Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Nye Ŋugbetɔ Nadzudzɔ Ŋutasesẽ le Ŋunye?

Aleke Mawɔ Nye Ŋugbetɔ Nadzudzɔ Ŋutasesẽ le Ŋunye?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Nye Ŋugbetɔ Nadzudzɔ Ŋutasesẽ le Ŋunye?

“Nye ŋugbetɔ ƒom zi gbãtɔ egbea. Eɖe kuku nam, gake nyemenya nusi mawɔ o.”—Stella. *

NYATI aɖe si wota ɖe The Journal of the American Medical Association me gblɔ be: “Nyɔnuvi sukuvi siwo ade ame 1 le 5 ɖesiaɖe me gblɔ be yewoƒe ŋugbetɔwo ƒo yewo madzemadzee eye/alo wodɔ yewo gbɔ esi menye yewoƒe didi hafi o.” Le numekuku aɖe si wowɔ le Germany ku ɖe sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 17 va ɖo ƒe 20 ŋu me la, nyɔnuviawo ƒe akpa enelia kple edzivɔ gblɔ be ŋutsu aɖewo te kpɔ to ŋutasẽnuwɔna, nyaƒoɖeamenu sesẽwo, atikevɔ̃ɖizazã, alo aha sesẽ zazã me dɔ yewo gbɔ togbɔ be menye yewoƒe didi wònye o hã. Eye le numekuku bubu si wowɔ le United States me la, ƒewuivi siwo wobia gbee dometɔ 40 le alafa me gblɔ be yewosea sukuviwo “gblɔa nya vevewo na amesi wonɔ zɔzɔm kplii.” *

Sɔhɛ si le ɖoɖo wɔm be yeaɖe amesi dzunɛ alo wóna ɖe eta alo doa vloe, tutunɛ, alo ƒoa tome nɛ ye nènyea? Nyati sia tɔgbe si míeta do ŋgɔ la ɖee fia be ŋutasẽnuwɔna sia bɔ ale gbegbe. * Eyi edzi ɖee fia be Yehowa Mawu meda asi ɖe nya veve gbɔgblɔ ɖe ame ŋu alo ŋutasesẽ le ame ŋu ƒe nuwɔna dzi o eye be mele be amesiwo ŋu wole nusiawo wɔm ɖo la nalɔ̃ ɖe agbenɔnɔ vɔ̃ɖi siawo dzi ahabui be esɔ alo enye yewoƒe agɔdzedze o. (Efesotɔwo 4:31) Togbɔ be ele alea hã la, nusi woawɔ nyanya menɔa bɔbɔe o. Lɔlɔ̃ sẽŋu aɖe akpɔtɔ anɔ mewò na wò ŋugbetɔa kokoko—togbɔ be mewɔa nu ɖe ŋuwò nyuie o hã. Alo gawu la, ànɔ vɔvɔ̃m na alesi wòava wɔ nui ne èɖe vodada nɛ. Nukae wòle be nàwɔ?

Bu Wò Nɔnɔmea Ŋu Kpɔ Nyuie

Gbã la, ele be nàdze akɔ anyi abu nusi dzɔ la ŋu nazãmabumabui. (Nyagblɔla 2:14) Ðe wòdzua wò ŋutɔŋutɔ nyateƒea? Tame vɔ̃ koŋue wò ŋugbetɔa ɖoa, alo ‘nuƒoƒo nuŋumabumabutɔe’ koe wònyea? (Lododowo 12:18) Zi nenie nusia dzɔ? Ðe wònye nudzɔdzɔ ɖeka aɖe si dzi nàte ŋu aŋe aɖaba aƒuia? Alo ɖe wòzu numame nɛ be eɖia gbɔ wò alo dzua wò ɣesiaɣia?

Ne mèka ɖe wò seselelãmewo dzi le go sia me o la, gblɔe na ame aɖe—menye hatiwò bubu o ke boŋ ame aɖe si tsi wu wò si ƒe nunya de ŋgɔ wu tɔwò. Ðewohĩ àte ŋu agblɔe na dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi aɖe. Numedzodzro sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nenye wòe le dzi tsim akpa alo kuxi sesẽ aɖe ŋutɔŋutɔe wònye.

