Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðo Ŋku Wɔwòla Dzi”

“Ðo Ŋku Wɔwòla Dzi”

“Ðo Ŋku Wɔwòla Dzi”

“Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—Nyagblɔla 12:1.

NYA wɔdɔɖeamedzi aɖe le mawunyakpukpui sia me. Sɔhɛmenɔɣi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖeka pɛ koe le asiwò. Emegbe àva ɖo ŋku wò ƒewuimenɔɣi dzi le dzidzɔ kple dzidzeme me loo alo le vevesese gã aɖe me. Kae wòava nye na wò? Aleke nàkpɔ ɖokuiwò ta be wòava eme na wò alesi nèdii?

Biblia xlɔ̃ nu be, “Ðo ŋku wɔwòla dzi” abe alesi míeŋlɔe ɖe etamee ene. Aleke nàwɔe? To Mawu ƒe se kple gɔmeɖose siwo woŋlɔ ɖe eƒe Nya Biblia me dzi wɔwɔ mee. Ao, menye ɖe esia fia be nànɔ agbe abe subɔsubɔ me zazɛ̃nyahela siwo wɔa fu wo ɖokui ene ahate dzidzɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe ɖokuiwò o. Ke boŋ Wɔwòla si dzi nàɖo ŋkui la ana nàkpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake. Nukatae wònye nyateƒe?

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wona ʋu kple ʋukuku ƒe mɔɖegbalẽ wò. Ablɔɖe yeye dodzidzɔname aɖe le ŋgɔwò, si ate ŋu ahe dzidzɔ gã aɖe vɛ na wò. Wò ya bu teƒe siwo nàte ŋu ayi ŋu kpɔ ko! Ke hã ŋudzɔnɔnɔ ƒe agbanɔamedzi aɖe kpe ɖe wò ablɔɖe yeye la ŋu. Ele be nàwɔ ɖe ʋukusewo dzi ahanɔ ŋudzɔ ɖe ʋukulawo ƒe dzesiwo, teƒe siwo medze be woaku ʋu le sesĩe wòagbɔ seɖoƒe si woɖo ŋu o, kple nuxlɔ̃amedzesi bubuwo ŋu. Ðe agbanɔamedzi sia ɖe dzidzɔ si nàkpɔ le ʋua kuku me dzi kpɔtɔa? Mele nenema kura o! Le nyateƒe me la, takpɔnu boŋue wònye. Dzidzɔ aɖeke mele afɔkudzedze me o ɖe, alo?

Alea ke wòle le ablɔɖe si Wɔwòla Yehowa Mawu na wò la gome. Esi nèle tsitsim la, eɖea mɔ na wò be nàtia alesi nàzã wò agbee. (Mose V, 30:19; Lododowo 27:11) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi wònye! Gake agbanɔamedzi gã aɖe kpe ɖe ablɔɖe ma ŋu. Yehowa ŋlɔ nusi míayɔ be eƒe ‘ʋukuɖoɖo’—si nye dzidzenu siwo dzi wòdi be nànɔ agbe ɖo—ɖe eƒe Nya la me. Ðe dzidzenu siawo xea mɔ na wò dzidzɔkpɔkpɔa? Gbeɖe! Ðe eteƒe la, wokpɔa tawò tso dzigbagbã kple vevesese nya siwo dzɔna ɖe sɔhɛ geɖewo dzi egbea me.

Federico si xɔ wu ƒe 30 vie fifia dze si nya sia ƒe nyateƒenyenye. Abe ɖekakpui ene la, ekpɔ eƒe sukuhatiwo nɔ wo ɖokui ƒom ɖe wɔna ƒomevi ɖesiaɖe si wònya be ele be yeaƒo asa na me. Egblɔ be: “Edze abe ɖe wonɔ vivi sem ene gake nyemebui kpɔ gbeɖe be dzidzɔ vavãe wònye kpɔm wonɔ o.” Ne Federico ɖo ŋku ɣemaɣi dzi la, dzi dzɔnɛ be Biblia ƒe dzidzenuwo fia mɔ ye le yeƒe ƒewuiwo me. Egblɔ be: “Vavãe, kuxiwo nɔ ŋunye abe ɖekakpui bubuwo ene be makpe akɔ kplii. Gake le nyateƒe me la, Biblia kpɔ tanye. Eye mekpɔa hati Kristotɔ aɖe si kpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi. Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na mekpɔ dzidzɔ gã si wu gbɔgblɔ!”

Yehowa Mawu di be nàkpɔ dzidzɔ—dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. Esia de ŋgɔ sasasã wu alakpa vivisese si nye nutsyɔtsyɔ nɔnɔme wɔnublanui dzi ko. Biblia gblɔ be: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime.” Gake mawunyakpukpui sia ke yi edzi xlɔ̃ nu be: “Nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.”—Nyagblɔla 11:9.

Ðo ŋku Wɔwòla dzi to ablɔɖe si wòna wò la ŋudɔwɔwɔ nyuie me. Ne èwɔe alea la, dzi nenɔ ƒowò be Wɔwòla hã aɖo ŋku dziwò eye wòana nàkpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake si nàte ŋu asusu. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.”—Lododowo 10:22.

Be woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woanɔ te ɖe ƒewuime dodokpɔwo nu la, Yehowa Ðasefowo ta axa 320-gbalẽ si wona ŋkɔe be Questions Young People Ask . . . Answers That Work. Vaseɖe fifia la, wota agbalẽ sia ɖekaɖeka miliɔn 34 sɔŋ ɖe gbegbɔgblɔ 77 me. Àte ŋu akpɔ ɖe ne èbia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me.—g04 7/8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Nusiwo Akpe Ðe Ŋuwò le Wò Ƒewuiwo Me

Gbɔ dzi ɖi nàxlẽ Mawu ƒe Nya la

Ƒo ɖokuiwò ɖe subɔsubɔdɔa me

Tsri hadede vɔ̃wo

Na mia kple dziwòlawo dome nanɔ kplikplikpli

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Agbalẽ gbadza la ƒe akpa: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.