Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

Alesi Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

Alesi Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

WOGBLƆ nya ʋãme aɖe si nye, “Vidzidzi mesesẽ o, vifofo nyui nyenyee nye nya la” tsɔ dze Economist magazine me nyati aɖe si ƒo nu tso alesi ƒomegbenɔnɔ me le gbegblẽmee gɔme.

Togbɔ be nu geɖe le agbe me wɔwɔ sesẽ hã la, sesẽtɔwo kekeake—kple vevitɔwo kekeake—dometɔ ɖekae nye vifofo nyui nyenye. Ele be vifofo ɖesiaɖe nadi be yeanye vifofo nyui elabena ekpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe eƒe ƒomea ƒe nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ alo eƒe gbegblẽ kple vevesese dzi.

Nusita Mele Bɔbɔe O

Ne míagblɔe kpuie ko la, susu vevi aɖe si ta vifofo nyui nyenye mele bɔbɔe o ye nye blibomademade ƒe dome si míenyi—dzilawo ƒe blibomademade kple ɖeviawo siaa tɔ. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (Mose I, 8:21) Eyata Biblia-ŋlɔla aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Vodada me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.” (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Menye didi be míawɔ nu gbegblẽ le nuvɔ̃ ƒe dome si míenyi ta koe nye mɔxenu si naa vifofo nyui nyenye nyea nu sesẽ o.

Xexe sia me, alo nuɖoanyi sia, hã nye mɔxenu gã aɖe. Nukatae? Eyae nye be, abe alesi Biblia ɖe emee ene la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me,” eye vɔ̃ɖitɔ siae nye ‘amesi woyɔna be Abosam kple Satana.’ Biblia yɔ Satana be “xexe sia me mawu” hã. Eyata mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be ye yomedzelawo ‘meganye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ abe alesi ye ŋutɔ yemenye eƒe akpa aɖeke o ene!—Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9; Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes 17:16.

Nusi hiã vevie le vifofo nyui nyenye mee nye be míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi ɖe blibomademade si ƒe dome míenyi, Satana Abosam, kple xexeme si le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ŋu. Menye nususukpɔwo koe mɔxenu siawo nye o. Wonye nuwo li ŋutɔŋutɔ! Gake afika nàte ŋu asrɔ̃ alesi nàwɔ aʋa kple mɔxenu siawo le bene nàzu vifofo nyui?

Eƒe Kpɔɖeŋu Siwo Mawu Ðo Ði

Vifofo ate ŋu azã Biblia atsɔ akpɔ kuxi siwo míeyɔ va yi la gbɔe. Woŋlɔ kpɔɖeŋu nyui geɖewo ɖe eme. Yesu yɔ amesi nye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖola esi wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be ‘Mía Fofo si le dziƒowo.’ Le nuƒoƒo tso amesi ƒomevi mía Fofo si le dziƒo nye ŋu me la, Biblia gblɔ kpuie ko le eŋu be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” Aleke wòle be vifofo si nye amegbetɔ nawɔ le lɔlɔ̃ kpɔɖeŋu sia ŋu? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.”—Mateo 6:9, 10; Yohanes I, 4:8; Efesotɔwo 5:1, 2.

Ne vifofoe nènye la, ekema kpɔe ɖa be nukae yeate ŋu asrɔ̃ atso alesi Mawu wɔa nu ɖe Via Yesu ŋui ƒe kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ko me hã. Mateo 3:17 gblɔ na mí be le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime me la, wose Mawu ƒe gbe tso dziƒo be: ‘Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye.’ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?

Gbã la, bu dɔ si wòawɔ ɖe vi dzi ne fofoa gblɔ le eŋu dzidzɔtɔe na ame aɖe be, ‘Vinyee nye sia’ ŋu kpɔ. Dzi dzɔa ɖeviwo wowɔa nu nyui ne wo dzilawo ƒe susu le wo ŋu, vevietɔ ne wokafu wo. Ðevia adi be yeagadze agbagba ɖe edzi awɔ nusi ana woagakafu ye.

