Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Akogotsitsi Nu

Tenɔnɔ Ðe Akogotsitsi Nu

Tenɔnɔ Ðe Akogotsitsi Nu

TENƆNƆ ɖe akogotsitsi nu mele bɔbɔe o. Ebia be woanɔ te ɖe seselelãme sesẽwo nu. Aleke woawɔ ate ŋu anɔ te ɖe akogotsitsi nu? Nukae ame aɖewo wɔ be woɖu seselelãme sesẽ sia dzi?

Tenɔnɔ Ðe Akogotsitsi Nu

Helen * dina be ye ɖeɖe yeanɔ anyi ne yele nyametsotso aɖewo wɔm, gake ekpɔe be afɔku ate ŋu anɔ akogotsitsi me. Esime wònɔ ɖevime la, mete ŋu ɖoa dze kple edzilawo o. Esi menya alesi wòawɔ ate ɖe wo ŋu o ta la, etua eɖokui ɖe eƒe xɔme. Egblɔ be: “Nyemegate ŋu ɖua nu ɖe ɖoɖo nu o. Melé blanui ale gbegbe. Megblɔna le tame be: ‘Nukatae matsi dzi ɖe dzinyelawo ŋu esi woawo metsia dzi ɖe ŋunye o?’ Eva susu me nam emegbe be srɔ̃ɖeɖe ate ŋu atsi nye akogotsitsia nu. Medi be maɖe srɔ̃ atsɔ atsi enui. Gake eteƒe medidi o mebia ɖokuinye be, ‘Nukata magblẽ ame bubu ƒe agbe dome? Gbã la, ele be nye ŋutɔ maɖɔ nye tamebubu ɖo!’ Mebia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le gbedodoɖa me, hegblɔ nye dzimaɖitsitsiwo katã nɛ.

“Mekpɔ akɔfanyawo le Biblia me, siwo dometɔ ɖekae nye Yesaya 41:10 me nyawo, si gblɔ be: ‘Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.’ Nya siawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ elabena mese le ɖokuinye me abe amesi si fofo mele o ene. Egbea la mexlẽa Biblia edziedzi eye medoa gbe ɖa na Fofonye si le dziƒo la. Mesrɔ̃ alesi maɖu nye akogotsitsia dzii.”

Ame ƒe ame vevi aɖe ƒe ku naa woléa blanui, eye wòate ŋu ana woatsi akogo. Luisa, si xɔ ƒe 16 ɖe eƒe nuxaxa gblɔ be: “Fofonye ku esi mexɔ ƒe atɔ̃ ko. Meɖo dzi ɖe mamanye ŋu hena akɔfafa, gake nyemese le ɖokuinye me kpɔ gbeɖe be elɔ̃m ale o. Womelɔ̃m tututu le ɖevime si me wòhiã nam ŋutɔ le la o. Le nye ƒe enyi kple ƒe asieke xɔxɔ domee la, mete kpɔ zi etɔ̃ be mawu ɖokuinye. Mesusu be ade nye ƒomea dzi ŋutɔ elabena nɔnye tsoa hloloe be yeadi nuɖuɖu na mía kple daanye etɔ̃awo. Emegbe míeva te hadede kple Yehowa Ðasefowo. Srɔ̃tɔ yeye aɖewo tsɔ ɖe le eme nam vevie. Wogblɔna nam be, ‘Ame vevi aɖee nènye na mí eye míehiã wò.’ Nya siwo wogblɔ be ‘Míehiã wò’ do ŋusẽm ale gbegbe. Ɣeaɖewoɣi la, nyemete ŋu gblɔa nye seselelãme na amewo o, gake ne mexlẽ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me nyatiwo la, medaa akpe na Yehowa ɖe eta elabena to agbalẽ siawo dzi la, mekpɔ be elɔ̃m. Mewɔ tɔtrɔ geɖe. Egbea mete ŋu koa nu, eye mete ŋu gblɔa nye blanuiléle kple nye dzidzɔnyawo na danye. Ɣeaɖewoɣi megaɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo va yi dzi gake meganɔna abe alesi wònɔ esime medi be mawu ɖokuinye alo esime medzudzɔ nuƒoƒo na nye amewo ene o. Meɖoa ŋku nya siwo hakpala Dawid gblɔ dzi ɣesiaɣi, be: “Le nɔvinyewo kple xɔ̃nyewo ta madi ŋutifafa na wò.”—Psalmo 122:8.

