Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O

Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O

Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O

“Ele be dukɔwo katã nawɔ nu aduadu le kadodo kple dɔwɔnawo me ale be woakpɔ egbɔ be amewo katã le lãmesẽ me elabena dukɔ aɖe me tɔwo ƒe lãmesẽ me nɔnɔ ka dukɔ bubu ɖesiaɖe tẽ eye wòɖea vi na wo.”​—ALMA-ATA NUBABLA, SEPTEMBER 12, 1978.

ƑE BLAVE VƆ ATƆ̃ enye esi va yi la, edze abe ɖe woate ŋu ana xexeametɔwo katã nanɔ lãmesẽ me ene. Amesiwo de Lãmesẽnya Vevitɔwo Gbɔkpɔmɔnu Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le Alma-Ata, afisi nye Kazakhstan fifia, la ɖoe kplikpaa be va ɖo ƒe 2000 me la, yewoana woasi dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖiwo ƒe abɔta na ameƒomea me tɔwo katã. Enye woƒe mɔkpɔkpɔ hã be va ɖo ƒe ma me la, nu vevi siwo xexeametɔwo katã hiã hena wo ɖokui gbɔ dzadzraɖo kpakple tsinono nyui asu wo si. Dukɔ siwo katã le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa me de asi nubabla sia te.

Taɖodzinu ma dze kafukafu kpem, gake nusiwo kplɔe ɖo mede dzi ƒo o. Xexeametɔwo katã mele lãmesẽ me o, eye ame biliɔn geɖe le xexeame gale dɔxɔleameŋuwo xɔm kokoko. Eye ɖeviwo kple ame tsitsi siwo le agbe gɔme dzem fifiae dɔ vɔ̃ɖi mawo lɔ̃a wuwu.

Dɔvɔ̃ etɔ̃ siwo nye AIDS, yɔmekpe, kple asrã ƒe ŋɔdzi kura gɔ̃ hã mena dukɔwo ‘wɔ nu aduadu le kadodo me’ o. Xexeame Katã ƒe Gakpɔkpɔ na AIDS, Yɔmekpe Kple Asrã Dada ƒe habɔbɔ si woɖo yeyee la bia tso dziɖuɖuwo si be woana dɔlar biliɔn 13 ale be woakpe asi ɖe dɔvɔ̃ siawo nutsitsi ŋu. Vaseɖe ƒe 2002 ƒe dzomeŋɔli la, dɔlar biliɔn 2 kple nu vi aɖe koe wona—evɔ le ƒe ma ke me la, wobu akɔnta be ga si wozã ɖe asrafonyawo ya ŋu aɖo dɔlar biliɔn 700! Ewɔ nublanui ŋutɔ be le xexe sia si me mama le egbea me la, ŋɔdzinu ʋɛ aɖewo koe te ŋu naa dukɔwo wɔa ɖeka ɖe nusi aɖe vi na amesiame wɔwɔ ŋu.

Togbɔ be susu nyui ye le lãmesẽnyawo gbɔkpɔlawo si hã la, wodoa go mɔxeɖenu geɖe le aʋa si woho ɖe dɔxɔleameŋuwo ŋu me. Ete ŋu dzɔna be dziɖuɖuwo menaa ga si asu la o. Atike geɖe megale dɔlékui geɖewo wum o, eye amewo ayi edzi anɔ agbe si ana woaxɔ dɔ la nɔm. Gawu la, kuxi siwo bɔ ɖe teƒe aɖewo, abe ahedada, aʋawɔwɔ, kple dɔwuame ene naa ame miliɔn geɖe te ŋu xɔa dɔlékuiawo bɔbɔe.

Mawu Tsɔ Ðe Le Míaƒe Lãmesẽ Me

Gake egbɔkpɔnu li. Kpeɖodzi siwo dze kɔte li be Yehowa Mawu tsɔ ɖe le ameƒomea ƒe lãmesẽnyawo me vevie. Dɔlélenutsiŋutete si le míaƒe ŋutilã si nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be etsɔ ɖe le eme. Se siwo Yehowa de na Israel le blema la dometɔ geɖe ɖee fia be edi be yeakpɔ wo ta tso dɔxɔleameŋuwo me. *

Yesu Kristo, amesi wɔ nu abe Fofoa si le dziƒo ene la hã se veve ɖe dɔnɔwo nu. Marko ƒe Nyanyuia gblɔ be Yesu do go ŋutsu aɖe si ŋu anyidɔ le. Anyidzelaa gblɔ be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ŋutsua ŋu ale gbegbe esi wòkpɔ alesi wònɔ veve sem henɔ fu kpemee. Yesu ɖo eŋu be: “Melɔ̃ ŋutiwò nakɔ!”—Marko 1:40, 41.

