]

Nuxlɔ̃ame Dzesi Aɖewo

▪ Edoa vlo wò, wò ƒometɔwo, alo xɔ̃wòwo ne miawo ɖeɖee li alo mia kple ame bubuwoe li

▪ Zi geɖe la, eŋea aɖaba ƒua wò didi alo wò seselelãmewo dzi

▪ Edzea agbagba be yeafia nusi nàwɔ le go ɖesiaɖe me wò hedina be yeanya afisi nètso ɣeawokatãɣi ahanɔ nyametsotso ɖesiaɖe wɔm na wò

▪ Edoa ɣli ɖe tawò, tutua wò, alo doa ŋɔdzi na wò

▪ Edzea agbagba be yeaƒoe ɖe nuwò be nàɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ si mesɔ o nu

▪ Ɣesiaɣi si nàwɔ nane la, ànɔ dzi tsim be ɖewohĩ yeava ɖia enu

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ðeklemiɖeɖe alo dzudzu madzudzɔmadzudzɔe ate ŋu afia be nane gblẽ le miaƒe zɔzɔa ŋu