Martha kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo ƒe 22 enye esia, esime vi ɖeka nɔ wo si Martha nɔ nyinyim. Egblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o eye metsia akogo ne ewɔ nam be ɖe medo kpo nane wɔwɔ.” Aleke wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe seselelãme siawo nu? Eɖe eme be: “Meva kpɔ be mɔ nyuitɔ si dzi makpɔ egbɔ atoe enye be maƒo nu tso eŋu na Yehowa Mawu enumake. Ne mele gbe dom ɖa la, mekpɔnɛ be nyemetsi akogo o. Yehowa sea nye nyawo me nam wu alesi nye ŋutɔ mese wo mee. Medzea agbagba hã be manya alesi matsɔ ɖe le eme na ame bubuwo hã vevie. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ koŋue nye aʋawɔnu sẽŋu si metsɔ ɖua dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo dzii. Ne èƒo nu na amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe yayrawo ŋu eye nède dzesii be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si o ke boŋ wobua woƒe kuxiwo be wonye nusi anɔ nenema ɖaa la, àkpɔe be susu veviwo li si ta nànɔ agbe ahanɔ avuwɔwɔa dzi ɖo.”

Elba, si xɔ ƒe 93, eye vinyɔnu ɖekɛ si le esi la nye dutanyanyuigblɔla la gblɔ alesi wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe akogotsitsi nu be: “Esi wokpe vinyenyɔnu kple srɔ̃a be woava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku la, mekpɔ be dzidzɔ sɔŋ yɔ woƒe mo, eye mekpɔ dzidzɔ ɖe wo ti. Emegbe esi wode dɔ asi na wo be woaɖasubɔ le duta la, eva nɔ veyem vie. Menya be womagatsɔ ɖe gbɔnye azɔ o eye melé blanui vie. Nɔnɔmea nɔ nam abe Yefta kple vianyɔnu ɖekɛa tɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 11 la ene. Eva hiã be matsɔ aɖatsi ado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe tsɔtsɔke. Vinyeawo biaa tanye sena ɣesiaɣi. Menya be vovo mele wo ŋu o, gake afisiafi si wole subɔsubɔm le la, woŋlɔa agbalẽ nam, hegblɔa woƒe gbeadzisubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔwo nam. Mexlẽa woƒe lɛtawo gaxlẽa wo ake. Enɔna nam ko abe ɖe wole dze ɖom kplim kwasiɖa sia kwasiɖa ene, eye edzɔa dzi nam ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔ hamemegã siwo le míaƒe hamea me naa kpekpeɖeŋu si sɔ ame tsitsiwo kple dɔnɔwo, hekpɔa egbɔ be míekpɔa ʋu ɖona yia hamea ƒe kpekpewo eye wonaa nuhiahiã bubuwo hã mí. Mebua nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu gbɔgbɔ me tɔwo be wonye yayra tso Yehowa gbɔ.”

Wò Hã Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Akogotsitsi Nu

Èɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, tre alo srɔ̃tɔ o, vi si woa kple edzilawoe li alo tsyɔ̃evi o, alo èɖanye amesi ame vevi aɖe ku na alo le akogotsitsi aɖe tɔgbe me tom o, mɔwo li nàto anɔ te ɖe wò seselelãmewo nu. Jocabed, si nye nyɔnuvi ƒe 18 vi si fofo gblẽ woƒe ƒome si me ame ade le ɖi heyi dukɔ bubu me gblɔ be: “Ƒo nu faa! Ele vevie be míagblɔ alesi míesena le mía ɖokui me afia. Ne míekɔ nu le edzi o la, ame aɖeke manya nusi le mía wɔm o.” Eɖo aɖaŋu be: “Dzudzɔ tamebubu fũ le ɖokuiwò ŋu. Di kpekpeɖeŋu tso ame tsitsiwo gbɔ, ke menye tso sɔhɛ siwo ɖewohĩ woƒe nɔnɔmea sẽ wu tɔwo gbɔ o.” Luisa si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Gbedodoɖa tso dzi me na Yehowa kpena ɖe ame ŋu be woado go tso nɔnɔme si me mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame le me. Mawu naa kpekpeɖeŋu si wòhiã be míatsɔ ado le nɔnɔme si míebu be míate ŋu awɔ naneke le o me la ame.” Jorge, amesi srɔ̃nyɔnu ku la gblɔ alesi wòwɔ nɔ te ɖe akogotsitsi nu be: “Dzidodo hiã. Ðetsɔtsɔ le eme na amewo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. ‘Ame ƒe nu ƒe nublanui wɔwɔ na mí’ ne míele dze ɖom kpli wo la ate ŋu ana be kpekpeme nanɔ míaƒe dzeɖoɖoa ŋu eye wòakpe ɖe mía ŋu be míakpɔ nɔnɔme nyui si le ame bubuwo si.”—Petro I, 3:8.