Ne vɔvɔ̃ aɖeke mele eŋu o la, wɔ ɖoɖo be nàdzro eme kple wò ŋugbetɔa. (Lododowo 25:9) Tsɔ tufafa gblɔ alesi eƒe nuwɔna nana nèsena le ɖokuiwò me nɛ. Gblɔ agɔ si wòdze le dziwò nɛ tẽ. Na wòanya nusiwo tututu wɔwɔ ŋu màɖe mɔ ɖo o. Aleke wòwɔa nui ne ègblɔe nɛ? Ðe wòŋea aɖaba ƒua wò nyawo dzi alo doa dziku ɖe edzia? Nusiawo dometɔ aɖe wɔwɔ ana eme nakɔ na wò nyuie be medi be yeatrɔ o.

Ke ne eɖe mawuvɔvɔ̃ me ɖokuibɔbɔ kple vevesese vavã fia ɖe nu gbegblẽ si wòwɔ ta ŋu ɖe? Ne ele alea la, ekema miate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeŋugbedodoa ta. Ke hã ele be nàkpɔ nyuie! Zi geɖe la, amedzulawo gblɔa numevivinyawo abe ɖe wose veve ɖe nusi wowɔ ɖe ame ŋu ta ene—gake kaka nàkpɔ ko wogagblɔa nya veve mawo ke ne dzi ku wo. Ne atrɔ vavã la ava dze le ɣeyiɣi aɖe megbe. Dzesi nyui siwo afia alesi gbegbe wòɖoe be yeawɔ tɔtrɔ dometɔ ɖekae nye alesi wòadi be Kristotɔ hamemegãwo nakpe ɖe ye ŋu.—Yakobo 5:14-16.

Nyae be “[ame]wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Aleke ke nàdii o, màke ɖe ame deblibo aɖeke ŋu akpɔ gbeɖegbeɖe o. Srɔ̃tɔwo katã akpɔ ‘xaxa aɖe le ŋutilã me’ godoo le blibomademade ta. (Korintotɔwo I, 7:28) Mlɔeba la, ele be nàkpɔe ɖa ne eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔawo nye nusiwo ƒe dzi anya do na wò. Le afisia hã la, esinukpɔkpɔ sẽ hafi awɔ nyametsotsoa ye nye nyuitɔ.

Ne Ŋutasẽnuwɔwɔ Ge Ðe Eme

Ke hã enye nya bubu kura ne busunyagbɔgblɔ alo ŋɔdzidonamenyawo alo ŋutasesẽnuwɔna kpe ɖe nya vevea gbɔgblɔ ŋu—ɖewohĩ etutua wò loo alo eƒoa tome na wò. Esia fia ɖokuidzimaɖumaɖu si me afɔku le; nuwo ate ŋu agblẽ ɖe edzi ahazu ŋutasẽnuwɔwɔ si vɔ̃ɖi wu gɔ̃ hã.

Gbã la, nu nyuitɔ si wòle be ŋugbetɔ siwo mekpɔ ɖe wo nɔewo haɖe o nawɔe nye be woaƒo asa na woawo ɖeɖe ƒe teƒe si sa ɖe aga nɔnɔ. Gake ne le nɔnɔme aɖe me wòva dzɔ be mia kple ŋutsu dɔmedzoetɔ aɖe mieva le teƒe ɖeka la, ‘mègaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o.’ (Romatɔwo 12:17) Ðo ŋku edzi be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Wò dzi nefa. Gblɔ nɛ be yedi be yeayi aƒeme. Ne ehiã la, dzo—alo nàsi dzo—le egbɔ!