Evelia, Mawu gblɔ alesi wòse le eɖokui me ɖe Yesu ŋu fia esi wòyɔe be ‘vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o.Amelɔlɔ̃nya ma si Yesu Fofo gblɔ la adzɔ dzi na Yesu ale gbegbe. Ade dzi ƒo na viwòwo hã ne wò nyagbɔgblɔ—kple wò vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu, wo ŋu bubu, kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo—fia be èlɔ̃ wo vevie.

Etɔ̃lia, Mawu gblɔ na Via be: ‘Wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.’ (Marko 1:11) Ema hã nye nane si le vevie ŋutɔ si wòle be fofowo nawɔ, be woagblɔ na wo viwo be yewokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Nyateƒee wònye be ɖeviawo awɔ vodada edziedzi ya. Mí katã míewɔa vodada. Gake ɖe nènɔa ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo me nàgblɔ ŋudzedzekpɔkpɔnyawo na viwòwo le ɖe woƒe nuwɔna alo nyagbɔgblɔ ta ŋu abe wo fofo enea?

Yesu srɔ̃ nu tso Fofoa si le dziƒo gbɔ nyuie. Esime wònɔ anyigba dzi la, eɖe alesi tututu Fofoa sena le eɖokui me ɖe via siwo le anyigba dzi ŋu fia. (Yohanes 14:9) Le ɣeyiɣi siwo me vovo menɔ Yesu ŋu o kple ɣeyiɣi siwo me wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, egbɔ dzi ɖi nɔ ɖeviwo gbɔ eye wòɖo dze kple wo. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” (Marko 10:14) Ðe mi amesiwo nye vifofowo miate ŋu asrɔ̃ Yehowa Mawu kple Via ƒe kpɔɖeŋu bliboe wua?

Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Le Vevie

Kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo na viwòwo le vevie ale gbegbe. Anye nu sesẽ be agbagba siwo dzem nèle be ‘yeayi edzi ahe wo le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ la naɖe vi ne wò ŋutɔ mèbɔbɔa ɖokuiwò ɖe Mawu ƒe amehehe te eye nènaa wòfiaa mɔ wò agbenɔnɔ o. (Efesotɔwo 6:4) Gake le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aɖu nusianu si anye mɔxenu na wò le eƒe sedede be nànyi viwòwo nyuie me la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Viktor Gutschmidt, si nye Yehowa Ðasefo le Soviet Union si nɔ anyi tsã la, ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Wodee mɔ ƒe ewo le October 1957 me ɖe nuƒoƒo tso eƒe xɔse ŋu ta. Egblẽ vianyɔnuvi eve ɖe megbe ɖe srɔ̃a Polina gbɔ. Le eƒe gamenɔɣia la, woɖe mɔ nɛ be wòaŋlɔ lɛta aɖo ɖe eƒe ƒomea gake wode se nɛ be megagblɔ Mawu alo subɔsubɔ nya aɖeke ɖe eme o. Le nɔnɔme sesẽ sia me kura gɔ̃ hã la, Viktor ɖoe kplikpaa be yeanye fofo nyui, eye enyae be nusi hiã vevie ye nufiafia ye viwo le Mawu ŋu nye. Eyata nukae wòwɔ?

Viktor gblɔ be: “Mekpɔ nuwo le Soviettɔwo ƒe magazine siwo woyɔna be Young Naturalist (Ðevi Dzɔdzɔmeŋutinusrɔ̃la) kple bubu si nye Nature (Dzɔdzɔmenuwo) me. Metaa lãwo kple amewo ɖe agbalẽ dzi eye megblɔa ŋutinya alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu tsɔ kpena ɖe eŋu.”

Polina gblɔ be: “Ne míenya xɔ agbalẽ siawo ko la, míeƒoa nu tso alesi wodo ƒome kple Biblia me nyatiwoe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne alesi dzɔdzɔmenuwo, avewo alo tɔsisiwo nya kpɔe dze le wo me la, mexlẽa Yesaya ta 65 na wo,” afisi wogblɔ ŋugbe si Mawu do be yeawɔ anyigba la paradisoe la ŋu nya le.

Viktor vinyɔnu Yulia gblɔ be: “Emegbe Dada doa gbe ɖa kpli mí, eye míefaa avi. Nutatagbalẽ siawo wɔ akpa vevi aɖe le mía hehe me.” Polina gblɔ be ena be “ɖeviawo lɔ̃ Mawu ŋutɔ tso woƒe ɖevime.” Ke aleke nuwo le le woƒe ƒomea me fifia?