Nu geɖe li woate ŋu awɔ atsɔ atsi akogotsitsi nui. Gake ɖe ɣeyiɣi aɖe ava si akogotsitsi azu gbaɖegbenyaa? Ne ava la, aleke wòadzɔe? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

“Gbedodoɖa tso dzi me na Yehowa kpena ɖe ame ŋu be woado go tso nɔnɔme si me mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame le me.”​—Luisa

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nusi Nàte Ŋu Awɔ le Akogotsitsi Ŋu

▪ Nenɔ susu me na wò be wò nɔnɔmea ate ŋu atrɔ, be manɔ alea ɖaa o, eye be enye nɔnɔme bɔbɔ si me ame bubuwo hã tona.

▪ Mègaɖo dɔ na ɖokuiwò fũ o.

▪ Wò nɔnɔme kple ŋutetewo nedze ŋuwò.

▪ Mla ɖokuiwò nyuie ɖe nu ɖuɖu, kamedede, kple alɔ̃ si sua ame dɔdɔ ŋu.

▪ Zã ɣeyiɣi siwo wò ɖeɖe nèli la ɖe nu yeyewo wɔwɔ kple aɖaŋu yeyewo sɔsrɔ̃ ŋu.

▪ Kpɔ nyuie be màgatsɔ nusiwo me nèto va yi adrɔ̃ ʋɔnu amesiwo nèdoa goe o.

▪ Xɔ̃wòwo kple nɔnɔme tɔxɛ siwo le wo si nanye nu veviwo le ŋkuwòme. Dze agbagba be xɔlɔ̃ nyuiwo nanɔ asiwò. Bia aɖaŋuɖoɖo tso ame tsitsi kpɔnuteƒewo gbɔ.

▪ Wɔ nane na amewo—ko alɔgbɔnui ɖe wo, gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya aɖe na wo, dzro Biblia me nya aɖe me kple wo. Esese le ɖokuiwò me be yehiã na amewo nye akogotsitsi nutsinu vevi aɖe.

▪ Mègana wò dzi naku ɖe sinima alo television dzi fefewɔla gãwo alo amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Internet dzi alo agbalẽwo me ŋu, ahasusu be yeate ŋu ado ka kple wo o.

▪ Ne srɔ̃tɔe nènye la, mègakpɔ mɔ be ye srɔ̃ nakpɔ yeƒe seselelãme nuhiahiãwo katã gbɔ o. Srɔ̃ alesi miawɔ nu aduadu ahalɔ̃ ɖe nya dzi, kple alesi miakpe ɖe mia nɔewo ŋui.

▪ Srɔ̃ alesi nàƒo nu na amewoe, eye nànye toɖola nyui. Wò susu nenɔ ame bubuwo kple woƒe nuhiahiãwo ŋu. Fa tu.

▪ Lɔ̃ ɖe edzi be yetsi akogo, eye nàƒo nu tso eŋu na xɔlɔ̃ nyui tsitsi aɖe si dzi nàte ŋu aka ɖo. Mègamia nu ɖe wò fukpekpewo dzi o.

▪ Tsri ahatsunono, alo mègano ɖeke kura o. Aha metsia kuxi nu o—ne ekɔ le ŋkume na wò la, àgadze ŋgɔe ake.

▪ Tsri dada. Tsɔ amesiwo ɖia nuwò la ƒe agɔdzedzewo ke wo eye nàwɔ nusi nàte ŋui be kadodo nyui nanɔ mia kple wo dome. Mègatsi dzi fũ ne amewo meka ɖe dziwò bliboe o.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Mɔ ka nue woato ate ŋu anɔ te ɖe akogotsitsi nu?