Nukae nyɔnu ate ŋu awɔ ne ŋutsu aɖe be yeazi edzi adɔ kplii? Le nyateƒe me la, nu nyuitɔ si wòle be ŋugbetɔwo nawɔ esime wote zɔzɔ kple wo nɔewoe nye be woaɖo seɖoƒe siwo me kɔ kɔte le lɔlɔ̃ɖeɖefia wo nɔewo me. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Ne ɖekakpui le eƒom ɖe ɖetugbi nu be wòada le Biblia ƒe gomeɖosewo dzi la, ele be ɖetugbia nana eme nakɔ nɛ nyuie kple gbeteteɖedzi be yemalɔ̃ ɖe edzi nɛ o. (Mose I, 39:7-13) Anne, amesi na ta le nyaƒoɖeamenu sia me ɖo aɖaŋu be: “Mègana ta o. De bubu ɖokuiwò ŋu. Aleke ke nèɖalɔ̃ ameae o, taflatse mègawɔ vodada sia o!” Ne egbe be yemaɖo to wò o la, gblɔ nɛ be yeabu nusi wòayi edzi awɔ la ame gbɔdɔdɔ sesẽe. Ne egale edzi kokoko la, do ɣli be woava xɔ na wò eye nàdze agbagba be nàxe mɔ ɖee abe alesi nàxe mɔ ɖe amesiwo dɔa ame gbɔ sesẽe ene. *

Le go eve siaa me la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 22:24 la sɔ be: “Megade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mia kple dzikutɔ migado ka o.” Menye dzizizie wònye na wò be nànɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo si me ŋutasesẽ le me o. Edze ƒã be anye nusi me nunya manɔ o be wò ɖeɖe nàyi aɖakpɔ ŋutsu si sẽa ŋuta le ŋuwò be miaklã. Anɔ eme be afɔ nyuitɔ si nàɖee nye be nàna dziwòlawo nanya nusi dzɔ. Le dzɔdzɔme nu la, dzi aku wo le nu gbegblẽ si wowɔ ɖe ŋuwò ta. Gake woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya afɔ bubu siwo wòle be nàɖe. *

Agbagbadzedze be Yeatrɔe

Aleke ke wòɖale o, menye wò dɔe wònye be nàtrɔ wò ŋugbetɔ la o. Irena ʋu eme be: “Awɔ na wò be yelɔ̃e, eye yeate ŋu akpɔ nuwo gbɔ ahakpe ɖe eŋu. Gake menye nusi nàte awɔ ye o.” Nadine hã ʋu eme be: “Ewɔna nam ɣesiaɣi be mate ŋu atrɔe.” Nyateƒe lae nye be eya ŋutɔ koe ate ŋu atrɔ ‘ahawɔ eƒe tamesusu yeyee.’ (Romatɔwo 12:2) Eye ewɔwɔ alea anye nu sesẽ aɖe si axɔ ɣeyiɣi.

Eyata ɖoe kplikpaa be yematrɔ susu o, eye nàku to ɖe eƒe agbagba ɖesiaɖe si wòadze be yeable nuwò me. Dze agbagba be yeaƒo asa nɛ alesi nàte ŋui—be eƒe nu nagava tame na wò alo miado go o. Mègaɖe mɔ nɛ be wòable nuwò, aɖe kuku na wò, alo ado ŋɔdzi na wò be yewoayi edzi ko o. Esi Irena kple eƒe ŋugbetɔ si sẽa ŋuta le eŋu dome klã la, ŋutsuvia do ŋɔdzi nɛ be ke ɖeko yeawu ye ɖokui. Eme kɔ ƒã be amesia hiã kpekpeɖeŋu, gake menye kpekpeɖeŋue wòhiã o. Mɔ nyuitɔ si nu nàte ŋu akpe ɖe eŋu le ye nye be nàtsi tre ɖe agbenɔnɔ si medze Kristotɔ o ŋu. Ne edi be yeatrɔ la, ate ŋu adi kpekpeɖeŋu faa.