Menye ame ʋɛ aɖewo koe Yesu da dɔ na nukutɔe o. Nyanyuiŋlɔla Mateo ŋlɔe ɖi be Yesu ‘yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiam eye wòle gbeƒã ɖem fiaɖuƒea ƒe nyanyuia, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.’ (Mateo 4:23) Menye Yudea kple Galilea dɔnɔwo koe wòda dɔ na o. Dɔdada siawo na míekpɔ alesi dɔléle ƒomeviwo katã nu ayii mlɔeba ne Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Yesu ɖe gbeƒãe la le ameƒomea dzi ɖum tsitretsiɖeŋu aɖeke manɔmee.

Xexeametɔwo Katã ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ Menye Drɔ̃eƒenya O

Biblia ka ɖe edzi na mí be menye nusi mate ŋu adzɔ o ye wònye be xexeametɔwo katã nanɔ lãmesẽ me o. Apostolo Yohanes kpɔ ɣeyiɣi si me ‘Mawu ƒe agbadɔ anɔ ameƒomea gbɔ’ la do ŋgɔ. Nusi ado tso Mawu ƒe nuwɔna sia mee nye be “ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Numevivinyae nya sia nyea? Le kpukpui si kplɔe ɖo me la, Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Ele eme baa be hafi woaɖe dɔléle ɖa la, ebia be woaɖe ahedada, dɔwuame, kple aʋawɔwɔ hã ɖa, elabena kuxi siawo kple dɔlékuiwoe zɔna aduadu. Eyata Yehowa tsɔ dɔ gã sia de asi na eƒe Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu si ƒe Fiae nye Kristo. Dziɖuɖu sia ava wòanye gbe si ame miliɔn geɖe dona ɖa vevie la ƒe ŋuɖoɖo, eye akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.—Mateo 6:9, 10.

Ɣekaɣie míate ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava? Esi Yesu nɔ nya ma ŋu ɖom la, egblɔe ɖi be nu ɖedzesi aɖewo adzɔ le xexeame siwo anye dzesi afia be Fiaɖuƒea aɖe afɔ kpuie. Egblɔ be dzesi siawo dometɔ ɖeka anye ‘dɔvɔ̃ siwo ava teƒeteƒewo.’ (Luka 21:10, 11; Mateo 24:3, 7) Helagbe me nya si wozã na “dɔvɔ̃” la fia “dɔxɔleameŋu wuame ɖesiaɖe.” Ðikekemanɔmee la, dɔvɔ̃ dziŋɔwo to le ƒe alafa 20 lia me, togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le atikeŋutinunya me hã.—Kpɔ aɖaka si nye “Amesiwo Dɔvɔ̃wo Wu tso Ƒe 1914 Me.”

Nyagblɔɖi aɖe si sɔ kple nya siwo Yesu gblɔ le Nyanyuiawo me si dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒo nu tso sɔdola gbogbo aɖe siwo kplɔ Yesu Kristo ɖo esime wòxɔ ŋusẽ le dziƒo ŋu. Sɔdola enelia do “sɔ hẽ aɖe,” eye ‘dɔvɔ̃ wuamewo’ kplɔe ɖo. (Nyaɖeɖefia 6:2, 4, 5, 8) Ŋkuléle ɖe ame agbɔsɔsɔme si dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖiwo wu tso ƒe 1914 me ŋu ɖo kpe edzi be kpɔɖeŋu sɔdola sia le sɔ dom vavã. ‘Dɔvɔ̃ wuame’ siwo le totom le xexeame godoo la nye kpeɖodzi bubu be Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava gogo. *Marko 13:29.