Viktor gblɔe be, “Fifia vinyeawo kple eve ɖe Kristotɔ hamemegãwo, eye ƒome si sẽ ŋu le gbɔgbɔ me si me ɖeviwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le wo ame evea si.”

Menye aɖaŋudzedze ato mɔnuwo vɛ koe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo bia o; ebia agbagbadzedze vevie hã. Awɔ dɔ ɖe ɖeviwo ƒe dzi dzi ne wokpɔnɛ be le nyateƒe me, yewo fofo dzea agbagba vevie. Viŋutsu aɖe si tsɔ ƒe geɖe wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ le fofoa ŋu be, “Ɣeaɖewoɣi ɖeɖi tea Papa ŋu tsoa dɔ me ale gbegbe be bebli hafi wòte ŋu nɔa ŋu, ke hã míewɔa míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ godoo, eye esia kpe ɖe mía ŋu be míekpɔ nusɔsrɔ̃a ƒe vevienyenye.”

Edze ƒã be kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo—le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me—hiã vevie le vifofo nyui nyenye me. Ehiã be nàwɔ nusiawo ne èdi be Biblia me lododo si gbɔna la nava eme na ye: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

Eyata ɖo ŋku edzi be menye nusiwo nègblɔna koe le vevie o; nusiwo nèwɔna—kpɔɖeŋu siwo nèɖona koŋue. Canadatɔ aɖe si bi ɖe hehenana ɖeviwo le woƒe vi fẽ me me ŋlɔ be: “Mɔ nyuitɔ si dzi míato be mía viwo nawɔ nu [abe alesi míadi be woawɔ nui ene] ye nye be mía ŋutɔwo míawɔ nu nenema ne woakpɔ.” Nyateƒee, ne èdi be ye viwo nabu gbɔgbɔmenuwo nu xɔasii la, ele vevie be wò ŋutɔ nàbu wo nu vevii.

Kpɔ Vovo ɖe Wo Ŋu!

Ele be viwòwo nakpɔ wò kpɔɖeŋu nyui la. Efia be ele be nàkpɔ vovo ɖe wo ŋu—nàzã ɣeyiɣi geɖe ɖe wo ŋu, menye ɣeyiɣi kpuikpuiwo ko o. Eyata nunya le aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míaƒle ɣeyiɣia,’ si fia be míaɖe asi le nusiwo mehiã boo o ŋu be míakpɔ vovo anɔ wo gbɔ la me. (Efesotɔwo 5:15, 16) Le nyateƒe me, nukae gale vevie wu viwòwo? Television gã aɖe, kamedefefewɔnuwo, aƒe dzeani, alo dɔ si nèwɔnaea?

Ne vifofowo mete ŋu kpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu fifia o la, ava gblẽ nu le wo kple ɖeviawo siaa ŋu le etsɔme. Zi geɖe la, vifofo siwo ƒe viwo nɔa agbe gbegblẽ alo womedea asixɔxɔ aɖeke gbɔgbɔmenuwo ŋu o la va bua fɔ wo ɖokui vevie. Etena ɖe wo dzi vevie be yewomekpɔ vovo ɖe yewo viwo ŋu o, vɔ̃ɖitɔe nye le esime wohiã yewo ŋutɔŋutɔ.

Ðo ŋku edzi be esime viwòwo le sue ye nye ɣeyiɣi si me wòle be nàbu tiatia siwo nèwɔna la me tsonuwo ŋu akpɔ. Biblia gblɔ be viwòwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ,” wonye nusi Mawu ŋutɔ tsɔ de asi na wò. (Psalmo 127:3) Eyata mègaŋlɔ be gbeɖe be Mawu abia wo ŋu kɔnta ye o!

Kpekpeɖeŋu Li Nàkpɔ

Vifofo nyui dina vevie be yeaxɔ kpekpeɖeŋu si aɖe vi na ye viwo. Esi mawudɔla aɖe gblɔ na Manoax srɔ̃a be adzi vi la, Manoax do gbe ɖa na Mawu be: “Ame, si nèdɔ ɖa la, nagava mía gbɔ zi ɖeka, ne wòafia nusi míawɔ na ɖevi, si woadzi la mí!” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8, 9) Abe dzila siwo li egbea ene la, kpekpeɖeŋu ka ƒomevie Manoax hiã? Mina míakpɔe ɖa.