Gake ame aɖewo susunɛ be yewo nɔewo ɖeɖe akpɔ kuxiawo gbɔ. Numekula aɖe gblɔ be: “Eva wɔa moyaa na nyɔnu alo ŋutsu siwo ɖea woƒe ŋugbetɔ siwo sẽa ŋuta le wo ŋu zi geɖe be ŋutasesẽa metɔa te o. Ame geɖewo xɔ nyakpakpa si nye be ne wonya ɖe srɔ̃ le se nu ko la, kuxiawo katã nu yina la dzi se. Mègaxɔe se o.” Nya lae enye be ele bɔbɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ si gɔme wodze le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me nayi dzi le srɔ̃ɖeɖea me.

Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Mele bɔbɔe be mia kple amesi nèlɔ̃na dome naklã ya o. Gake srɔ̃ɖeɖe si me wosẽa ŋuta le ame ŋu le me nɔnɔ sesẽ wu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mele be nàvɔ̃ be yemava kpɔ ŋutsu nyui aɖe gbeɖe o. Nugɔmesese deto si su asiwò la akpe ɖe ŋuwò be wòanɔ bɔbɔe na wò wu be fifia nàdi ame aɖe si fa tu, si ƒe dɔme fa, eye wòɖua eɖokui dzi.

Gbedada le Dzigbãname Ŋu

Egblẽa nu le ame ŋu ŋutɔ ne ènye amesi ŋu wosẽa ŋuta le. Mary, amesi ŋu wosẽ ŋuta le, ɖo aɖaŋu be: “Di kpekpeɖeŋu—gblɔe na ame aɖe enumake. Mesusu be mate ŋu akpɔ kuxia gbɔ le ɖokuinye si, gake nukɔkɔ le edzi ye kpe ɖe ŋunye.” Ƒo nu tso eŋu na dziwòlawo, xɔlɔ̃ tsitsi si dzi nèka ɖo, alo Kristotɔ hamemegã aɖe. *

Ame aɖewo kpɔ be ekpena ɖe yewo ŋu ne yewoƒo yewo ɖokui ɖe agbalẽ nyuiwo xexlẽ, gomekpɔkpɔ le kamedefefe, kple modzakaɖeɖe nyuiwo me. Irena ɖo ŋku edzi na mí be: “Nu vevitɔwoe nye Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede.”

Eme kɔ ƒã be Yehowa meda asi ɖe nya vevewo gbɔgblɔ alo ŋutasesẽnuwɔnawo dzi o. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ɖokuiwò ta tso ŋutasesẽ me.—g04 6/22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 4 Togbɔ be amesiwo ŋu wogblɔa nya veve ɖo alo wosẽa ŋuta le ate ŋu anye ŋutsu alo nyɔnu hã la, United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Enuléle Dɔwɔƒe gblɔ be “nyɔnuwo koŋue nye amesiwo wowɔa nuvevii wu.” Aleke kee wòɖale o, be nya la me nanya se bɔbɔe ta míazã ŋutsuwo abe amesiwo sẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu ene le nyati sia me.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukatae Wòsẽa Ŋuta le Ŋunye Alea?” si le June 8, 2004, ƒe Nyɔ! me.

^ mm. 15 Nyatakaka si ku ɖe mɔxexe ɖe amesiwo dɔa ame gbɔ sesẽe ŋu dze le May 8, 1993, ƒe Nyɔ! me.

^ mm. 16 Le go aɖewo, abe esiwo me woate kpɔ be woadɔ gbɔwò sesẽe le me ene la, dziwòlawo ate ŋu aɖoe be yewoaɖagblɔe na kpovitɔwo. Esia ate ŋu akpɔ nyɔnuvi bubuwo ta be nu gbegblẽ ma tɔgbe ke magadzɔ ɖe woawo hã dzi o.

^ mm. 23 Le dzigbãnya aɖewo siwo nu sẽ ŋutɔ me la, ame aɖewo aɖo be ɖɔkta alo atikewɔla si nye tagbɔdɔdala nakpɔ yewo gbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ele bɔbɔe be ŋutasesẽnuwɔwɔ si gɔme wodze le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me nayi dzi le srɔ̃ɖeɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mègana woazi dziwò be nàɖe lɔlɔ̃ si mesɔ o afia o