Togbɔ be atikewɔlawo dze agbagba na dɔxɔleameŋuwo ƒe kaka dzi ɖe kpɔtɔ le ƒe ʋɛ aɖewo me hã la, dɔxɔleameŋu yeyewo gale totom hele ŋɔdzi dom na mí. Eyata eme kɔ be míehiã ŋusẽ aɖe si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu be wòakpɔ kuxia gbɔ na mí keŋkeŋ. Mía Wɔla la do ŋugbe be nu ma tututue yeawɔ. Nyagblɔɖila Yesaya ka ɖe edzi na mí be le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Gakpe ɖe eŋu la, “[Mawu] ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yesaya 25:8; 33:22, 24) Ne ɣemaɣi ɖo la, dɔlélewo nu ayi tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Mɔfiamewo le Mose ƒe Sea me ku ɖe nugbegblẽwo tsɔtsɔƒugbe, ameɖokuigbɔdzadzraɖo, dzadzɛnyenye, kple dɔnɔ ɖeɖeɖeaga ŋu. Ðk. H. O. Philips gblɔ be “nya vevi siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ kple vidzidzi ŋu, dɔléle dodokpɔ, dɔdada, kple nusiwo woawɔ atsɔ axe mɔ ɖe enu siwo wogblɔ ɖe Biblia me la de ŋgɔ sã eye kakaɖedzi le wo ŋu wu Hippocrates ƒe nufiafiawo.”

^ mm. 15 Hena numedzodzro le nu bubu siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea gogo ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 11 lia.

[Aɖaka si le axa 28]

Amesiwo Dɔvɔ̃wo Wu tso Ƒe 1914 Me

Xexlẽme siwo woyɔ le akɔntabubu sia me nye ame alesinu wosusu be wotsi eme. Ke hã woɖe alesi gbegbe dɔvɔ̃wo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu tso keke ƒe 1914 mee fia.

Sakpate (ame miliɔn 300 va ɖo miliɔn 500) Atike siwo katã wokpɔ ɖe sakpate ŋu mete ŋu dae o. Mlɔeba xexeame katã ƒe abɔtasiɖoɖo aɖe va kpɔ dzidzedze le dɔlélea ɖeɖeɖa kura me le ƒe 1980 me.

Yɔmekpe (ame miliɔn 100 va ɖo miliɔn 150) Yɔmekpe nye dɔ si wua amesiwo ade miliɔn eve kloe ƒe sia ƒe fifia, eye le xexeame godoo la, yɔmekpe dɔlékuia le ame 1 le 3 ɖesiaɖe kloe ŋu.

Asrã (ame miliɔn 80 va ɖo miliɔn 120) Le ƒe alafa 20 lia ƒe akpa gbãtɔ me la, asrãdɔ wua amesiwo anɔ abe miliɔn eve ene ƒe sia ƒe. Teƒe si asrãdɔ le ame wum le fifia wu enye Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe, eye amesiwo wu miliɔn ɖekae wòwuna ƒe sia ƒe.

Spaintɔwo ƒe dzamezã (ame miliɔn 20 va ɖo miliɔn 30) Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be amesiwo dɔvɔ̃ sia wu la sɔ gbɔ boo wu xexlẽme sia. Dɔvɔ̃ wuame sia to le xexeame le ƒe 1918 kple ƒe 1919 me, le xexemeʋa gbãtɔ megbe teti. Agbalẽ si nye Man and Microbes gblɔ be: “Axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃ kura gɔ̃ hã mewu ame geɖe kabakaba nenema gbegbe o.”

Typhus (ame abe miliɔn 20 ene) Enye dɔ si nudzodzoewo kakana si gblẽa nu le ʋukawo ŋu ale be ʋu ɖuɖuna ɖe lãme na ame eye wòhea tave, ŋuifieame kple dɔ bubuwo vɛ. Zi geɖe la, aʋawɔwɔ megbee wòtona; xexemeʋa gbãtɔ he dɔ sia si gblẽ nu le dukɔ geɖe ŋu le Ɣedzeƒe Europa vɛ.

AIDS (amesiwo wu miliɔn 20) Míaƒe ɣeyiɣia me dɔvɔ̃ sia wua ame miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ si kpɔa AIDS ƒe nyawo gbɔ ɖee fia be “ne womedze agbagba vevie xe mɔ ɖe dɔ sia nu hewɔa atike na elélawo o la, ekema ame miliɔn 68 aku . . . le ƒe 2000 kple 2020 domee.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, dɔléle siawo tɔgbe maganye ŋɔdzi na amewo azɔ o

AIDS

Asrã

Yɔmekpe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AIDS: CDC; asrã: CDC/Dr. Melvin; Yɔmekpe: © 2003 Dennis Kunkel Microscopy, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yesu da dɔléle kple lãmegbegblẽ ƒomeviwo katã