Brent Burgoyne si nye nufiala le Cape Town Yunivɛsiti, South Africa, gblɔ be: “Nunana vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka si woate ŋu ana vi ye nye be woafia agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwoe.” Alesi wòhiã be woafia dzidzenu siawo ɖeviwoe dze le Japan nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Daily Yomiuri me le nyatakaka si gbɔna me: “Numekuku [aɖe] ɖee fia be Japan vi 71 le alafa me fofowo megblɔ na wo le agbe me kpɔ be womegaka aʋatso o.” Ðe mewɔ nublanui ŋutɔ oa?

Ameka gbɔe míate ŋu akpɔ dzidzenu si ŋu kakaɖedzi blibo le la le? Amesi fia mɔ Manoax la kee—tso Mawu ŋutɔ gbɔ! Be Mawu nana kpekpeɖeŋu sia la, eɖo eya ŋutɔ Via lɔlɔ̃a Yesu ɖa be wòanye Nufiala—aleae wolɔ̃a yɔyɔ na Yesue nye ma. Fifia wota agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si me nyawo woɖe tso Yesu ƒe nufiafiawo me, ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me be míazã le nufiafia ɖeviwo me.

Menye dzidzenu siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi me koe Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽa ɖe o, ke boŋ nɔnɔmetata siwo wu 160 siwo ŋu woŋlɔ biabia siwo do ƒome kple nɔnɔmetataawo ɖo hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔmetata si le magazine sia ƒe axa 32 lia la dze le ta 22 lia si ƒe tanyae nye “Nusita Mele Be Míada Alakpa O” me. Nya si woŋlɔ ɖe axa si nɔnɔmetata sia dze le ŋu la xlẽ be: “Ðewohĩ ŋutsuvi aɖe gblɔ na fofoa be: ‘Ao, nyemeƒo bɔl le xɔa me o.’ Gake ne ele eme be eƒo bɔl le xɔa me hafi ɖe? Ðe wònye nu gbegblẽ be wòagblɔ be yemeƒoe le afima oa?”

Nufiame ʋãmewo dze le ta siwo ƒe tanyawoe nye “Toɖoɖo Kpɔa Tawò,” “Ehiã Be Míatsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu,” “Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe,” “Mègava Zu Fiafitɔ Gbeɖe O!,” “Kplɔ̃ɖoɖo Ðesiaɖee Dzea Mawu Ŋua?,” “Alesi Míawɔ Ado Dzidzɔ na Mawu,” kple “Nusita Wòle Be Míawɔ Dɔ,” siwo nye agbalẽa ƒe ta 48 la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ƒe tanyawo me.

Agbalẽ sia ƒe ŋgɔdonya wu enu be: “Vevitɔe nye be woafia mɔ ɖeviwo ayi nunyawo katã Tsoƒe, si nye mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, gbɔ. Esia tututue nye nusi Yesu, Nufiala Gã la, wɔ ɣeawokatãɣi. Míele mɔ kpɔm vevie be agbalẽ sia akpe ɖe mia kple miaƒe ƒomea ŋu be miatrɔ asi le miaƒe agbenɔnɔ ŋu wòadze Yehowa ŋu, bene wòanye yayra mavɔ na mi.” *

Edze ƒã be vifofo nyui nyenye bia kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo na viwòwo, vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu, kple kpekpe ɖe wo ŋu be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo wòɖe fia le Biblia me nu.—g04 8/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 35 Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, Questions Young People Ask—Answers That Work, kple Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona nye agbalẽ bubu siwo Yehowa Ðasefowo ta tsɔ kpena ɖe ƒomewo ŋui.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Togbɔ be Viktor Gutschmidt nɔ game hã la, edze agbagba nye fofo nyui

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Esime wode Viktor game ɖe eƒe xɔse ta la, eta nusiawo tsɔ fia nu viawoe

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Viktor vinyɔnuwo le ƒe 1965 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ele be vifofowo ƒe ŋku nabiã ɖe nufiafia wo viwo ŋu